Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
Míexlẽe le 1 Mose 6:3 be: “Nye gbɔgbɔ maganɔ amewo me boo o, elabena ŋutilã wonye le woƒe vodada me, eye woƒe agbe me ŋkekewo nanye ƒe alafa ɖeka kple blave!” Ðe Yehowa nɔ ƒe 120 ɖom abe seɖoƒe ene na amegbetɔwo ƒe agbenɔƒea, eye ɖe Noa ɖe gbeƒã Tsiɖɔɖɔ si gbɔna la hena ɣeyiɣi didi ma?
Nyabiasea ƒe akpa eveawo siaa ƒe ŋuɖoɖoe nye ao.
Do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa la, ame geɖe nɔ agbe ƒe alafawo. Noa xɔ ƒe 600 esime Tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba, eye eƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe 950. (1 Mose 7:6; 9:28b) Ame aɖewo siwo wodzi le Tsiɖɔɖɔa megbe la hã nɔ agbe wu ƒe 120. Arpaxsad ku esime wòxɔ ƒe 438 eye Selax ku esime wòxɔ ƒe 433. (1 Mose 11:10-15) Ke hã, kaka Mose ƒe ɣeyiɣia naɖo la, amegbetɔ ƒe agbenɔƒe ɖiɖi va ƒe 70 alo 80. (Ps. 90:10) Eya ta 1 Mose 6:3 menɔ ƒe 120 ɖom abe amegbetɔwo ƒe agbenɔƒe ƒe seɖoƒe ene o.
Ekema, ɖe kpukpui sia me nyawo nye se siwo tso Mawu gbɔ na Noa ku ɖe nyanyanana ame bubuwo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu be ava wodzi le ƒe 120 megbea? Ao. Mawu ƒo nu kple Noa zi geɖe. Míexlẽ le ta adelia ƒe kpukpui 13 lia, le nuŋlɔɖia dzi yiyi me be: “Mawu gblɔ na Noa bena: Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ, elabena woƒe nu vlo wɔwɔ xɔ anyigba la dzi.” Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, Noa wu aɖakaʋukpakpa ƒe dɔ gã nyadri la nu, eye ɣemaɣi la, “Yehowa gblɔ na Noa bena: Yi ɖe aɖakaʋu la me, wò ŋutɔ kple aƒewò me katã.” (1 Mose 6:13; 7:1) Eye nenema kee ɣebubuɣiwo la, Yehowa gana mɔfiamewo Noa ku ɖe nu bubuwo ŋuti.—1 Mose 8:15; 9:1, 8, 17.
Gake nya si le 1 Mose 6:3 ya to vovo kura; meyɔ Noa ŋkɔ loo alo gblɔ be Noa ye Mawu nɔ nu ƒom na o. Míate ŋu ase egɔme be ɖeko Mawu ɖe tame si wòɖo alo nu si wòɖo be yeawɔ la gblɔ. (Tsɔe sɔ kple 1 Mose 8:21.) Ele vevie be míade dzesii be le nuŋlɔɖi siwo ku ɖe nu siwo dzɔ ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Adam wɔwɔ ŋu me la, míekpɔ nyagbɔgblɔwo abe: “Eye Mawu gblɔ be” (1 Mose 1:6, 9, 14, 20, 24) Le go siawo me la, edze ƒãa be Yehowa menɔ nu ƒom na amegbetɔ aɖeke le anyigba dzi o, elabena womewɔ ame ɣemaɣi o.
Eya ta susu le eme be míaƒo nya ta be, tame si Mawu ɖo be yeatsrɔ̃ nuɖoanyi gblẽku ma ɖa le anyigba dzi la ŋue 1 Mose 6:3 me nyawo ku ɖo. Yehowa tso afia be yeawɔ esia le ƒe 120 megbe, togbɔ be esia menɔ nyanya na Noa haɖe o hã. Gake nu ka tae wòle be wòaɖo ɣeyiɣi ɖo? Nu ka tae wòle be wòalala ɖo?
Apostolo Petro gblɔ susu siwo tae ale: “Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu la nɔ lalam le Noa ƒe ŋkekeawo me, esime wonɔ aɖakaʋu si me woɖe ame ʋɛ, siwo nye luʋɔ enyi, to tsi me le la kpam.” (1 Pet. 3:20) Ɛ̃, esime Mawu ɖo ƒe 120 na nuɖoanyi ma la, nu geɖe ganɔ anyi si wòle be woawɔ. Ƒe 20 megbe la, Noa kple srɔ̃a wote vidzidzi. (1 Mose 5:32; 7:6) Wo viŋutsu etɔ̃awo tsi ɖe srɔ̃, si wɔe be ƒomea me tɔwo va zu “luʋɔ enyi.” Azɔ, enɔ na wo be woakpa aɖakaʋua, si menye dɔ sue kura o, ne míetsɔ aɖakaʋua ƒe lolome sɔ kple Noa ƒe ƒomea. Ɛ̃, Mawu ƒe dzigbɔgbɔ blewu ƒe 120 na wote ŋu wu nu mawo katã nu, eye esia na wodzra nu sia nu ɖo na agbe ta kpɔkpɔ, si wɔe be woɖe amegbetɔ nuteƒewɔla enyi “to tsi me” dedie.
Biblia megblɔ ƒe si me Yehowa na Noa nya be Tsiɖɔɖɔa ava o. Esi wònye be edzi viwo, wotsi, heɖe srɔ̃ ta la, anɔ eme be esusɔ ƒe 40 alo 50 hafi Tsiɖɔɖɔa nava. Tete Yehowa gblɔ na Noa be: “Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ.” Egblɔ kpee na Noa be wòakpa aɖakaʋu gã aɖe eye woa kple eƒe ƒomea woage ɖe eme. (1 Mose 6:13-18) Le ƒe blanane siwo kplɔe me la, Noa to eƒe agbenɔnɔ dzi ɖo dzɔdzɔenyenye ƒe kpɔɖeŋu ɖi, ke hã, ewɔ nu si yi ŋgɔ wu ema. Enye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” eye wònɔ nɛ be wòaɖe gbeƒã nuxlɔ̃amegbedeasi aɖe si me kɔ—eyae nye tame si Mawu ɖo be yeatsrɔ̃ ame mavɔ̃mawu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la ɖa. Noa menya ƒe si me tsɔtsrɔ̃a ava la ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ o, gake enya be ava godoo. Eye wò hã ènyae be tsɔtsrɔ̃a va.—2 Pet. 2:5.