INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/15 axa 24-28
  • Miyi Edzi Miazɔ Ðe Agbenɔnɔmɔ Nyuitɔ La Nu!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Miyi Edzi Miazɔ Ðe Agbenɔnɔmɔ Nyuitɔ La Nu!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ?
  • Nɔviwo Ƒe Habɔbɔ Lɔ̃ame La Nye Yayra Na Mí
  • Míenɔa Dedie Le “Bebeƒe” La
  • De Asixɔxɔ Míaƒe Gbɔgbɔmeparadiso La Ŋu
  • Mina Míayi Edzi Anɔ Nu Srɔ̃m Tso Yesu Gbɔ
  • Yi Edzi Nànɔ Zɔzɔm Ðe Agbenɔnɔmɔ Nyuitɔ La Nu!
  • Ðe Nèsu Te Na Nyɔnyrɔxɔxɔa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
  • Ðoe Be Nàsubɔ Mawu Tegbee
    Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
  • Akpa si Nyɔnyrɔxɔxɔ Wɔna le Mia Kple Mawu Dome Ƒomedodo Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Dzedze Na Kristotɔwo Ƒe Nyɔnyrɔxɔxɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/15 axa 24-28

Miyi Edzi Miazɔ Ðe Agbenɔnɔmɔ Nyuitɔ La Nu!

“Ne míele agbe alo míeku la, Yehowa tɔ ye míenye.”—ROM. 14:8.

1. Nu kae Yesu fia tso agbenɔnɔmɔ nyuitɔ la ŋu?

YEHOWA di be míanɔ agbe le mɔ nyuitɔ nu. Amewo ate ŋu anɔ agbe le mɔ vovovowo nu, gake mɔawo dometɔ ɖeka koe nye nyuitɔ kekeake. Nu nyui aɖeke meli míate ŋu atsɔ míaƒe agbe awɔ wu be míanɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple Mawu ƒe Nya la ahasrɔ̃ nu tso Mawu ƒe Vi, Yesu Kristo, gbɔ o. Yesu fia eyomedzelawo be woade ta agu na Mawu le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, eye wòde dɔ asi na wo be woawɔ amewo woanye nusrɔ̃lawo. (Mat. 28:19, 20; Yoh. 4:24) Ne míewɔ ɖe mɔfiame siwo Yesu na dzi la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu eye Mawu ayra mí.

2. Alekee ame geɖe wɔ nu ɖe Fiaɖuƒegbedeasia ŋu le ƒe alafa gbãtɔ me, eye nu kae wòfia be woanɔ “Mɔ La” dzi?

2 Ne ame siwo “si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la va zu xɔsetɔwo hexɔ nyɔnyrɔ la, susu nyui geɖewo li siwo ta míagblɔ na wo be, “Miyi edzi miazɔ ɖe agbenɔnɔmɔ nyuitɔ la nu!” (Dɔw. 13:48) Le ƒe alafa gbãtɔ Mía Ŋɔli me la, ame akpe geɖe siwo tso dukɔ vovovowo me la xɔ nyateƒea, eye woxɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖee fia le gaglãgbe be yewotsɔ yewo ɖokui na Mawu. (Dɔw. 2:41) Nusrɔ̃la gbãtɔ mawo nɔ “Mɔ La” dzi. (Dɔw. 9:2; 19:23) Esɔ be wogblɔ be wonɔ mɔ la dzi, elabena ame siwo va zu Kristo yomedzelawo la yi edzi zɔ ɖe agbenɔnɔmɔ si wotu ɖe Yesu Kristo dzi xɔxɔ se kpakple eƒe kpɔɖeŋuwo sɔsrɔ̃ dzi la nu.—1 Pet. 2:21.

3. Nu ka tae Yehowa ƒe amewo xɔa nyɔnyrɔ ɖo, eye ame nenie wonyrɔ le ƒe ewo siwo va yi me?

3 Nusrɔ̃lawɔwɔdɔa le zɔ ɖem kabakaba le ŋkeke mamlɛ siawo me, eye fifia wole dɔ sia wɔm le dukɔ siwo wu 230 me. Le ƒe ewo siwo va yi me la, ame siwo wu 2,700,000 la tso nya me be yewoasubɔ Yehowa, eye woxɔ nyɔnyrɔ tsɔ ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe nɛ dzi. Ema fia be le mama dedie nu la, ame 5,000 kple edzivɔwo xɔa nyɔnyrɔ kwasiɖa sia kwasiɖa! Lɔlɔ̃ na Mawu, Ŋɔŋlɔawo ŋuti sidzedze, kple nu siwo ame srɔ̃ dzi xɔxɔ see ʋãnɛ wòtsoa nya me be yeaxɔ nyɔnyrɔ. Nyɔnyrɔxɔxɔ nye afɔɖeɖe vevi aɖe le míaƒe agbe me, elabena enye ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Yehowa ƒe gɔmedzedze. Esia nye kakaɖedzi si le mía si be akpe ɖe mía ŋu míasubɔe nuteƒewɔwɔtɔe, abe ale si wòkpe ɖe esubɔla siwo nɔ anyi le blema ŋu be wote ŋu zɔ le eƒe mɔwo dzi ene, la ɖeɖe fia.—Yes. 30:21.

Nu Ka Tae Wòle Be Nàxɔ Nyɔnyrɔ?

4, 5. Yayra kple viɖe siwo nyɔnyrɔxɔxɔ hena vanɛ la dometɔ aɖewo ɖe?

4 Ðewohĩ Mawu ŋuti sidzedze su asiwò, èwɔ tɔtrɔ geɖewo le wò agbe me, eye fifia nènye gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ. Ŋgɔyiyi siawo siwo nèwɔ la dze na kafukafu. Gake ɖe nèɖe adzɔgbe na Mawu le gbedodoɖa mea, eye ɖe nèle ɖoɖo wɔm be yeaxɔ nyɔnyrɔa? To Biblia sɔsrɔ̃ me la, ɖewohĩ èva nyae be ele be Yehowa kafukafu nanye nu vevitɔ na wò le agbe me, ke menye ɖokuiwò ŋu dzedze alo ŋutilãmekesinɔnuwo nu ƒoƒo ƒu na ɖokuiwò o. (Mixlẽ Psalmo 148:11-13; Luka 12:15) Ke yayra kple viɖe kawoe nyɔnyrɔxɔxɔ hena vanɛ?

5 Ne èva zu Kristotɔ ɖeadzɔgbe la, taɖodzinu nyuitɔ kekeake ava nɔ wò agbe ŋu. Àkpɔ dzidzɔ ŋutɔ elabena èva le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. (Rom. 12:1, 2) Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ana mawumenɔnɔme nyuiwo abe ŋutifafa kple xɔse ene nasu asiwò. (Gal. 5:22, 23) Mawu aɖo wò gbedodoɖawo ŋu eye wòayra ɖe agbagba siwo nànɔ dzedzem be yeanɔ agbe ɖe eƒe Nyaa nu la dzi. Àkpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me, eye ne èyi edzi le agbe nɔm ɖe mɔ si dzea Mawu ŋu nu la, ana agbe tegbee nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ si le asiwò la me nagasẽ ɖe edzi. Gawu la, wò adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ aɖee afia be èdi vevie be yeanye Yehowa ƒe Ðasefowo dometɔ ɖeka.—Yes. 43:10-12.

6. Nu kae míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖena fiana?

6 Ne míeɖe adzɔgbe na Mawu hexɔ nyɔnyrɔ la, míeɖenɛ fiana le gaglãgbe be míenye Yehowa tɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Le nyateƒe me la, mía dometɔ aɖeke mele agbe na eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ko o, eye ame aɖeke mekuna na eya ŋutɔ ɖokui ɖeɖe ko o; elabena ne míele agbe la, míele agbe na Yehowa, eye ne míeku la, míeku na Yehowa. Eya ta ne míele agbe alo míeku la, Yehowa tɔ ye míenye.” (Rom. 14:7, 8) Mawu de bubu mía ŋu esi wòna tiatiawɔblɔɖe mí. Ne míeɖoe kplikpaa be míanɔ agbe ɖe agbenɔnɔmɔ sia nu le esi míelɔ̃ Mawu ta la, míedoa dzidzɔ na eƒe dzi. (Lod. 27:11) Míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye kpeɖodzi be míeɖe adzɔgbe na Mawu, eye wòganye eɖeɖe fia le gaglãgbe be Yehowa ye nye míaƒe Dziɖula. Eɖenɛ fiana be míele eƒe akpa dzi le xexea me katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me. (Dɔw. 5:29, 32) Esia wɔnɛ be Yehowa hã nɔa míaƒe akpa dzi. (Mixlẽ Psalmo 118:6.) Nyɔnyrɔxɔxɔ naa mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míaxɔ yayra geɖewo fifia kple etsɔme siaa.

Nɔviwo Ƒe Habɔbɔ Lɔ̃ame La Nye Yayra Na Mí

7-9. (a) Kakaɖedzi kae Yesu na ame siwo gblẽ woƒe nuwo katã ɖi hedze eyome la? (b) Aleke Yesu ƒe ŋugbedodo si dze le Marko 10:29, 30 la le eme vamee?

7 Apostolo Petro bia Yesu be: “Kpɔ ɖa! Míegblẽ nuwo katã ɖi, eye míedze yowòme; nu ka tututue ava nye mía tɔ gome?” (Mat. 19:27) Petro di be yeanya viɖe si ye kple Yesu ƒe nusrɔ̃la bubuawo yewoava kpɔ le etsɔme. Wotsɔ nu vevi geɖewo sa vɔe hafi te ŋu ƒo wo ɖokui ɖe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me bliboe. (Mat. 4:18-22) Kakaɖedzi kae Yesu na wo?

8 Le nudzɔdzɔ sia ŋuti nuŋlɔɖi si le Marko ƒe agbalẽa me ƒe nya nu la, Yesu ɖee fia be yeƒe nusrɔ̃lawo ava nye gbɔgbɔmenɔviwo ƒe habɔbɔ aɖe me tɔwo. Egblɔ be: “Ame aɖeke meli, si gblẽ aƒe alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo dada alo fofo alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nya nyui la ta, si makpɔ woƒe teƒe alafa fifia le ɣeyiɣi sia me o: aƒewo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo kple agblewo, hekpe ɖe yometitiwo ŋu, kple agbe mavɔ le nuɖoanyi si gbɔna la me.” (Mar. 10:29, 30) Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo, abe Lidia, Akwila, Priskila, kple Gayo ene, le ame siwo na “aƒewo” woƒe haxɔsetɔwo eye wozu “nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo” na wo, abe ale si Yesu do ŋugbee ene la dome.—Dɔw. 16:14, 15; 18:2-4; 3 Yoh. 1, 5-8.

9 Yesu ƒe nya mawo le eme vam le mɔ si lolo wu nu egbea. ‘Agble’ siwo Yesu yomedzelawo gblẽ ɖi la le tsitre ɖi na dɔwɔɖui siwo ame geɖe, siwo dome dutanyanyuigblɔlawo, Betel ƒomea me tɔwo, dukɔwo dome xɔtudɔwɔlawo le, kpakple nɔvi bubuwo lɔ̃ faa gblẽ ɖi bene woate ŋu ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ le dukɔ vovovowo me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo gblẽ woƒe aƒewo ɖi bene yewoanɔ agbe tsɛ, eye woƒe nuteƒekpɔkpɔ siwo ɖenɛ fiana be Yehowa léa be na wo eye be wole dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me la sese doa dzidzɔ na mí ŋutɔ. (Dɔw. 20:35) Gawu la, abe xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa me nɔlawo ene la, Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔwo katã ate ŋu ase vivi na yayra siwo ‘fiaɖuƒe la kple Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye didi gbã’ hena vanɛ.—Mat. 6:33.

Míenɔa Dedie Le “Bebeƒe” La

10, 11. Nu kae nye “dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe” la, eye alekee míawɔ anɔ afi ma?

10 Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ gahea yayra gã bubu vanɛ—si nye mɔnukpɔkpɔ si sua mía si be míanɔ “dziƒoʋĩtɔ la ƒe bebeƒe.” (Mixlẽ Psalmo 91:1.) Enye kpɔɖeŋu bebeƒe kpakple dedienɔƒe, alo ametakpɔkpɔ tso gbɔgbɔmefɔkuwo me ƒe nɔnɔme aɖe. Enye “bebeƒe,” elabena mele nyanya na xexea me nɔla siwo si gbɔgbɔmeŋkuwo mele o, siwo meɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu o, la o. Ne míenɔa agbe ɖe míaƒe adzɔgbeɖeɖea nu eye míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la, ɖeko wòle abe ɖe míele gbɔgblɔm nɛ be, “Nye sitsoƒe kple nye mɔ̃ sesẽ nènye, nye Mawu, si ŋu meɖoa ŋu ɖo” ene. (Ps. 91:2) Yehowa Mawu va zua míaƒe dedienɔƒe. (Ps. 91:9) Ðe dedienɔƒe bubu aɖe gali si nyo wu esia?

11 Yehowa ƒe “bebeƒe” la nɔnɔ gafia hã be mɔnukpɔkpɔ su mía si be míena ƒomedodo kplikplikpli va le mía kplii dome. Gake esia dzea egɔme kple adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ. Esia megbe la, míetoa Biblia sɔsrɔ̃, gbedodoɖa tso dzi me, kple toɖoɖo Mawu bliboe dzi nana mía kplii dome ƒomedodoa me gasẽna ɖe edzi. (Yak. 4:8) Ame aɖeke menɔ anyi kpɔ si nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa wu Yesu, ame si ƒe kaka ɖe Wɔla la dzi me megbɔdzɔ kpɔ gbeɖe o la o. (Yoh. 8:29) Eya ta negadzɔ gbeɖe be míake ɖi Yehowa alo ake ɖi didi kple ŋutete si le esi be wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ ɖe adzɔgbe si míeɖe nɛ dzi la o. (Nyagb. 5:3) Gbɔgbɔmeɖoɖo siwo Mawu wɔ na eƒe amewo la nye kpeɖodzi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o be elɔ̃ mí vavã, eye wòdi be míakpɔ dzidzedze le esubɔsubɔ me.

De Asixɔxɔ Míaƒe Gbɔgbɔmeparadiso La Ŋu

12, 13. (a) Nu kae nye gbɔgbɔmeparadiso la? (b) Alekee míate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu?

12 Adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ganaa mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míanɔ gbɔgbɔmeparadiso si me yayra geɖe le la me. Enye gbɔgbɔmenɔnɔme tɔxɛ aɖe si me haxɔsetɔ siwo le ŋutifafa me kple Yehowa Mawu kpakple wo nɔewo la sea vivi le. (Ps. 29:11; Yes. 54:13) Naneke mele xexea me si woate ŋu atsɔ asɔ kple míaƒe gbɔgbɔmeparadisoa o. Esia ƒe nyateƒenyenye dzena vevietɔ le míaƒe dukɔwo dome takpekpewo me, afi si mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo tso to kple dukɔ vovovowo me eye wodoa gbe vovovowo la va kpea ta le ŋutifafa, ɖekawɔwɔ, kple dadavilɔlɔ̃ me le.

13 Gbɔgbɔmeparadiso ƒe nɔnɔme si me míele vivi sem le la to vovo sãsãsã tso nɔnɔme wɔnublanui si xɔ aƒe ɖe xexea me egbea la gbɔ. (Mixlẽ Yesaya 65:13, 14.) To gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedeasia me la, mɔnukpɔkpɔ sua mía si be míakpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woava ge ɖe gbɔgbɔmeparadisoa me. Yayra hãe wònye na mí be míakpe ɖe ame yeye siwo va le ɖeka wɔm kpli mí le hamea me la ŋu, eye hehe si míana wo le subɔsubɔdɔa me la aɖe vi na wo. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe hãe wòanye na mí ne hamemetsitsiwo bia tso mía si be míakpe ɖe ame yeye aɖewo ŋu, abe ale si Akwila kple Priskila “woɖe Mawu ƒe mɔ la me [na Apolo] nyuie wu” la ene.—Dɔw. 18:24-26.

Mina Míayi Edzi Anɔ Nu Srɔ̃m Tso Yesu Gbɔ

14, 15. Susu nyui kawoe le mía si siwo tae wòle be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yesu gbɔ?

14 Susu nyui geɖewo le mía si siwo tae wòle be míayi edzi anɔ nu srɔ̃m tso Yesu gbɔ ɖo. Do ŋgɔ na Yesu ƒe amegbetɔzuzu la, ewɔ dɔ kple Fofoa ƒe akpe manyaxlẽ aɖewo. (Lod. 8:22, 30) Enyae be mɔ nyuitɔ si nu ame anɔ agbe ɖoe nye be wòasubɔ Mawu ahaɖi ɖase na nyateƒe la. (Yoh. 18:37) Yesu nyae nyuie be agbenɔnɔ ɖe mɔ bubu ɖe sia ɖe nu anye ɖokuitɔdidi kple nuŋumabumabu yi ŋgɔe. Enyae hã be yeato dodokpɔ sesẽwo me, eye woawu ye. (Mat. 20:18, 19; Heb. 4:15) Esi wònye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola ta la, efia ale si míalé fɔmaɖimaɖi me ɖe asi la mí.

15 Le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe kpuie la, Satana tee kpɔ be yeana wòadzudzɔ agbenɔnɔ ɖe mɔ nyuitɔ la nu, gake medze edzi nɛ o. (Mat. 4:1-11) Esia fia mí be nu ka kee Satana ɖawɔ mí o, míate ŋu alé míaƒe fɔmaɖimaɖi me ɖe asi. Adi be yeatɔ ŋku ame siwo le tetem ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu kple ame siwo xɔ nyɔnyrɔ eteƒe medidi o la. (1 Pet. 5:8) Tsitretsiɖeŋu ate ŋu atso ƒometɔ siwo si susu nyui le evɔ wogblẽ mía ŋu na wo la gbɔ. Ke hã, dodokpɔ mawo ate ŋu ana mɔnukpɔkpɔ mí míaɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo, abe bubudede ame ŋu kple ŋuɖɔɖɔɖo ene, afia ne míele woƒe biabiawo ŋu ɖom hele ɖase ɖim na wo. (1 Pet. 3:15) Eya ta nɔnɔme mawo siwo me míato ate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui ɖe ame siwo ɖoa to mí la dzi.—1 Tim. 4:16.

Yi Edzi Nànɔ Zɔzɔm Ðe Agbenɔnɔmɔ Nyuitɔ La Nu!

16, 17. (a) Nu vevi etɔ̃ siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi akpɔ agbe kawoe dze le 5 Mose 30:19, 20? (b) Alekee Yesu, Yohanes, kple Paulo te gbe ɖe nya siwo Mose ŋlɔ la dzi?

16 Ƒe 1,500 aɖewo do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, Mose de dzi ƒo na Israel viwo be woatia agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake si nɔ anyi ɣemaɣi la. Egblɔ be: ‘Meta dziƒo kple anyigba na mi be: Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode le mia ŋku me ɖom. Eya ta mitia agbe, be mia kple wò dzidzimeviwo mianɔ agbe, eye nàlɔ̃ Yehowa, wò Mawu la, ɖo to eƒe gbe, eye nàku ɖe eŋu.’ (5 Mose 30:19, 20) Israel viwo mewɔ nuteƒe na Mawu o, gake nudidi vevi etɔ̃ siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi anɔ agbe, siwo ŋu Mose ƒo nu tso, ya metrɔ o. Yesu kpakple ame bubuwo hã gahe susu yi wo dzi.

17 Gbã, ‘ele be míalɔ̃ Yehowa mía Mawu la.’ Míeɖenɛ fiana be míelɔ̃ Mawu ne míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple eƒe mɔ dzɔdzɔeawo. (Mat. 22:37) Evelia, ‘ele be míaɖo to Yehowa ƒe gbe’ to Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ kple wɔwɔ ɖe eƒe sededewo dzi me. (1 Yoh. 5:3) Esia bia be míanɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo, afi siwo wodzroa Biblia me le la, dem edziedzi. (Heb. 10:23-25) Etɔ̃lia, ‘ele be míaku ɖe Yehowa ŋu.’ Eɖanye nɔnɔme ka ke mee míato o, mina míayi edzi anɔ Mawu dzi xɔxɔ se ɖem anɔ fiafiam ahadze Via yome ɖaa.—2 Kor. 4:16-18.

18. (a) Alekee Gbetakpɔxɔ ƒo nu tso nyateƒea ŋu le ƒe 1914 me? (b) Alekee wòle be míase le mía ɖokui me ɖe nyateƒea ƒe kekelia ŋu egbea?

18 Yayra ka gbegbee nye esi wònye be míanɔ agbe le ɖekawɔwɔ me kple Biblia me nyateƒea! Le ƒe 1914 me la, nya vevi siawo dze le Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ aɖe me be: “Ðe míenye yayratɔ kpɔdzidzɔwo oa? Ðe mía Mawu la menye anukwaretɔ oa? Ne ame aɖe nya nu bubu si nyo wu la, netsɔe. Míele mɔ kpɔm be ne mia dometɔ aɖe kpɔ nane si nyo wu la, negblɔe na mí. Míenya nu bubu aɖeke si nyo wu alo de nu si míekpɔ le Mawu ƒe Nya la me la ƒe afã nu o. . . . Nuŋlɔti alo aɖe aɖeke mate ŋu agblɔ ŋutifafa, dzidzɔ, kple yayra si Mawu vavã la ŋuti sidzedze si me kɔ la he va míaƒe dzi kple agbe mee o. Mawu ƒe Nunya, Dzɔdzɔenyenye, Ŋusẽ kple Lɔlɔ̃ ƒe Ŋutinya la kpɔa nu si míaƒe susu kple míaƒe dzi siaa di la gbɔ bliboe. Míegale nu bubu aɖeke dim wu esia o. Nu bubu aɖeke megadzro mí wu be Ŋutinya wɔnuku sia me nakɔ ɖe edzi na mí nyuie wu le míaƒe susu me o.” (Gbetakpɔxɔ, December 15, 1914, axa 377-378) Míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe gbɔgbɔmekekelia kple nyateƒea ŋu dzi meɖe kpɔtɔ o. Vavãe, susu nyui geɖewo le mía si fifia wu tsã siwo ta míakpɔ dzidzɔ be “[míele zɔzɔm le] Yehowa ƒe kekeli me!”—Yes. 2:5; Ps. 43:3; Lod. 4:18.

19. Nu ka tae wòle be ame siwo dze axɔ nyɔnyrɔ la naɖe afɔ ma heheɖemegbemanɔmee?

19 Ne èdi be ‘yeazɔ le Yehowa ƒe kekeli me’ gake mèkpɔ nye Kristotɔ ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ haɖe o la, mègahe ɖe megbe o. Wɔ nu sia nu si hiã be nàɖo Biblia me nudidi siwo ana nàdze axɔ nyɔnyrɔ la gbɔ. Esiae nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nu siwo Mawu kple Kristo wɔ na wò la ŋu. Tsɔ wò ŋutilãmenunɔamesi xɔasitɔ kekeake, si nye wò agbe la, na Yehowa. Dze Mawu ƒe Vi la yome nàtsɔ aɖee afia be yeɖoe be yeawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. (2 Kor. 5:14, 15) Ðikeke mele eme o be, esiae nye agbenɔnɔmɔ nyuitɔ kekeake!

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nu ka ƒe kpeɖodzie míaƒe nyɔnyrɔxɔxɔ nye?

• Yayra kawoe dona tso adzɔgbeɖeɖe na Mawu kple nyɔnyrɔxɔxɔ me?

• Nu ka tae nusɔsrɔ̃ tso Yesu gbɔ le vevie ŋutɔ?

• Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ zɔzɔm ɖe agbenɔnɔmɔ nyuitɔ la nu?

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Wò nyɔnyrɔxɔxɔ aɖee afia be ètia agbenɔnɔmɔ nyuitɔ la

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Ðe nèle dedie le dziƒoʋĩtɔ la ƒe ‘bebeƒea’?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe