INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w08 9/1 axa 3
  • Ènya Fofowò Si Le Dziƒo La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènya Fofowò Si Le Dziƒo La?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa, Mía Fofo La, Lɔ̃ Mí Vevie Ŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Ðe Nèbua Yehowa Be Enye Fofowòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Ame Kae Nye Mawu?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • ‘Vi La Lɔ̃ Be Yeaɖe Fofo La Afia’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
w08 9/1 axa 3

Ènya Fofowò Si Le Dziƒo La?

ÈNYA fofowò nyuiea? Nyabiase sia awɔ mo yaa na wò nenye be ƒome lɔ̃ame aɖe mee nènɔ tsi. Àɖo eŋu be: ‘Menyae nyuie ɖe!’ Nyateƒee, ame akpa gãtɔ nya nu siwo doa dzidzɔ na wo fofo kple nu siwo medoa dzidzɔ nɛ o, ale si wòwɔa nu le nɔnɔme aɖewo me, kple ale si wòléa be na ƒomea.

Ke hã, ɣeaɖewoɣi la, fofowò awɔ nu le mɔ aɖe nu si ɖewohĩ màbui kura o, eye wòawɔ nuku na wò ale gbegbe. Le kpɔɖeŋu me, viŋutsu aɖe ate ŋu anya fofoa be enye ame aɖe si nɔa anyi kpoo hefa tu va se ɖe esime nane si bia nuwɔwɔ kpata dzɔ. Kasia ekpɔ fofoa wòtɔ afɔ to sesĩe heɖoe kplikpaa be yeakpɔ yeƒe ƒomea ta.

Ke mía Wɔla ya ɖe? Biblia gblɔ tso eŋu na mí be, “eya dzie míeto le agbe, eye míeʋãna, eye míeli.” (Dɔwɔwɔwo 17:28) Mawue na agbe mí, eye le gɔmesese ma nu la, enye ame siwo katã le agbe la Fofo. (Yesaya 64:8) Ðewohĩ nenemae nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe Mawu ŋu, eye esia sɔ eye wònyo hã. Ke hã, nu geɖewo li míasrɔ̃ ahanya tso eya amea ŋu, eye esia aɖe vi na mí ahana míakpɔ dzidzɔ.

Ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe fofowò si dzi wò ŋu kple ale si nèdea bubu eŋu nɔ te ɖe ale si gbegbe nènyae la dzi. Nenema kee, zi ale si nènya Mawu nyuie la, zi nenemae mia kplii dome anɔ kplikplikplii. Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbe me dodokpɔwo kple nɔnɔme sesẽwo nu ne èva nya eya amea nyuie, eye nèsrɔ̃ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ.

Ame ka ƒomevie Mawu nye? Ŋusẽ kae wòle be eƒe nɔnɔmewo nakpɔ ɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe eŋu la dzi? Ðe eya amea nyanya da agba aɖewo ɖe dziwòa? Àkpɔ nyabiase siawo ƒe ŋuɖoɖowo le nyati si kplɔe ɖo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

Ale si gbegbe nènya amewo nyuie la akpɔ ŋusẽ ɖe ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe wo ŋu la dzi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe