Ɣeyiɣi Didi Kae Míate Ŋu Anɔ Agbee?
Ame geɖe le agbe didi nɔm wu eye ena ame geɖe biana be, ‘Ɣeyiɣi didi kae míate ŋu anɔ agbee?’
THE NEW ENCYCLOPÆDIA BRITANNICA (1995) gblɔ be, ame geɖe xɔe se tsã be Pierre Joubert ye nɔ agbe didi wu amesiame. Eku le ƒe 1814 me esime wòxɔ ƒe 113. Le nyateƒe me wogblɔ be ame bubuwo nɔ agbe didi wu, gake ƒe si woxɔ ŋuti nuŋlɔɖi si ŋu kakaɖedzi le menɔ anyi o. Gake nuŋlɔɖi siwo ŋu kakaɖedzi le ɖo kpe edzi be ame aɖewo nɔ agbe didi wu Pierre Joubert.
Wodzi Jeanne Louise Calment le Arles, le France ƒe anyieheɣedzeƒe, le February 21, 1875. Eƒe ku le August 4, 1997 dzi—le ƒe 122 xɔxɔ vɔ megbe—ŋuti nya kaka yi teƒe geɖe. Le 1986 me la, Shigechiyo Izumi si tso Japan ku esi wòxɔ ƒe 120. Guinness Book of Records 1999 yɔ Sarah Knauss si xɔ ƒe 118 be eyae nye ame tsitsitɔ kekeake le ɣeyiɣi si me woŋlɔ agbalẽa. Wodzii le September 24, 1880, le Pennsylvania, U.S.A. Esime Marie-Louise Febronie Meilleur si tso Quebec, Canada, ku le ƒe 1998 me esime wòxɔ ƒe 118 la, etsɔ ŋkeke 26 tsi wu Sarah.
Le nyateƒe me la, amesiwo xɔ ƒe geɖe ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ŋutɔ. Wobu akɔnta be kaka ƒe alafa si kplɔe ɖo namã me la, amesiwo xɔ ƒe alafa ɖeka ƒe xexlẽme adzi ɖe edzi wu miliɔn 2.2! Nenema ke amesiwo xɔ ƒe 80 kple amesiwo xɔ wu nenema ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso miliɔn 26.7 le 1970 me va ɖo miliɔn 66 le 1998 me. Ema nye dzidziɖedzi 147 le alafa me ne wotsɔe sɔ kple amesiwo katã le xexeame tɔ si dzi ɖe edzi 60 le alafa me.
Eye menye ɖeko amewo le agbe didi nɔm dzro ko o. Wo dometɔ geɖe le nusiwo ƒe 20 vi akpa gãtɔ mate ŋu awɔ o la wɔm. Le 1990 me la, John Kelley si xɔ ƒe 82 la kpɔ gome le dulegbeƒuƒu ƒe hoʋiʋli si ƒe didime nye kilometa 42.195 la me hewu enu—le gaƒoƒo atɔ̃ kple aɖabaƒoƒo atɔ̃ me. Le ƒe 1991 me la, Mavis Lindgren si xɔ ƒe 84 eye mamamamayɔviwo nɔ esi hã ƒu du si ƒe didime nɔ nenema ke le gaƒoƒo adre kple aɖabaƒoƒo asieke me. Eye nyitsɔ laa la, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 91 kpɔ gome ƒu du le New York City Dulegbeƒuƒu ƒe hoʋiʋlia me wu enu!
Esia mefia be ame tsitsi siwo nɔ anyi le blema mewɔ nu wòwɔ nuku na amewo o. Blemafofo Abraham si ŋuti nya wogblɔ le Biblia me la ‘ƒu du yi ɖakpe’ eƒe amedzrowo esi wòxɔ ƒe 99. Esi Kaleb xɔ ƒe 85 la, egblɔ be: “Ŋusẽ nɔ ŋunye ɣemaɣi [ƒe 45 do ŋgɔ], be mate ŋu awɔ aʋa, ado go, eye ava me la, nenema wògale ŋunye fifia hã.” Eye Biblia gblɔ le Mose ŋu be esi wòxɔ ƒe 120 la, “eƒe ŋkuwo metsi o, eye agbe gale eŋu.”—Mose I, 18:2; Yosua 14:10; 11 Mose V, 34:7.
Yesu Kristo ƒo nu le ame gbãtɔ Adam, kple aɖakakpala Noa ŋu be wonye amesiwo nɔ anyi le ŋutinya me. (Mateo 19:4-6; 24:37-39) Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ gblɔ be Adam nɔ agbe ƒe 930, eye Noa xɔ ƒe 950. (Mose I, 5:5; 9:28) Ðe amewo nɔ agbe wòdidi nenema ŋutɔŋutɔa? Ðe míate ŋu anɔ agbe wòadidi wu nenema gɔ̃ hã, ɖewohĩ anɔe tegbeea? Taflatse dzro kpeɖodziawo me le nyati si kplɔe ɖo me.