Ðe Gɔmesese si Le Nya “Kristotɔ” Ŋu Le Tɔtrɔma?
BE WOANYE Kristotɔ gɔme ɖe? Aleke nàɖo eŋui? Wobia nya sia tututu ame ɖekaɖeka aɖewo siwo ŋu woke ɖo le dukɔ vovovo me, eye ŋuɖoɖo siwo wona la ƒe ɖewoe nye si:
“Be woadze Yesu yome ahasrɔ̃ eyama.”
“Be woanye ame nyui eye woana nu ame bubuwo.”
“Be woaxɔ Kristo be eyae nye Aƒetɔ kple Ðela.”
“Be woayi Misa wɔƒe, agblɔ Rosario gbedodoɖawo, ahaɖu Nuɖuɖu Kɔkɔe.”
“Nyemeka ɖe edzi be ele be ame nade sɔleme hafi anye Kristotɔ o.”
Nyagɔmeɖegbalẽwo gɔ̃ hã ɖea nya sia gɔme ɖe mɔ fluame vovovowo nu. Le nyateƒe me la, nyagɔmeɖegbalẽ aɖe ɖe nya “Kristotɔ” gɔme ɖe mɔ ewo nu, tso “Yesu Kristo dzixɔxɔse alo eƒe subɔsubɔha me nɔnɔ” dzi vaseɖe “ame nyui alo amesi ƒe nu nyoa amewo ŋu nyenye” dzi. Mewɔ nuku o be esesẽna na ame geɖe be woaɖe nusi wòfia be woanye Kristotɔ la me.
Mɔɖeɖeɖenuŋu ƒe Nɔnɔme
Egbea le amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye—le amesiwo nɔa zikpui ɖeka dzi le sɔleme gɔ̃ hã—dome la, àkpɔ be nukpɔsusu vovovo le wo si ku ɖe Biblia ƒe gbɔgbɔ me tsotso, nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia, sɔlemehaa ƒe eɖokui ƒoƒo ɖe dunyahehe me, kple ame ƒe dzixɔsewo gbɔgblɔ na ame bubuwo ŋu. Zi geɖe la, woʋlia nya vevie le agbenyuinɔnɔnya aɖewo abe fuɖeɖe, amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbe le ƒe gbɔdɔdɔ, kpakple ŋutsu kple nyɔnu ƒe wo nɔewo gbɔ nɔnɔ srɔ̃maɖemaɖee ene ŋu. Ðikeke mele eme o be nɔnɔme sia nye mɔɖeɖeɖenuŋu.
Le kpɔɖeŋu me, magazine si nye Christian Century ka nya ta be nyitsɔ laa la, Protestant sɔlemeha aɖe ƒe nyametsoha ɖoe be yewoada megbe na mɔ si sɔlemehaa kpɔ “atia hamemegã si wodze sii be enye ŋutsu si dɔna kple ŋutsu be wòanye eƒe dziɖuhaa me tɔ.” Mawunyaŋununyala aɖewo gblɔ gɔ̃ hã be Yesu dzixɔxɔse mele vevie hena ɖeɖekpɔkpɔ o. The New York Times me nyatakaka aɖe gblɔ be woxɔe se be Yudatɔwo, Moslemtɔwo, kple ame bubuwo “ate ŋu ayi dziƒo [abe Kristotɔwo ke ene].”
Ne àte ŋui la, kpɔe ɖa le susu me be anya wɔ be Marxtɔ (dziɖuɖu si me dɔwɔƒewo katã le dziɖuɖua si me) nanɔ kapitalist dziɖuɖu (dziɖuɖu si me dɔwɔƒewo le dukɔmeviawo ŋutɔ si me) dzi dem alo demokrasi dzidela nanɔ dzizizidziɖuɖu dom ɖe ŋgɔ alo nutome ƒe dedienɔnɔ taʋlila nanɔ asi kpem ɖe avewo tsɔtsrɔ̃ ŋu hãa. Àgblɔ be “ame ma mate ŋu anye Marxtɔ, alo demokrasi dzidela, alo nutome ƒe dedienɔnɔ taʋlila adodoe o”—eye tɔwò adzɔ. Gake ne èbu nukpɔsusu vovovo siwo le amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye si egbea ŋu kpɔ la, àkpɔe be dzixɔse siwo to vovo sasasã tso wo nɔewo gbɔ kple esiwo tsi tre ɖe nusi Kristotɔnyenye ƒe gɔmeɖoanyila, Yesu Kristo, fia ŋu enuenu lae le wo si. Nukae ema fia le Kristotɔ si ƒomevi wonye ŋu?—Korintotɔwo I, 1:10.
Tso gbaɖegbe kee wodi be woatrɔ Kristotɔwo ƒe nufiafiawo bene woasɔ ɖe amewo ƒe nugɔmesese nu, abe alesi míakpɔe ene. Aleke Mawu kple Yesu Kristo bua tɔtrɔ siawoe? Ðe sɔlemeha siwo dea nufiafia siwo metso Kristo gbɔ o dzi la ate ŋu ayɔ wo ɖokui be Kristotɔwo wòasɔa? Míadzro biabia siawo me le nyati si kplɔe ɖo me.