INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/15 axa 22-23
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nyɔnyrɔxɔxɔ Ana Nàkpɔ Yayra Geɖe!
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Ðe Wòle Be Woaganyrɔ̃ Wò Akea?
    Nyɔ!—1994
  • Nu Kae Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Kristotɔzuzu Bia Be Ame Naxɔ Nyɔnyrɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/15 axa 22-23

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nɔnɔme kawo mee wòate ŋu ahiã le be ame nabu nyɔnyrɔxɔxɔ ake ŋu?

Le nɔnɔme aɖewo me la, ame aɖe si xɔ nyɔnyrɔ xoxo la ate ŋu abui be nya ku ɖe yeƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu, eye wòanɔ eŋu bum ne ahiã be woagbugbɔ anyrɔ ye mahĩ. Ðewohĩ le ɣeyiɣi si me amea xɔ nyɔnyrɔ la, enɔ nɔnɔme aɖe me, alo nɔ gome kpɔm le nuwɔna aɖe me, si ate ŋu ana woaɖee le hame hafi ne ɖe wòxɔ nyɔnyrɔ xoxo. Ðe ame si le nɔnɔme mawo me ate ŋu aɖe adzɔgbe na Mawua? Nenye ɖe wòdzudzɔ nuwɔna ma si dzi Ŋɔŋlɔawo meda asi ɖo o la xoxo ko hafi nya aɖeke maku ɖe eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ŋu o. Eya ta esɔ be ame si xɔ nyɔnyrɔ togbɔ be enɔ nɔnɔme ma si nye ŋkubiãnya me hafi la natiae be yeagbugbɔ axɔ nyɔnyrɔ ake.

Ke ame si menɔ nuvɔ̃gbe aɖeke nɔm hafi xɔ nyɔnyrɔ o, evɔ wòva wɔ nu gbegblẽ aɖe le eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe si bia be woaɖo ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ɖe eŋu ya ɖe? Ke ne amea gblɔ be le yeƒe nyɔnyrɔxɔɣia la yemese nu si wɔm yenɔ la gɔme nyuie o, esia ta nya ku ɖe nyɔnyrɔ si yexɔ ŋu ya ɖe? Ne hamemetsitsiwo nɔ anyi ɖe nu vɔ̃ wɔla aɖe ƒe nya ŋu la, mele be woatsɔ nya aɖeke ɖe eƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu ahabiae nenye be esusu be nya aɖe ku ɖe yeƒe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu hã o. Le nyateƒe me la, ese nuƒo si wotu ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi si ku ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ ƒe vevienyenye ŋu. Eɖo nyabiase siwo ku ɖe adzɔgbeɖeɖe kple nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la ŋu be ɛ̃. Eyome eɖɔli eƒe awuwo hena wonyrɔe ɖe tsi me. Eya ta asɔ be míaƒo nya ta be ese nu si wɔm wònɔ la ƒe vevienyenye gɔme nyuie. Eya ta hamemetsitsiawo akpɔ eƒe nyaa gbɔ abe ame si xɔ nyɔnyrɔ ene.

Ne amea gblɔ nya aɖewo siwo fia be ebui be nya ku ɖe yeƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ŋu la, ekema hamemetsitsiwo ate ŋu ahe eƒe susu ayi Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo nye March 1, 1960, axa 159 kple 160, kpakple February 15, 1964, axa 123 va se ɖe 126 dzi, afi si wodzro nyɔnyrɔxɔxɔ ake ŋuti nyawo me le tsitotsito. Ne ame aɖe agaxɔ nyɔnyrɔ ake le nɔnɔme aɖewo (abe Biblia ƒe nufiafiawo gɔmemasemase nyuie) ta la, eya ŋutɔ ƒe nyametsotsoe wòanye.

Nu kawo ŋue wòle be Kristotɔwo nabu ne eva hiã be woa kple ame bubuwo nanɔ xɔ alo aƒe ɖeka me?

Ame sia ame hiã afi si wòatsɔ ta aziɔ ɖo. Gake egbea la, ame geɖewo li siwo ŋutɔwo si aƒe mele o. Ganyawo ƒe sesẽ, lãmesẽnyawo, alo nɔnɔme bubuwo ate ŋu ana wòava hiã be ƒome abɔlegbe me tɔwo kple ƒometɔ kplikplikpli aɖewo nava nɔ xɔ ɖeka me. Le xexea ƒe akpa aɖewo la, ƒometɔ geɖewo tea ŋu nɔa xɔ nugoeɖeka me, si wɔnɛ be ame ɖokui si nɔnɔ aɖeke menɔa anyi o.

Menye Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe agbanɔamedzi wònye be wòawɔ se gbogbo aɖewo ku ɖe aƒe alo xɔ si me wòasɔ be ame aɖe nanɔ la ŋu na xexea me katã ƒe hamea o. Wode dzi ƒo na Kristotɔwo be woazã Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo atsɔ akpɔe ɖa be ale si nɔnɔmeawo le le xɔ si me yewomlɔna me la sɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu loo alo mesɔ ɖe wo nu o hã. Gɔmeɖose mawo dometɔ aɖewoe nye kawo?

Nu vevi aɖe si ŋu wòle be míade ŋugble le lae nye ŋusẽ si teƒe ɖeka nɔnɔ kple ame bubuwo akpɔ ɖe míawo ŋutɔwo kple míaƒe tenɔnɔ le gbɔgbɔ me dzi. Ame kawo ƒomevie ame siawo nye? Yehowa subɔlawoe wonyea? Ðe wonɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nua? Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Migana woakplɔ mi atrae o. Hadede vɔ̃wo gblẽa nɔnɔme nyuiwo.”—1 Kor. 15:33.

Ŋɔŋlɔawo fia mí be Yehowa lé fu matrewɔwɔ kple ahasiwɔwɔ. (Heb. 13:4) Eya ta edze ƒãa be afi si ame amlɔ ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe si awɔe be ŋutsu kple nyɔnu siwo menye srɔ̃tɔwo o nanɔ xɔ ɖeka me wòadze abe srɔ̃tɔwoe wonye ene la madze Mawu ŋu o. Kristotɔ madi gbeɖe be yeanɔ teƒe si woɖe mɔ ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu le o.

Gawu la, Biblia xlɔ̃ nu ame siwo katã di be yewoƒe nu nadze Mawu ŋu la be ‘woasi le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ nu.’ (1 Kor. 6:18) Eya ta nunya anɔ eme be Kristotɔ naƒo asa na aƒe alo xɔ si me wòanɔ ƒe ɖoɖo ɖe sia ɖe si ate ŋu awɔe be wòava ƒo eɖokui ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe nuwɔnawo me la wɔwɔ. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be Kristotɔ geɖewo mlɔa aƒe ɖeka me. Ðe aƒe ma me nɔnɔ ate ŋu awɔe be ame nava kpɔ eɖokui le nɔnɔme aɖe si ana wòawɔ nu gbegblẽ la mea? Ke ne eva dzɔ be ŋutsu kple nyɔnu siwo menye srɔ̃tɔwo o ɖeɖe va susɔ ɖe aƒea me le esi aƒea me nɔla susɔeawo, siwo wòle be woanɔ anyi hafi la, do go vie ta ya ɖe? Nenema kee ne ŋutsu kple nyɔnu siwo nye trewo siwo ƒe nu léa dzi na wo nɔewo la le aƒe ɖeka me la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe nuwɔnawo me. Nunya le eme be ame naƒo asa na teƒe aɖe si nɔnɔ ate ŋu akplɔe ade nɔnɔme mawo tɔgbi me.

Azɔ hã, masɔ be atsu kple asi siwo gbe wo nɔewo la nakpɔtɔ anɔ aƒe ɖeka me o. Esi wònye be srɔ̃tɔwo dome lɔlɔ̃ nɔ wo dome va yi ta la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be woava ƒo wo ɖokuiwo ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe nuwɔnawo me.—Lod. 22:3.

Nu mamlɛtɔ si hã gale vevie, si ŋu wòle be ame nabu, ye nye ale si ame siwo le nutoa me la abu eƒe nyametsotsowoe. Ne Kristotɔ aɖe bui be teƒe si yele la sɔ evɔ nutoa me tɔwo ya meƒoa nu nyui tso eŋu o la, ke ele be wòawɔ asitɔtrɔ siwo hiã. Míadi gbeɖe be míaƒe nuwɔna nahe vlodoame ava Yehowa ƒe ŋkɔ dzi o. Paulo gblɔ be: “Migazu nukikli na Yudatɔwo kple Helatɔwo kpakple Mawu ƒe hame la o, abe ale si nye hã mele amewo katã ŋu dzem le nuwo katã me, eye nyemele nye ŋutɔ nye nyonyo dim o, ke boŋ ame geɖewo tɔ, bene woakpɔ ɖeɖe, la ene.”—1 Kor. 10:32, 33.

Aƒe alo xɔ si me ame anɔ ƒe ɖoɖo si sɔ wɔwɔ ate ŋu anye nu sesẽ na ame siwo dina be yewoalé Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi. Ke hã, ele be Kristotɔwo ‘nayi edzi anɔ nuwo dom kpɔ, be wodze Aƒetɔ la ŋu hã.’ Ele be woakpɔ egbɔ be nu gbegblẽ wɔwɔ aɖeke mele edzi yim le woƒe aƒe me o. (Ef. 5:5, 10) Esia bia be Kristotɔwo nado gbe ɖa abia Mawu ƒe mɔfiafia eye woawɔ nu sia nu si woate ŋui be woawɔ nu siwo ade wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi le ŋutilã me kple agbe nyui nɔnɔ siaa gome kpakple nu si akɔ Yehowa ƒe ŋkɔ nyui la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe