INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w99 9/15 axa 2-4
  • Ðe Ame aɖe Tsɔ Ðe Le Eme Na Mí Vavã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Ame aɖe Tsɔ Ðe Le Eme Na Mí Vavã?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ehiã Be Ame aɖe Natsɔ Ðe Le Eme
  • Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme Na Mi̇́ Vavãa?
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
  • Ðe Ame Aɖe Tsɔa Ðe Le Eme Na Wò Vavã?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Bedell Ƒe Biblia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ame aɖe Tsɔ Ðe Le Eme Vavã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
w99 9/15 axa 2-4

Ðe Ame aɖe Tsɔ Ðe Le Eme Na Mí Vavã?

“Amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo” zu tɔsisi. Amesiwo ‘wotena ɖe anyi’ gbawotsyogbe le xexeame godoo ƒe ŋku mee wole tsyɔtsyɔm le. Amesiwo wote ɖe anyi sena le wo ɖokui me zi geɖe be ‘akɔfala aɖeke meli na yewo o’—be ame aɖeke metsɔ ɖe le eme na yewo o.—Nyagblɔla 4:1.

TOGBƆ be amewo ƒe aɖatsi zu tɔsisi wole kpɔkpɔm hã la, ame aɖewo havi amegbetɔwo ƒe fukpekpe mewɔa nublanui na wo o. Woŋea aɖaba ƒua ame bubuwo ƒe vevesesewo dzi, abe alesi nunɔla kple Lewitɔ siwo ƒe nya Yesu Kristo gblɔ le eƒe lododo si ku ɖe ŋutsu aɖe si dzi wodze, da adzoe, hegblẽ ɖi wòku afã kple afã le mɔ to me la wɔe ene. (Luka 10:30-32) Zi alesi nuwo le edzi dzem na wo kple woƒe ƒometɔwo vie ko la, womegatsɔ ɖeke le ame bubuwo ƒe nya me o. Le nyateƒe me la wogblɔna be, “Amekae wòka?”

Mele be esia nawɔ nuku na mí o. Apostolo Paulo gblɔe ɖi be le “ŋkeke mamlɛawo” me la, ame geɖe anye ‘amemalɔ̃lawo.’ (Timoteo II, 3:1, 3) Nuŋlɔla aɖe fa konyi le ɖekematsɔleme ƒe nɔnɔme si va xɔ aƒe ɖi la ŋuti. Egblɔ be: “Irelandtɔwo ƒe nuwɔna kple kɔnu si nye alesi wotsɔa ɖe le amewo me eye wonaa nu amee tsã la bu eye nɔnɔme yeye si nye mía ɖokui tɔ didi va xɔ ɖe eteƒe.” Le xexeame katã la, amewo bua wo ɖokuiwo ko ŋu, eye wometsɔa ɖeke le ame bubuwo ƒe fukpekpewo me kura o.

Ehiã Be Ame aɖe Natsɔ Ðe Le Eme

Ehiã kokoko be ame aɖe natsɔ ɖe le eme. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋutsu aɖe si tsi akogo le Germany, si “ku ɖe eƒe television gbɔ le Kristmas dzi ŋu kpɔ—ƒe atɔ̃ megbe hafi wokpɔe.” Meva susu me na ame aɖeke be “nuwɔametɔ sia si tsi akogo eye srɔ̃a gbee,” amesi agbemenya wɔnublanuiwo do nuxaxa na la megale yewo dome o vaseɖe esime eƒe ga si me woɖea eƒe xɔfetu le le gadzraɖoƒe va vɔ. Ame aɖeke metsi dzi ɖe eŋu koŋ o.

Bu wɔnamanɔŋuitɔ siwo kpea fu le woƒe aƒetɔ ŋusẽtɔ ŋuklẽlawo si me hã ŋu kpɔ. Le nuto aɖe me la, “ameteteɖeanyi kple dɔwuame wu” ame siwo ade 200,000 (nutoa me tɔwo ƒe akpa enelia) le esi woxɔ woƒe anyigba le wo si ŋutasesẽtɔe ta. Alo de ŋugble le ɖevi siwo ŋu wowɔ ŋutasẽnu siwo wu gbɔgblɔ ɖo la ŋu kpɔ. Nyatakaka aɖe gblɔ be: “Ðevi siwo kpɔ ŋutasẽnuwɔna vovovowo teƒe le [dukɔ aɖe] me—amewuwuwo, ameƒoƒowo, nyɔnuwo gbɔdɔdɔ sesẽe, siwo ƒewuivi bubuwo wɔna ɣeaɖewoɣi la sɔ gbɔ ŋutɔ.” Àte ŋu ase nusita amesi ŋu wowɔ numadzɔmadzɔ siawo ɖo atsɔ aɖatsi abia be, “Ðe ame aɖe tsɔ ɖe le menye vavã?” la gɔme.

Le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyatakaka aɖe nu la, ame biliɔn 1.3 siwo le dukɔ madeŋgɔwo me nɔa agbe ɖe ga si mede U.S. dɔlar ɖeka o nu gbesiagbe. Womaka ɖe edzi be ame aɖe tsɔ ɖe le eme na yewo o. Nenema ke wòle le sitsoƒedila akpe geɖe siwo ŋu The Irish Times me nyatakaka aɖe gblɔ le be “wodze ŋgɔ tiatia sesẽ si nye be woanɔ sitsoƒesaɖa gbagbãwo me alo anɔ dukɔ si me tɔwo melɔ̃a amedzrowo o me alo adze agbagba be yewoatrɔ ayi yewo denyigba si dzi aʋawɔwɔ alo gbevovovodolawo dome mama gale la dzi.” Nyatakaka ma ke ƒo nu tso nudzɔdzɔ wɔnublanui sia ŋu be: “Mimiã ŋku miaxlẽ nu vaseɖe etɔ̃, ɖevi aɖe ku xoxo. Enye ɖevi 35,000 siwo nunyuimaɖumaɖu alo dɔléle si nu woate ŋu axe mɔ ɖo awu egbea la dometɔ ɖeka.” Mewɔ nuku o be fukpekpe kple vevesese naa ame geɖe faa avi hehehe!—Tsɔe sɔ kple Hiob 7:11.

Alea koe woɖoe be nusiawo katã nanɔa? Le nyateƒe me la, ɖe ame aɖe li si menye ɖeko wòtsɔ ɖe le eme ko o, ke boŋ ŋusẽ hã le esi be wòaɖe amewo ƒe fukpekpe kple vevesesewo katã ɖa?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

Akpa dzi kple axa 32: Reuters/Nikola Solic/Archive Photos

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

A. Boulat/Sipa Press

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe