Ta 28
Wobia Nyae ku ɖe Nutsitsidɔ Ŋu
ANYE ƒe ɖeka kloe nye sia tso esime Yesu de ƒe 30 M.Ŋ. ƒe Pentekoste-ŋkekenyuie la ɖuƒe. Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela la le game ɣleti geɖee nye sia. Togbɔ be edi be yeƒe nusrɔ̃lawo nazu Kristo yomedzelawo hã la, menye wo katãe zui o.
Fifia Yohanes si wode game la ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ aɖewo va Yesu gbɔ eye wobiae be: “Nukaŋuti míawo kple farisitɔwo míetsia nu dɔna atraɖii, ke wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o mahã?” Farisitɔwo tsia nu dɔna zi eve le kwasiɖa me abe woƒe mawusubɔsubɔkɔnu ene. Eye ɖewohĩ Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo hã wɔa kɔnu ma tɔgbe aɖe. Ate ŋu anye hã be wonɔ nu tsim dɔ be yewoatsɔ afa konyie ɖe Yohanes ƒe gamenɔnɔ ta eye anɔ wɔwɔm na wo be nukatae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mekpe ɖe yewo ŋu le konyifafa sia me o hã.
Le nya ŋu ɖoɖo na wo me la, Yesu ɖe nu me be: “Alo ɖe ŋugbetɔsrɔ̃ la ƒe xɔlɔ̃wo ate ŋu afa konyi, ŋkeke alesi ŋugbetɔsrɔ̃ la li kpli wo mahã? Ke ŋkekewo gbɔna, esime woatsɔ ŋugbetɔsrɔ̃ la ayii le wo gbɔ la, ekema woatsi nu adɔ.”
Ele be Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo naɖo ŋku edzi be Yohanes ŋutɔ yɔ Yesu be Ŋugbetɔsrɔ̃. Eyata esime Yesu li la, Yohanes mabui be esɔ be yeatsi nu adɔ o, eye Yesu ƒe nusrɔ̃lawo hã mebui nenema o. Emegbe esi Yesu ku la, eƒe nusrɔ̃lawo fa konyi eye wotsi nu dɔ. Gake esi wofɔe ɖe tsitre eye wòyi dziƒo la, susu aɖeke megali si tae woafa konyi ahatsi nu adɔ o.
Yesu yi edzi wɔ kpɔɖeŋu siawo be: “Ame aɖeke metsɔa avɔ matakpɔ ƒe nuɖeɖi hekaa avɔ xoxo o; elabena nuɖeɖi, si wotsɔ kae la, aho avɔ la ɖe eɖokui ŋu, eye eƒe vuvu la awu tsãtɔ. Wometsɔa aha yeye hã dea lãgbalẽgolo xoxowo me o; ke ne menye nenem o la, lãgbalẽgolowo awo, eye aha la aƒu gbe, eye lãgbalẽgolowo agblẽ; ke wotsɔa aha yeye dea lãgbalẽgolo yeye me.” Nutsitsidɔ ƒe nya kae tsɔ kpɔɖeŋu siawo gbɔ?
Yesu nɔ kpekpem ɖe Yohanes Amenyrɔ̃ɖetsimela ƒe nusrɔ̃lawo ŋu be woase egɔme be mele be ame aɖeke nakpɔ mɔ be yeƒe nusrɔ̃lawo nanɔ agbe ɖe Yuda-subɔsubɔha xoxoa ƒe nuwɔnawo, abe nutsitsidɔ si wowɔna abe kɔnu ene, nu o. Menye ɖe wòva be yeaka tadedeagu ƒe nuɖoanyi xoxo siwo zu belibeli, si esusɔ vie woatsɔ wo aƒu gbe la eye yeana woanɔ anyi adidi ɖe edzi o. Womana Kristotɔnyenye nasɔ ɖe Yudatɔnyenye si nɔ anyi le eƒe ŋkekea me kpakple eƒe amegbetɔwo ƒe kɔnyinyiwo nu o. Ao, ɖeko wòanɔ abe avɔ yeye tsɔtsɔ ka awu xoxo ene alo abe aha yeye kɔkɔ ɖe lãgbalẽgolo xoxo me ene. Mateo 9:14-17; Marko 2:18-22; Luka 5:33-39; Yohanes 3:27-29.
▪ Amekawoe nɔ nu tsim dɔ, eye kple taɖodzinu ka?
▪ Nukatae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna esime wòli kpli wo o, eye emegbe aleke nusitae woafa konyi ahatsi nu dɔ ɖo la nu ava yi kabae?
▪ Kpɔɖeŋu kawoe Yesu wɔ, eye wo gɔme ɖe?