Kɔledzitɔwo Biblia Sɔsrɔ̃ Na Woto Vovo
Èse nu tso Kɔledzitɔwo ŋu kpɔa?
Ƒe alafa 17 lia me netherlands subɔsubɔha sue sia to vovo tso sɔlemeha siwo nɔ anyi ɣemaɣi gbɔ. Le mɔ ka nu, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso wo gbɔ? Be míanya la, mina míatrɔ ɖe woƒe ɣeyiɣia ŋu.
LE ƑE 1587 me la, Jacobus Arminius (alo, Jacob Harmensen) va ɖo Amsterdam-dugã me. Dɔkpɔkpɔ menye kuxi aɖeke nɛ o, elabena nusiwo wòŋlɔ ɖe eƒe dɔbiagbalẽ dzi wɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Esi wòxɔ ƒe 21 la, edo le Leiden Yunivɛsiti si le Holland. Le esia megbe la, eva nɔ Switzerland ƒe ade eye wòsrɔ̃ mawuŋununya le Théodore de Bèze, amesi xɔ ɖe Protestant Ðɔɖɔɖowɔla John Calvin teƒe gbɔ. Eyata mewɔ nuku o be Protestanttɔ siwo nɔ Amsterdam tsɔ dzidzɔ tia Arminius si xɔ ƒe 27 wòzu woƒe kplɔlawo dometɔ ɖeka! Gake le ƒe ʋee aɖewo megbe la, eve ha la me tɔ geɖe be yewotiae. Nukatae?
Nuɖoɖiname ƒe Nya La
Esi Arminius zu woƒe kplɔlawo dometɔ ɖeka teti ko la, masɔmasɔ sesẽ aɖe ɖo Protestanttɔ siwo nɔ Amsterdam dome le nuɖoɖiname ƒe nufiafia ŋu. Nufiafia sia nye Kalvintɔwo ƒe nufiafia vevi aɖe, gake ha la me tɔ aɖewo se le wo ɖokui me be Mawu si ɖoe be ame aɖewo nakpɔ xɔxɔ eye ame bubuwo natsrɔ̃ la ƒe tame sẽ eye nudzɔdzɔewɔwɔ mele eyama me o. Kalvintɔawo nɔ mɔ kpɔm be esi Arminius nye Bèze ƒe nusrɔ̃vi ta la, aɖɔ aglãdzelaawo ƒe nukpɔsusu ɖo. Gake, ɖe eteƒe la, Arminius wɔ ɖeka kple aglãdzelaawo wòwɔ mo yaa na Kalvintɔawo. Kaka ƒe 1593 naɖo la, nyaʋiʋli sia ɖo ŋkubiã me ale gbegbe be Protestanttɔ siwo nɔ dugãa me dome mã ɖe akpa eve—amesiwo da asi ɖe nufiafiaa dzi kple amesiwo meda asi ɖe edzi o, siwo nye amesiwo le evedomesi.
Le ƒe ʋee aɖewo me la, nuto ɖeka me nyaʋiʋli sia va zu masɔmasɔ ɖo Protestanttɔ siwo nɔ dukɔ bliboa me dome. Mlɔeba le November 1618 me la, nɔnɔmea va sẽ ɖe edzi wòzu avuwɔwɔ. Asrafowo kple amehawo nɔ megbe na Kalvintɔwo wohe aglãdzelaawo (siwo woyɔna ɣemaɣi be Tsitretsiɖeŋulawoa) yi dukɔa ƒe aɖaŋuɖoha, si nye Dordrecht Protestant Sɔlemeha ƒe Aɖaŋuɖoha la gbɔe. Le kpekpea ƒe nuwuwu la, wotsɔ tiatiawɔwɔ aɖe ɖo Tsitretsiɖeŋulawo ƒe nunɔlawo katã ŋkume be: Woade asi atamkagbalẽ te be yewomagaɖe gbeƒã gbeɖe o, alo be woadzo le dukɔa me. Wo dometɔ akpa gãtɔ tia be yewoadzo ayi duta. Kalvintɔ zazɛ̃nyahelawo va xɔ ɖe Tritretsiɖeŋulaawo ƒe nunɔla siwo dzo la teƒe. Kalvintɔnyenye ɖu dzi—alo míagblɔe be nenemae sɔlemeha ƒe aɖaŋuɖoha la susui.
Kɔledzitɔwo ƒe Gɔmedzedze Kple Ŋgɔyiyi
Kplɔla meganɔ Tsitretsiɖeŋulaawo ƒe hame si nɔ Warmond kɔƒe si gogo Leiden si o, abe alesi wònɔ le teƒe bubuwo hã ene. Gake hamea melɔ̃ be ŋgɔnɔla siwo dzi osɔfowo ƒe aɖaŋuɖoha la da asi ɖo la naxɔ ɖe wo teƒe abe alesi teƒe bubu aɖewo wɔe ene o. Gakpe ɖe eŋu la, esi Tsitretsiɖeŋulawo ƒe ŋgɔnɔla aɖe de eƒe agbe afɔku me hetrɔ va Warmond le ƒe 1620 me be yeava kpɔ hamea dzi la, hamea me tɔ aɖewo gbe eyama hã. Hamevi siawo dze woƒe mawusubɔsubɔ kpekpewo wɔwɔ gɔme le adzame hakplɔla aɖeke ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Wova yɔ kpekpe siawo emegbe be kɔledziwo, eye amesiwo dena la be Kɔledzitɔwo.
Togbɔ be kplɔlawo ƒe anyimanɔmanɔ koŋ mee Kɔledzitɔwo dzɔ tso eye menye mawusubɔsubɔ ƒe gɔmeɖosewo gbɔe wòtso o hã la, eteƒe medidi hafi nɔnɔmea trɔ o. Hamea me tɔ Gijsbert van der Kodde gblɔ be to kpekpewo wɔwɔ kplɔla aɖeke ƒe mɔfiafia te manɔmanɔe me la, ƒuƒoƒoa nɔ nu wɔm wòsɔ ɖe Biblia kple alesi Kristotɔ gbãtɔwo wɔ nui nu wu sɔlemeha siwo li. Egblɔ be apostoloawo ƒe ku megbee woɖo nunɔlawo ƒe ha la anyi be woazu dɔwɔɖui na amesiwo medi be yewoasrɔ̃ asinudɔ aɖeke o.
Le ƒe 1621 me la, Van der Kodde kpakple hamea me tɔ siwo ƒe susuwo wɔ ɖeka kple eyama tɔ la trɔ woƒe kpekpea wɔƒe yi ɖe Rijnsburg, si nye kɔƒe si te ɖe wo ŋu me.b Le ƒe aɖewo megbe, esi wova dzudzɔ subɔsubɔhawo yome titi va nɔ mɔ ɖem ɖe nuwo ŋu la, ŋkɔ nyui si nɔ Kɔledzitɔawo ƒe kpekpewo ŋu kaka ɖe dukɔa katã me eye wòɖe “xe vovovowo” abe alesi ŋutinyaŋlɔla Siegfried Zilverberg zã nyagbeae ene. Tsitretsiɖeŋulawo, Mennotɔwo, Socinustɔwo, kpakple mawunyaŋununyalawo kura gɔ̃ hã vanɔ haa me. Wo dometɔ aɖewo nye agbledelawo. Bubuwo nye hakpanyaŋlɔlawo, agbalẽtalawo, atikewɔlawo, kple asinudɔwɔlawo. Xexemenunyala Spinoza (Benedictus de Spinoza) kple nufiala Johann Amos Comenius (alo, Jan Komenský), kpakple nutala xɔŋkɔ Rembrandt van Rijn, de haa dzi. Nukpɔsusu vovovo siwo mawuvɔ̃la siawo he vɛ la kpɔ ŋusẽ ɖe dzixɔse siwo va nɔ Kɔledzitɔawo si dzi.
Le ƒe 1640 megbe la, ƒuƒoƒo dovevienu sia dzi ɖe edzi kabakaba. Kɔledziwo dzi ɖe edzi le Rotterdam, Amsterdam, Leeuwarden, kple dugã bubuwo me. Ŋutinyafialagã Andrew C. Fix de dzesii be le ƒe 1650 kple 1700 dome la, “Kɔledzitɔawo . . . va zu ƒe alafa wuiadrelia me subɔsubɔha vevi kple esiwo kpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi wu le Holland la dometɔ ɖeka.”
Kɔledzitɔwo ƒe Dzixɔsewo
Esi wònye be tamebubu deto, mɔɖeɖeɖenuŋu, kple nuƒoƒo faa ye ɖe dzesi le Kɔledziha la ŋu ta la, mɔnukpɔkpɔ nɔ Kɔledzitɔ ɖesiaɖe si be eƒe dzixɔse nato vovo. Ke hã, wowɔ ɖeka le dzixɔse aɖewo gome. Le kpɔɖeŋu me, Kɔledzitɔawo katã se egɔme be ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ le vevie. Kɔledzitɔawo dometɔ ɖeka ŋlɔ be, ele be “amesiame naku nu me le eɖokui si eye menye be ame bubu gbɔe woadze si Mawu le o.” Aleae wowɔe. Le ƒe alafa 19 lia me sɔlemehawo ƒe ŋutinyaŋlɔla Jacobus C. van Slee ƒe nya nu la, wokpɔe be Biblia me sidzedze geɖe su Kɔledzitɔwo si wu subɔsubɔhawo ƒe ƒuƒoƒo bubu siwo nɔ anyi ɣemaɣi. Amesiwo tsi tre ɖe Kɔledzitɔawo ŋu kura gɔ̃ hã kafu wo le alesi wobi ɖe Biblia zazã me ta.
Gake zi alesi Kɔledzitɔawo nɔ Biblia-sɔsrɔ̃ dzi ko la, zi nenemae dzixɔse siwo va nɔ wo si nɔm la nɔ vovo tom tso sɔlemeha siwo li xoxo la tɔ gbɔe. Ƒe alafa 17 va ɖo 20 lia me ƒe agbalẽ aɖewo ƒo nu tso woƒe dzixɔse aɖewo ŋuti:
Sɔlemeha Gbãtɔ la. Kɔledzitɔ kple mawunyaŋununyala Adam Boreel ŋlɔ le ƒe 1644 me be esi sɔlemeha gbãtɔ la ƒo eɖokui ɖe dunyahehe me le Fiagã Konstantino ƒe ɣeyiɣia me la, eya kple Kristo dome nubabla la me gblẽ eye gbɔgbɔ kɔkɔea megawɔa dɔ toa edzi o. Egblɔ kpee be, ewɔe be aʋatsonufiafiawo dzi ɖe edzi eye wokpɔtɔ nɔ anyi vaseɖe yeƒe ŋkekea me.
Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖo la. Ƒe alafa 16 lia me Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖo si Luther, Calvin, kple ame bubuwo nɔ ŋgɔ na la mete ŋu wɔ naneke boo le sɔlemeha la ɖɔɖɔɖo me o. Ke boŋ, abe alesi Kɔledzitɔ vevi kple atikewɔla Galenus Abrahamsz (1622-1706) gblɔe ene la, ɖeko Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖo la na subɔsubɔhawo ƒe nɔnɔme gblẽ ɖe edzi ale be dzrehehe kple fuléle va nɔ anyi. Ele be ɖɔɖɔɖo vavãtɔ natrɔ amewo ƒe dzi, eye eyae Subɔsubɔha ƒe Ðɔɖɔɖoa mete ŋu wɔ o.
Sɔlemeha la Kple Hakplɔlawo. Sɔlemeha siwo nɔ anyi la wɔa nufitifiti, wowɔa xexemenu, eye woƒe ŋusẽ metso Mawu gbɔ o. Tiatia aɖeke meli amesi mawusubɔsubɔ le vevie na la awɔ wu be wòado le sɔlemeha si me wòle la me ale be wòaganye gomekpɔla kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o. Kɔledzitɔawo gblɔ be hakplɔlanyenye mewɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo o eye “wògblẽa nu le Kristo-hamea ƒe gbɔgbɔ me nyonyo ŋuti.”
Fiaɖuƒe kple Paradiso. Amesiwo ɖo kɔledzi si nɔ Amsterdam la dometɔ ɖeka, Daniel de Breen (1594-1664), ŋlɔ bena Kristo ƒe Fiaɖuƒea menye gbɔgbɔ me fiaɖuƒe si le ame ƒe dzi me o. Nufiala Jacob Ostens, Kɔledzitɔ si le Rotterdam gblɔ be, “blemafofoawo kpɔ mɔ na ŋugbedodo siwo ava eme le anyigba dzi.” Nenema ke Kɔledzitɔawo hã nɔ ɣeyiɣi si me woatrɔ anyigba la wòazu paradiso la lalam.
Mawuɖekaetɔ̃. Kɔledzitɔ xɔŋkɔ aɖewo, siwo dzi Socinustɔwo ƒe dzixɔse aɖewo kpɔ ŋusẽ ɖo la, gbe Mawuɖekaetɔ̃ la.c Le kpɔɖeŋu me, Daniel Zwicker (1621-78) ŋlɔ bena, nufiafia ɖesiaɖe si nu ta mele o, abe Mawuɖekaetɔ̃ ene la, “dzi manya xɔ ase o eye wònye aʋatso.” Le ƒe 1694 me la, wota Biblia gɔmeɖeɖe aɖe si gɔme Kɔledzitɔ Reijnier Rooleeuw ɖe. Eɖe Yohanes 1:1 ƒe akpa mamlɛa gɔme be: “Eye nya la nye mawu aɖe” ɖe esi gɔme woɖe xoxo be: “Eye nya lae nye Mawu” la teƒe.d
Kwasiɖa Ðesiaɖe ƒe Kpekpewo
Togbɔ be Kɔledzitɔawo katã ƒe dzixɔsewo menɔ ɖeka o hã la, woƒe kɔledzi si nɔ dugã vovovowo me ƒe nuwɔnawo ɖi wo nɔewo vaseɖe afi aɖe. Ŋutinyaŋlɔla Van Slee ka nya ta be le Kɔledziha la ƒe ɣeyiɣi gbãtɔwo me la, ƒã hafi wodzrana ɖo ɖe kpekpeawo ŋu do ŋgɔ. Kɔledzitɔawo se le wo ɖokui me be le Paulo ƒe nya siwo wògblɔ be ehiã be ‘woagblɔ nya ɖi’ ta la, hamea me ŋutsuwo katã ate ŋu afia nu kɔledzia faa. (Korintotɔwo I, 14:1, 3, 26) Ewɔe be zi geɖe la, wonɔa kpekpewo wɔwɔ dzi ʋuu zã tsina eye vavalawo dometɔ aɖewo “yia alɔ̃me ʋĩ.”
Emegbe la, ɖoɖo va nɔ kpekpeawo ŋu nyuie. Menye Kwasiɖagbewo ɖeɖekoe Kɔledzitɔwo kpena o, ke wokpena le dɔmedegbe ƒe fiẽwo hã. Be nuƒola la kple hamea nate ŋu adzra ɖo ɖe ƒea ƒe kpekpewo katã ŋu do ŋgɔ la, wotaa ɖoɖowɔɖi si dzi woŋlɔa Biblia kpukpui siwo ŋu woade ŋugble le kple nuƒolawo ƒe ŋkɔteƒenɔdzesiwo ɖo. Le hadzidzi kple gbedodoɖa tsɔtsɔ ʋu kpekpea nui megbe la, nuƒola aɖe ɖea Biblia kpukpuiawo me. Ne ewu enu la, ebiana tsoa ŋutsuawo si be woagblɔ woƒe susu le nyati si me wodzro la ŋu. Ekema nuƒola evelia gblɔa alesi woate ŋu azã kpukpuiawoe. Wotsɔa gbedodoɖa kple hadzidzi wua kpekpea nui.
Mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nɔ Kɔledzitɔ siwo nɔ du si nye Harlingen, si le Friesland nuto me, la si si dzi wotona be woƒe kpekpewo nɔa game dzi. Wodoa fe vi aɖe na nuƒola si ƒo nu wòdidi wu ɣeyiɣi si wonɛ.
Dukɔ me Takpekpewo
Kɔledzitɔawo se le wo ɖokui me be ƒuƒoƒo gãwo hã hiã. Eyata tso ƒe 1640 me la, Kɔledzitɔ siwo nɔ dukɔa katã me zɔa mɔ zi eve ƒe sia ƒe (le adame kple dzomeŋɔli) yia Rijnsburg. Ŋutinyaŋlɔla Fix ŋlɔ bena, kpekpe siawo wɔnɛ be wova “nyaa wo nɔvi siwo tso didiƒe ke la ƒe susuwo, seselelãmewo, dzixɔsewo, kple dɔwɔnawo.”
Kɔledzitɔ siwo vana la dometɔ aɖewo hayaa xɔ le kɔƒetɔawo gbɔ eye bubuwo nɔa Groote Huis, alo Aƒe Gã me, si nye Kɔledzitɔawo ƒe aƒe aɖe si me xɔ 30 le la me. Woɖaa nu na ame 60 va ɖo 70 le afima. Le fiẽnuɖuɖu megbe la, amedzroawo ɖia tsa le aƒea ƒe abɔ si lolo vie la me tsɔ léa ŋku ɖe ‘Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu, ɖoa dze, alo dea ŋugblee.’
Togbɔ be menye Kɔledzitɔwo katãe se le wo ɖokui me be nyɔnyrɔxɔxɔ le vevie o hã la, wo dometɔ geɖe xɔe. Eyata nyɔnyrɔxɔxɔ va zu kpekpe gãawo ƒe akpa aɖe. Ŋutinyaŋlɔla Van Slee gblɔ be Memleɖagbe ŋdie wɔna sia yia edzi zi geɖe. Le hadzidzi kple gbedodoɖa megbe la, nuƒo si me woɖea nusita wòhiã be woaxɔ nyɔnyrɔ la kplɔnɛ ɖo. Emegbe nuƒola la kpea ame tsitsi siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la be woaʋu xɔse me, agblɔ nya sia tɔgbe be: “Mexɔe se be Yesu Kristoe nye Mawu gbagbe la ƒe Vi.” Ne wotsɔ gbedodoɖa wu nuƒoa nui vɔ la, vavalawo katã yia ta si me woana nyɔnyrɔa le gbɔ kpɔa esime ŋutsuwo kple nyɔnuwo dzea klo ɖe taa me be tsia naɖo woƒe abɔta. Emegbe amenyrɔla la bɔbɔa xɔsetɔ yeyea ƒe ta blewuu ɖe tsia te. Le wɔna la megbe la, ameawo katã trɔna yia wo nɔƒewo hena nuƒo bubu sese.
Le Memleɖa ɣetrɔ ga 5:00 me la, kpekpea ŋutɔŋutɔ dzea egɔme kple Biblia xexlẽ kpui aɖe, hadzidzi, kple gbedodoɖa. Be woakpɔ egbɔ be nuƒola aɖe li ɣesiaɣi la, kɔledzi siwo nɔ Rotterdam, Leiden, Amsterdam, kple Dziehe Holland ɖɔa li wo nɔewo naa nuƒolawo na takpekpe ɖesiaɖe wɔwɔ. Wogblẽa Kwasiɖagbe ŋdi ɖi na Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã ɖuɖu. Le nuƒo, gbedodoɖa, kple hadzidzi megbe la, ŋutsuwo ɖua aboloa henoa wein la eye emegbe nyɔnuwo hã kpɔa gome le eme. Nuƒo geɖe gakplɔnɛ ɖo le Kwasiɖagbe fiẽ, eye le Dzoɖagbe ŋdi la, ameawo katã ƒoa ƒu sena nuƒo mamlɛa. Van Slee gblɔ be nuƒo siwo woƒona le takpekpe siawo me ƒe akpa gãtɔ nyea esiwo kuna ɖe agbemenudzɔdzɔwo ŋutɔŋutɔ ŋu eye wotea gbe ɖe nyaawo ŋudɔwɔwɔ dzi wu wo gɔmesese ko.
Edzɔa dzi na Rijnsburg kɔƒea me tɔwo be wowɔa takpekpe siawo le yewo gbɔ. Ƒe alafa 18 lia me nuteƒekpɔla aɖe ŋlɔ be alesi amedzroawo vana sɔ gbɔ eye woƒlea nu ta la, kɔƒea me tɔwo kpɔa ga vie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Kɔledzitɔawo dzɔa ga home aɖe na ame dahe siwo le Rijnsburg le takpekpe ɖesiaɖe megbe. Ðikeke mele eme o be, esi wodzudzɔ kpekpe mawo wɔwɔ le ƒe 1787 me la, egblẽ nu le kɔƒea ŋuti. Le ema megbe la, Kɔledzitɔwo ƒe habɔbɔa gbã. Nukatae?
Nusita Wo Nu Yi
Kaka ƒe alafa 17 lia nawu enu la, wova nɔ nya ʋlim le tamebubu deto ƒe wɔƒe le subɔsubɔ me ŋuti. Kɔledzitɔ aɖewo se le wo ɖokui me be ele be amegbetɔ ƒe nukpɔsusu naxɔ ŋgɔ na ɖeɖefia siwo tso Mawu gbɔ, gake ame bubuwo meda asi ɖe edzi o. Mlɔeba la, nyaʋiʋlia mã Kɔledzi habɔbɔ bliboa me. Esi amesiwo ƒe gbe de dzi bobobo le nyaʋiʋlia ƒe hatsotso eveawo me ku vɔ hafi Kɔledzitɔawo gawɔ ɖeka ake. Ke hã le mamã sia megbe la, ŋutinyaŋlɔla Fix gblɔ be habɔbɔa “meganɔ abe tsã ene gbeɖe o.”
Alesi ƒe alafa 18 lia me Protestant sɔlemehawo va nɔ mɔ ɖem ɖe nuwo ŋu hãe wɔe be Kɔledzitɔawo nɔ to yim. Esi amegbetɔƒome bliboa va nɔ lɔlɔ̃m ɖe Kɔledzitɔawo ƒe gɔmeɖose siwo nye tamebubu deto kple mɔɖeɖeɖenuŋu dzi la, “Kɔledzitɔnyenye si nye kekeli ɖeka kolia tsã la va bu ɖe Ŋkuʋuʋu ƒe agudzedze gã la me.” Kaka ƒe alafa 18 lia ƒe nuwuwu naɖo la, Kɔledzitɔ akpa gãtɔwo zu Mennotɔwo kple subɔsubɔha bubu me tɔwo.
Esi Kɔledzitɔawo meɖoe be yewoƒe tamesusu nawɔ ɖeka le habɔbɔa me o ta la, nukpɔsusu vovovo siwo nɔ wo si la de agbɔ sɔ ge ade Kɔledzitɔawo ƒe xexlẽme nu. Wokpɔ esia dze sii, eyata womegblɔ be ‘yewowɔ ɖeka eye nukpɔsusu ɖeka le yewo si’ abe alesi apostolo Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woanɔ ene o. (Korintotɔwo I, 1:10) Gake le ɣeyiɣi ma ke me la, Kɔledzitɔawo kpɔ mɔ na ɣeyiɣi si me Kristotɔwo ƒe dzixɔse veviwo, abe ɖekawɔwɔ le nukpɔsusu me ene, ava va eme.
Esi míekpɔe be sidzedze vavãtɔ medzi ɖe edzi le Kɔledzitɔawo ƒe ŋkekeawo me o ta la, woɖo kpɔɖeŋu aɖe si sɔlemeha geɖe siwo li egbea ate ŋu ade dzesii. (Tsɔe sɔ kple Daniel 12:4.) Woƒe tɔtete ɖe alesi Biblia sɔsrɔ̃ hiãe dzi la nye esi wɔ ɖeka kple aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo be: “Mido nuwo katã kpɔ.” (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Ðokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ fia Jacobus Arminius kple ame bubuwo be menye Biblia dzie wotu subɔsubɔhawo ƒe nufiafia kple nuwɔna aɖewo siwo me wolé ɖe asi tso ɣeaɖeɣi ke la ɖo kura o. Esi wokpɔ esia dze sii la, wotsɔ dzideƒo ɖe wo ɖokui ɖe vovo tso subɔsubɔha siwo nɔ anyi la gbɔ. Nenye wòe ɖe, àwɔ nenema?
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Le ƒe 1610 me la, aglãdzelaawo ɖo tsitretsiɖeŋumeɖegbalẽ (agbalẽ si me woŋlɔ susu siwo ta wotsi tre ɖe nuwo ŋu ɖo) la ɖe Netherlands dziɖulawo. Le wɔna sia megbe la, wona ŋkɔ wo be Tsitretsiɖeŋulawo.
b Wogayɔa Kɔledzitɔawo be Rijnsburgtɔwo le teƒe sia si wova nɔ ta.
c Kpɔ Eŋlisigbe me Nyɔ!, November 22, 1988, axa 19, “Socinustɔwo—Nukata Wogbe Mawuɖekaetɔ̃ La?”
d Het Nieuwe Testament van onze Heer Jezus Christus, uit het Grieksch vertaald door Reijnier Rooleeuw, M.D. (Míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Nubabla Yeyea, si gɔme Reijnier Rooleeuw, M.D., ɖe tso Helagbe me.)
[Nɔnɔmetata si le axa 24]
Rembrandt van Rijn
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Warmond kɔƒe afisi Kɔledzitɔwo dze egɔme tsoe gbã, kple De Vliet Tɔsisi afisi wona nyɔnyrɔ amewo le
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 23]
Background: Courtesy of the American Bible Society Library, New York