Nɔnɔme Siwo Me Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Kristotɔwo Nɔ Agbe Le
Aƒe Siwo Ƒomevi Me Wonɔ
“Nyemegbe nufiafia mi le dutoƒo kple aƒe me yi aƒe me hã o.”—DƆWƆWƆWO 20:20.
NE ÈGE ɖe du aɖe ƒe agbo gã me le ƒe alafa gbãtɔ me ko la, dua mee nye ema nèɖo. Abe ale si wòle le dugã geɖe gome ene la, togbɛ dzie wotua dua ɖo. Ne èfɔ mo dzi la, àkpɔ dua ƒe akpa si le togbɛa tame. Aƒe gã dzeani gbogbo aɖewo siwo wosi aŋɔ ɣi na, eye abɔ siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo nɔa wodometɔ geɖe ŋu la, nɔa keklẽm le ŋdɔa gbe. Afi siae nye kesinɔtɔwo nɔƒe. Le togbɛa ŋu la, àkpɔ aƒe bubu geɖe siwo ƒe lolome kple atsiã le vovovo. Aƒe siawo siwo nye dziƒoxɔ kɔkɔ siwo nye asitsalawo kple anyigbatɔwo tɔ la, tsya ɖe wo nɔewo nu le ablɔ siwo wotsɔ kpe gbadzɛwo do nyuie la to. Ne èɖi ɖe balia me la, àkpɔ nuto si me ame dahe kolikoliwo le. Le afi sia la, àkpɔ aƒe sue siwo menya kpɔ tututu o, siwo le abe aɖakagowo ene, siwo ƒo ƒu ɖe afɔmɔwo to, alo ƒo ƒu ɖe teƒe si melolo o, eye womimi ɖe wo nɔewo ŋu.
Ne èle mɔ siwo dzi amewo sɔ gbɔ ɖo dzi tom la, gbeɖiɖi kple nuwo ƒe ʋeʋẽ ana nànya nu siwo le edzi yim. Nyɔnuwo le nu ɖam, si na nutoa me katã le ʋeʋẽm lilili. Àse lãwo ƒe xɔxlɔ̃ kple ɖevi siwo le fefem la ƒe ɣlidodowo. Ŋutsuwo le dɔ wɔm le dɔwɔƒe siwo nɔa ʋeʋẽm la me ŋkubiãtɔe.
Aƒe siawo tɔgbi mee Kristotɔwo nɔna. Afi siae wonɔna gbe sia gbe, srɔ̃a nu tso Mawu ŋu hedea ta agu nɛ le.
Aƒe Suewo Abe ale si aƒewo le egbea ene la, amewo ƒe aƒewo ƒe lolome kple atsiã nɔ te ɖe nuto si me wole kple ale si woƒe ƒomea ƒe ganyawo le la dzi. Aƒe suetɔwo (1) nye xɔnugoe xaxɛ ɖeka si me doa viviti, afi si ƒome bliboa nɔna. Anyikpe siwo wosia wòƒu ye wotsɔ tu aƒe sue siawo dometɔ geɖe. Kpe fufu siwo ŋu le glidzaglidza ye wotsɔ tu bubuwoe. Kpee wotsɔ ɖoa xɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe gɔme anyi zi geɖe.
Wozrɔ̃a xɔa me gliawo ŋu eye woɖo kpe gbadzɛgbadzɛwo ɖe anyigba, si na wòhiãna na beléle ɣesiaɣi. Woɖea do ɖeka ya teti ɖe xɔa ta me, alo glia ŋu ale be dzudzɔ nate ŋu ado ne wole nu ɖam. Aƒemenuzazã vevi aɖewo koe nɔa xɔa me.
Anyie wotsɔna gbaa xɔawoe—gbã la, woɖoa xɔgbatiwo ɖe gliawo dzi, emegbe woɖoa atilɔwo kple aƒlawo ɖe wo dzi, eye wonyaa anyi kɔna ɖe edzi. Wozrɔ̃a anyi si wokɔ ɖe xɔa ta la ŋu, ale be wonyea dzisasrã si me tsi mate ŋu ato o. Mɔ si ko dzi woato ayi xɔa ta ye nye be woalia aŋutsrɔe le gota.
Togbɔ be nɔnɔme siawo mede ame dzi tututu o hã la, Kristotɔwo ƒe aƒewo me nyea dzidzemeteƒe, afi si ame dahewo kekeake gɔ̃ hã nyea kesinɔtɔwo le Mawu gbɔ hekpɔa dzidzɔ le.
Ame Siwo Dzi Nuwo De Amedzroxɔ nɔa dziƒoxɔ tuɖedzi eve gãwo (2), siwo nye ame siwo dzi nuwo de tɔ la me. (Marko 14:13-16; Dɔwɔwɔwo 1:13, 14) Wotea ŋu wɔa kpekpewo le dziƒoxɔ etametɔ siawo siwo me kekena la me, eye zi geɖe la, wowɔa wo ŋu dɔ le azãɖuɣiwo. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Wotsɔ akalokpe tsoa aƒe siawo kple esiwo galolo wu (3) siwo nyea asitsala kple anyigbatɔwo tɔ la, eye wonyaa akaloba tsɔ ɖoa gliawoe. Le aƒea me la, woɖo kpe gbadzɛwo ɖe anyigba eye wozrɔ̃ eme gliawo ŋu; le aƒea godo la, wosi akalo na gliawo.
Woliaa atrakpuiwo yia dziƒoxɔ etametɔ ƒe xɔwo me. Wotɔa kpɔ ƒoa xlã xɔta gbadzaawo katã, be ame aɖeke nagage le wo dzi alo nuvevi nawɔ ame aɖeke o. (5 Mose 22:8) Ne ŋdɔ ʋu eye xexea me xɔ dzo la, agbadɔ siwo wotu ɖe xɔa ta la doa vɔvɔli, eye wònyea dzidzemeteƒe si ame anɔ asrɔ̃ nu, ade ŋugble, ado gbe ɖa, alo aɖi ɖe eme le.—Dɔwɔwɔwo 10:9.
Zi geɖe la, wotea ŋu xɔa ƒometɔwo ɖe aƒe siawo siwo wotu nyui eye xɔawo me lolo la me, si wɔe be amewo kpɔa nɔƒe, mlɔƒe, dzodoƒe kple nuɖuƒe siwo keke nyuie.
Aƒe Gã Siwo Woɖo Atsyɔ̃ Na Wonyea aƒe siwo wotu ɖe Romatɔwo ƒe atsiãwo nu (4) eye woƒe lolome, atsiãwo, kple ale si wotu woe la nɔa vovovo. Xɔ gã bubu siwo me keke la ƒoa xlã woƒe nuɖuƒe gãwo, afi si ƒomea ƒoa ƒu wɔa nuwo ɖekae le. Aƒe siawo dometɔ aɖewo nyea dziƒoxɔ dzisasrã eve alo etɔ̃ (5) alo esiwo wotsɔ abɔ siwo ŋu wotɔ kpɔ ɖo la ɖo atsyɔ̃ na.
Xɔmenu dzeaniwo nɔa aƒe gã siawo siwo woɖo atsyɔ̃ na la ƒe xɔwo me, eye wotsɔ nyiɖu kple sika fa ɖe wo dometɔ aɖewo ŋu. Pɔmpi kple tsileƒe nyuiwo nɔa aƒe siawo me. Ðewohĩ atiwo alo kpe xɔasi siwo le amadede vovovowo me lae wotsɔ wɔ xɔdzisasrãwo, eye anɔ eme be woka sederʋuƒowo ɖe xɔa me gliawo ŋu. Wodoa dzo ɖe kpo me be woana xɔa me naxɔ dzo. Wodea adzrala siwo wotsɔ ati kpa la fesrewo nu bene yewoanɔ dedie, eye fesrenuvɔwo nana amewo mekpɔa xɔawo me o. Woɖea fesre ɖe kpegli titriawo ŋu.—Dɔwɔwɔwo 20:9, 10.
Eɖanye aleke kee aƒe siwo me Kristotɔ gbãtɔwo nɔ la ƒe lolome alo nɔnɔme le o, wowɔa amedzro, eye womaa woƒe nunɔamesiwo kple wo haviwo faa. Esia wɔe be, mesesẽna kura be dzikpɔla mɔzɔlawo nakpɔ ƒome siwo nyoa dɔme hewɔa amedzro, siwo ƒe aƒe me woadze va se ɖe esime woawu woƒe subɔsubɔdɔa nu le du alo dugã ma me o.—Mateo 10:11; Dɔwɔwɔwo 16:14, 15.
“Simon Kple Andrea Ƒe Aƒe Me” Woxɔ Yesu nyuie le “Simon kple Andrea ƒe aƒe me.” (Marko 1:29-31) Tɔƒodela siawo ƒe aƒewo anya nɔ aƒe tsɛ (6) siwo wotu womimi ɖe wo nɔewo ŋu heƒo ƒu ɖe teƒe si melolo o la dome.
Woʋua xɔ siwo le aƒe siawo me la ƒe ʋɔtruwo kple fesrewo do ɖe xɔxɔnu, afi si ƒomea wɔa woƒe gbe sia gbe dɔwo le, siwo dometɔ aɖewoe nye nuɖaɖa, abolomeme, nukuwo tutu le te dzi, hadede kple wo nɔewo, kpakple nuɖuɖu.
Kpe sesẽ yibɔwoe wotsɔ tu xɔ siawo siwo tame wosrã le Kapernaum lae. Atrakpui siwo le gotae woliana yia xɔa ta; wokaa atiwo, kɔa atilɔwo kple gbewo ɖe edzi henyaa anyi kɔna ɖe edzi alo ɖoa anyikpewo ɖe edzi si wɔnɛ be wònɔa gbadzaa. (Marko 2:1-5) Woɖoa kpe gbadzɛwo ɖe xɔawo me, eye woɖoa anyigbakuntruwo ɖe edzi zi geɖe.
Ale si wotso aƒeawoe la wɔe be wo dome zu ablɔwo kple kpɔdomemɔwo le Galilea Ƒu la to. Ƒutadu si nye Kapernaum nye teƒe si sɔ na tɔƒodelawo ŋutɔ, elabena tɔƒodede nue wonɔa agbe ɖo.
Tso “Aƒe Me Yi Aƒe Me” Le wo katã me la, ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe aƒewo nɔ vovovo—tso aƒe sue siwo nyea xɔnugoe ɖeka si wotu kple anyi dzi va se ɖe aƒe gã siwo woɖo atsyɔ̃ na siwo wotu kple kpewo la dzi.
Menye xɔdɔmewo koe aƒe siawo nye na ƒomewo o, ke wonye teƒe siwo wosrɔ̃a nu tso Mawu ŋu le hã. Ƒomewo dea ta agu ɖekae le aƒe siawo me. Woƒoa ƒu ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe aƒewo me srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo hesea vivi le hadede tuameɖowo me kple haxɔsetɔwo. Woyina ɖagblɔa nu siwo wosrɔ̃ le woƒe aƒewo me la na amewo le woƒe dɔ vevitɔ kekeake si nye gbeƒãɖeɖe kple nufiafia tso “aƒe me yi aƒe me” la me le Roma fiaɖuƒea katã me.—Dɔwɔwɔwo 20:20.