Lé Wò Mɔkpɔkpɔ Me Ʋuʋu le Dutoƒo Me Ðe Asi Sesĩe Maʋãmaʋãe
1 Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ lae nye mɔ vevitɔ si dzi wonaa ‘nuɖuɖu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi’ Mawu ƒe amewo le egbea. (Mat. 24:45) Taɖodzinu eve koŋ tae míevaa kpekpe sia ɖo—be woatu mí ɖo le gbɔgbɔ me kple be míagblɔ míaƒe mɔkpɔkpɔ na ame bubuwo le gaglãgbe.—Heb. 10:23-25.
2 Nana be Wòaɖe Vi na Mía Ŋutɔwo: Wobui be le hame akpa gãtɔ me la, nyaselawo ƒe akpa etɔ̃lia koe srɔ̃a nua doa ŋgɔ. Xexlẽme ma ke hã koe ɖoa nya ŋu. Míate ŋu axɔ nunyiame siwo le gbɔgbɔmenuɖuɖu sesẽ siwo le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a me bliboe le kpekpea ŋutɔ me o. Ehiã be nàɖo ɣeyiɣi ɖi asrɔ̃ nua do ŋgɔ.
3 Ne èle dzadzram ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu la, àkpɔe be viɖe anɔ eŋu na ye be gbã, yeaxlẽ nyabiabia siwo le aɖaka me le nyatia ƒe nuwuwu lɔƒo la eye yeabu wo ŋu. Akpe ɖe ŋuwò be wò susu nanɔ nya vevi siwo ŋu woaƒo nu tsoe le nusɔsrɔ̃a me la ŋu.
4 Le nusɔsrɔ̃a me la, lé to ɖe nya siwo woagblɔ la ŋu nyuie. Ðo to nàse nya siwo nusɔsrɔ̃a dzikpɔla atsɔ aʋu nusɔsrɔ̃a nui; nya siawo dzraa míaƒe susu ɖo ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu. Ate ŋu abia nya etɔ̃ alo ene siwo ŋu woaɖo le nusɔsrɔ̃a me, alo adzro kwasiɖa si do ŋgɔ ƒe nusɔsrɔ̃ me ne kwasiɖa sia tɔ nye nyati ma ke ƒe dziyiyi. Ne wowɔ tɔtrɔ aɖe le míaƒe Biblia me nyagblɔɖi alo Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose aɖe ƒe gɔmesese ŋu la, ahe míaƒe susu ayi edzii. Ele be nusɔsrɔ̃dzikpɔla la ƒe nyawo nanɔ kpuie, elabena nusɔsrɔ̃a ƒe taɖodzinuwo dometɔ ɖekae nye be wòana mɔnukpɔkpɔ hamea be woagblɔ woƒe mɔkpɔkpɔ afia. Ðo to nyuie ne ame bubuwo le nu ƒom le nusi wosrɔ̃ ŋu; esia ate ŋu ado ŋusẽ wò xɔse.
5 Ʋu Wò Mɔkpɔkpɔ la Me: Èɖoa nya ŋu edziedzi le nua sɔsrɔ̃ mea? Edzɔa dzi na ame wu ne ŋuɖoɖoawo le kpuie eye wole tẽ. (Tsɔe sɔ kple Luka 21:1-4.) Nyaŋuɖoɖo si me kɔ si tso dzime dzea amesiame ŋu. Zi geɖe la, ele be nyabiabia gbãtɔ ƒe ŋuɖoɖo nanɔ kpuie eye wòanɔ tẽ. Esia naa mɔnukpɔkpɔ ame bubuwo be woawo hã naƒo nu tso ŋɔŋlɔ aɖe alo memamã la me nya aɖe ŋu. Ne míewɔe alea la, ana ame geɖe ate ŋu agblɔ woƒe mɔkpɔkpɔ le gaglãgbe. Ele be ŋuɖoɖowo nade dzi ƒo na ame eye woatu ame ɖo.
6 Ne fifiae nèdze nusrɔ̃ƒe dede gɔme alo nyaŋuɖoɖo kpea ŋu na wò la, ke ɖewohĩ àdi be yeabia be nusɔsrɔ̃a dzikpɔla nakpe ɖe ye ŋu. Gblɔ nɛ be wòayɔ ye ne yedo asi ɖe dzi le memamã aɖe si nèyɔ nɛ la me. Ðewohĩ àte ŋu axlẽ mawunyakpukpui aɖe ahaɖe eme kpuie. Àte ŋu aŋlɔ nya kpui aɖewo ɖe agbalẽa ƒe axadzi be woaɖo ŋku nusi nèdi be yeagblɔ le nyaŋuɖoɖo me dzi na wò. Ne ɖevie nènye la, nenɔ ŋku dzi na wò be wò nyaŋuɖoɖowo dzɔa dzi na mí eye míekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu.—Mat. 21:16.
7 Ele vevie be míaƒo nu tso míaƒe xɔse ŋu, eye Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a naa esia ƒe mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe mí. Ne nya ŋu menya ɖona na wò la, ke dze agbagba ɖesiaɖe si nàte ŋui be nàɖu kuxi sia dzi, eye nàdze agbagba aɖo nya ɖeka ya teti ŋu. Ana wò hã nàkpɔ gome le kpekpea me, eye esia akɔ lãme na wò. Ke nukatae màwɔ ɖoɖo aɖo nya ɖeka teti ŋu le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ si gbɔna me o?—Lod. 15:23.