INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w02 10/15 axa 3
  • Gbɔgbɔ Vɔ̃woe Le Ewɔma?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbɔgbɔ Vɔ̃woe Le Ewɔma?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Ka Tututue Le Xexea Dzi Ðum?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Alesi Nyui Aɖu Vɔ̃ Dzii
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Woʋu Go Xexea Dzi Ðula Si Ɣla Eɖokui La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2016
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
w02 10/15 axa 3

Gbɔgbɔ Vɔ̃woe Le Ewɔma?

“Xexea dze aɖaʋa, abe vivimeŋusẽ aɖewoe le agbagba dzem vevie be yewoaxe teƒe ɖesiaɖe si woate ŋu asi ato akpɔ gbɔdzɔe ƒe mɔnuwo ene.”—Nyadzɔdzɔŋlɔla Jean-Claude Souléry.

‘Wɔnamanɔsitɔe sena le eɖokui me be gbɔgbɔ vɔ̃ sẽŋu aɖee le fu wɔm ye.’—Ŋutinyaŋlɔla Josef Barton.

ŊƆDZINU masekpɔ si dzɔ le September 11, 2001, dzi le ŋɔdzinuwɔlawo ƒe amedzidzedzea me na ame geɖe yi ŋugble me vevie. Michael Prowse ŋlɔ ɖe England ƒe Financial Times me be: “Lã aɖeke mawɔ ŋkumaʋumaʋunu sia gbegbe o.” New York Times me nyadzɔdzɔ aɖe gblɔ be, le ɖoɖo siwo katã wòhiã be woawɔ ɖe amedzidzedzea ŋu ŋuti bubu megbe la, “ele vevie be woabu fuléle si gbegbe na wowɔe hã ŋu. Enye fuléle si ƒo aʋawɔwɔwo ta, fuléle si nu womate ŋu atsi o, fuléle si mewɔna ɖe ɖoɖo aɖeke dzi o.”

Dzixɔse vovovo me tɔwo bui vevie be ŋusẽ vɔ̃ɖi aɖee le dɔ wɔm. Ŋutsu asitsala aɖe si tso Sarajevo si kpɔ nu dziŋɔ siwo gbevovovodolawo dome fuléle he va Bosnia gblɔ be: “Esi Bosnia-ʋaa dzɔ ƒe ɖeka megbe la, mexɔe se be Satanae nɔ etum ɖo. Aɖaʋanu wɔwɔ ŋutɔŋutɔe wònye.”

Esi wobia ŋutinyaŋlɔla Jean Delumeau be exɔ se be Abosam li hã la, eɖo eŋu be: “Nukatae magbe ŋusẽ vɔ̃ɖi aɖe ƒe anyinɔnɔ dzixɔxɔse esi mekpɔ nusi le dzɔdzɔm kple nusiwo dzɔ tso esime wodzim: Xexemeʋa II si wu ame miliɔn 40 kple edzivɔwo; Auschwitz kple amewusaɖawo; ameƒomevi aɖewo tsɔtsrɔ̃ le Cambodia; Ceauşescu ƒe ŋutasẽdziɖuɖu si me wokɔ ame gbogbowo ƒe ʋu ɖi le; alesi dziɖuɖuwo wɔa funyafunya amewo le teƒe geɖe le xexeame katã. Míate ŋu ayɔ ŋutasẽnuawo katã avɔ o. . . . Eyata mexɔe se be mía tɔ dzɔ be míayɔ nuwɔna siawo be ‘gbɔgbɔvɔ̃nuwɔna,’ menye be Abosam aɖe si to dzo ɖe ta eye eƒe afɔtɛme fe la gbɔ wòtso o, ke etso Abosam aɖe si nye nuvɔ̃ɖiwɔwɔ ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ si le dɔ wɔm le xexeame la ƒe dzesi gbɔ.”

Abe Jean Delumeau ene la, ame geɖe yɔa nu dziŋɔ siwo le dzɔdzɔm egbea le amegbetɔƒomea me, tso ƒomewo dzi va ɖo dukɔwo dome, be “gbɔgbɔvɔ̃nuwɔna.” Gake nuka fiamee esia le? Ŋusẽ vɔ̃ɖi aɖewo siwo wobuna le susume lae míagblɔ be wole nu dziŋɔ siawo wɔma, alo ɖe ŋusẽ vɔ̃ɖi aɖewo siwo li ŋutɔŋutɔe le eƒom ɖe amegbetɔwo nu be woawɔ hlɔ̃nu vɔ̃ɖi siwo gbɔ amegbetɔwo ƒe nugbegblẽwɔwɔ ŋua? Vɔ̃ɖinyenye ƒe fia—Satana Abosam—ye le megbe na ŋusẽtɔ siawo ƒe nuwɔnawoa?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Children: U.S. Coast Guard photo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe