INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 29-31
  • Aɖe Yeyewo Dodo Mawu Gbɔe Wòtsoa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aɖe Yeyewo Dodo Mawu Gbɔe Wòtsoa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Wote Gbe Bubuwo Dodo”
  • Enye Dzesi Be Mawu Le Megbe Na Wo
  • Enye Mɔnu Si Woto Kaka Nya Nyuia
  • Ðe Aɖe Yeye Siwo Wodona Egbea Nye Dzesi Be Mawu Le Megbe Na Wo?
  • Ðe Aɖe Yeye Siwo Wodona Egbea Nye Mɔ Si Dzi Wotona Kakaa Nya Nyuia?
  • Ame Kawo Ƒe Nuwɔnawo Mee Wòdzena Le Be Gbɔgbɔ Kɔkɔe Le Wo Dzi?
  • Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Aɖe Yeyewo Dodo Ŋu?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 29-31

Aɖe Yeyewo Dodo Mawu Gbɔe Wòtsoa?

DEVON gblɔ be: “Eme mekɔna nam kura o. Gbɔgbɔ dzea ame geɖe dzi kwasiɖa sia kwasiɖa le sɔleme, eye wodoa gbegbɔgblɔ vovovowo. Ame siawo dometɔ aɖewo menɔa agbe nyui kura o. Nye ya medzea agbagba be manɔ agbe nyui ale si dze. Gake ne medo gbe ɖa bia gbɔgbɔa alekeleke hã la, gbeɖea koe. Nyemesea egɔme o.”

Gabriel hã dea sɔleme aɖe, eye edzena abe amewo xɔa gbɔgbɔ kɔkɔea hedoa aɖe yeyewo ene. Egblɔ be: “Nu si ɖea fu nam ye nye be, ne mele gbe dom ɖa la, ame bubuwo tɔtɔa nye gbedodoɖa me nam esi wonɔa ɣli dom lélélé le gbe si nye kpli wo siaa míese o me. Meɖea vi na mía dometɔ aɖeke o. Menye taɖodzinu gbagbe aɖe tae wòle be ame naxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔa ɖo oa?”

Devon kple Gabriel ƒe nuteƒekpɔkpɔa fɔ nyabiase vevi aɖe ɖe te: Mawu gbɔe wòtso be amewo doa aɖe yeyewo le sɔlemeha aɖewo me egbea? Hafi míaɖo nya ma ŋu la, anyo be míadzro ale si wona ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ aɖewo do gbe bubuwo la me.

“Wote Gbe Bubuwo Dodo”

Míexlẽ le Biblia me be wona ŋusẽ ŋutsu kple nyɔnu aɖewo wodo gbe bubu siwo womesrɔ̃ kpɔ o. Nu sia dzɔ zi gbãtɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi, si nye kwasiɖa ʋɛ aɖewo le Yesu Kristo ƒe ku megbe. Gbe ma gbe la, Yesu ƒe nusrɔ̃la 120 kloe ƒo ƒu ɖe Yerusalem, eye “gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ, eye wote gbe bubuwo dodo.” Ame siwo tso duta la ƒe “nu ku, elabena wo dometɔ ɖe sia ɖe see wonɔ ye ŋutɔ degbe dom.”—Dɔwɔwɔwo 1:15; 2:1-6.

Biblia ƒo nu tso Yesu yome dzela gbãtɔwo dometɔ bubu siwo wona ŋutete wɔnuku siae la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, gbɔgbɔ kɔkɔea na Paulo tea ŋu doa gbegbɔgblɔ geɖewo wòwɔa nuku. (Dɔwɔwɔwo 19:6; 1 Korintotɔwo 12:10, 28; 14:18) Gake le nyateƒe me la, ele be taɖodzinu nanɔ gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana ɖe sia ɖe si tso Mawu gbɔ la ŋu. Taɖodzinu ka tae wona ame aɖewo do aɖe yeyewo le Biblia ŋlɔɣi ɖo?

Enye Dzesi Be Mawu Le Megbe Na Wo

Paulo ŋlɔ ɖe agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔwo le Korinto dua me, ame siwo dometɔ aɖewo anya doa aɖe yeyewo, la me be “gbegbɔgblɔ bubuwo dodo nye dzesi . . . na dzimaxɔsetɔwo.” (1 Korintotɔwo 14:22) Eya ta hekpe ɖe nukunu bubu siwo Kristo hame si woɖo anyi yeyee ɣemaɣi la me tɔ aɖewo wɔ ŋu la, aɖe yeyewo dodo hã nye dzesi be Mawu da asi ɖe wo dzi hele megbe na wo. Nukununana mawo nɔ abe mɔfiadzesi ene na ame siwo nɔ nyateƒea dim, eye wòfia wo afi si wòle be woaɖo tae ne wole ame siwo Mawu tia la dim.

De dzesii be Biblia megblɔ be Yesu alo nyagblɔɖila siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la dometɔ aɖe do gbe si mesrɔ̃ o. Eya ta edze ƒãa be taɖodzinu bubu aɖe hã tae wona Yesu ƒe nusrɔ̃lawo do aɖe yeyewo.

Enye Mɔnu Si Woto Kaka Nya Nyuia

Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzedze teti ko la, ede dɔ asi na eƒe nusrɔ̃lawo be woagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia na Yudatɔwo ɖeɖe ko. (Mateo 10:6; 15:24) Ema tae ƒãa hafi woyina ɖaɖea gbeƒã le teƒe bubu. Gake nuwo ava trɔ kpuie.

Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre teti la, ede dɔ asi na eyomedzelawo be, woawɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo.” Egblɔ na wo hã be woaɖi ɖase tso ye ŋu “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Mateo 28:19; Dɔwɔwɔwo 1:8) Hafi woate ŋu akaka nya nyuia aɖo anyigba ƒe seƒe ke la, ahiã be woase gbe bubuwo kpe ɖe Hebrigbe ŋu.

Gake nusrɔ̃la gbãtɔ siawo dometɔ geɖe nye “ame manyagbalẽwo kple ame tsɛwo.” (Dɔwɔwɔwo 4:13) Aleke woawɔ aɖe gbeƒã va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke, afi si wodoa gbe bubu siwo womese kpɔ kaka ahayi wo srɔ̃ ge o le? Gbɔgbɔ kɔkɔea kpe ɖe ame siawo, siwo me dzo nɔ, eye ŋutete tɔxɛ nɔ wo si la dometɔ aɖewo ŋu be wote ŋu ɖe gbeƒã eme kɔ nyuie le gbegbɔgblɔ siwo womesrɔ̃ kpɔ o la me.

Eya ta taɖodzinu vevi evee nɔ aɖe yeyea dodo ŋu. Gbã la, enye dzesi be Mawu le megbe na wo. Evelia, enye mɔ vevi aɖe si dzi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ato awɔ dɔ si wode asi na wo be woaɖe gbeƒã na gbe bubu dolawo. Ðe aɖe yeye siwo wodona le sɔlemeha geɖewo me egbea la ɖoa taɖodzinu mawo ke gbɔa?

Ðe Aɖe Yeye Siwo Wodona Egbea Nye Dzesi Be Mawu Le Megbe Na Wo?

Afi kae nàda mɔfiadzesi ɖo hafi wòate ŋu aɖe vi na ame siwo le miaƒe nutoa me? Ðe nàdae ɖe xɔ sue aɖe mea? Kpao! Nuŋlɔɖi siwo ku ɖe nu si dzɔ le Pentekoste ŋkekea dzi ŋu la na míenya be “ameha” siwo nɔ eme tsom la kpɔ dzesi si nye ale si nusrɔ̃lawo nɔ gbegbɔgblɔ bubu domee la. Nu si do tso emee nye be, wotsɔ “luʋɔ abe akpe etɔ̃ ene” kpe wo. (Dɔwɔwɔwo 2:5, 6, 41) Ne sɔlemexɔ me koe ame siwo doa aɖe yeyewo egbea la donɛ le la, aleke ameha siwo nye dzimaxɔsetɔwo awɔ ade dzesi wo?

Mawu ƒe Nya la gblɔ be agbe gbegblẽ nɔnɔ kple “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” xea mɔ na gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe dɔwɔwɔ, eye wògblɔ kpee be “ame siwo wɔa nu siawo la, womanyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome o.” (Galatiatɔwo 5:17-21) Ne èkpɔ ame siwo ƒe agbenɔnɔ mesɔ o wole aɖe yeye dom la, esɔ be nàbia be: ‘Ðe susu anɔ eme be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe anɔ ame siwo ɖonɛ koŋ wɔa nu siwo ŋu Mawu ƒe Nya la tsi tsitre ɖo la dzia, eye ɖe ema manye amefuflu oa?’ Ðeko esia le abe ale si woatrɔ mɔfiadzesi wòaɖo ta teƒe bubu ene.

Ðe Aɖe Yeye Siwo Wodona Egbea Nye Mɔ Si Dzi Wotona Kakaa Nya Nyuia?

Taɖodzinu bubu ka hãe nɔ aɖe yeye si apostoloawo do ŋu? Ðe aɖe yeye si wodona le sɔlemehawo me nye mɔnu si wozãna tsɔ ɖea gbeƒã na gbe bubu dolawoa? De dzesii be ame siwo nɔ eteƒe le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi le Yerusalem la tso dukɔ vovovowo me, eye wose gbe siwo nusrɔ̃lawo do nukutɔe la gɔme nyuie. Gake ame aɖeke mesea nya siwo wogblɔna ne wole aɖe yeyewo dom egbea la gɔme o.

Eya ta eme kɔ ƒãa be aɖe yeye si Yesu yome dzela gbãtɔ siwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔea do la to vovo sãa na esi wodona egbea. Le nyateƒe me la, nuŋlɔɖi aɖeke meli si ɖo kpe edzi be wogana ŋusẽ wɔnuku ma ame aɖeke le apostoloawo ƒe ku megbe o. Ame sia ame si xlẽa Biblia la alɔ̃ ɖe edzi be nya sia nye nyateƒe. Apostolo Paulo gblɔ ɖi tso gbɔgbɔa ƒe nunanawo, siwo me aɖe yeye dodo hã le, la ŋu be: “Woava ɖee ɖa.” (1 Korintotɔwo 13:8) Aleke ame aɖe awɔ anya ame siwo dzi gbɔgbɔ kɔkɔea le egbea?

Ame Kawo Ƒe Nuwɔnawo Mee Wòdzena Le Be Gbɔgbɔ Kɔkɔe Le Wo Dzi?

Yesu ŋutɔ nyae nyuie be aɖe yeye dodo nu ava yi le Kristo hamea ɖoɖo vɔ megbe teti. Hafi Yesu naku la, eƒo nu tso nane si woatsɔ ade dzesi eyomedzela vavãwo ɣesiaɣi la ŋu. Egblɔ be: “Esia me amewo katã anyae le be nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Wogblɔ le mawunyakpukpui si gblɔ be gbɔgbɔa ƒe nunanawo nu ava yi la ke me be: “Lɔlɔ̃ nu metsina gbeɖe o.”—1 Korintotɔwo 13:8.

Lɔlɔ̃e nye gbɔgbɔa ƒe ‘ku’ asiekeawo ƒe gbãtɔ si woyɔ. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eya ta ele be ame siwo dzi Mawu ƒe gbɔgbɔa le—siwo ƒe nuwɔna me wòdzena le be Mawu le megbe na wo—la nalɔ̃ wo nɔewo vevie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔa ƒe ku etɔ̃liae nye ŋutifafa. Esia ta ele be ame siwo dzi Mawu ƒe gbɔgbɔa le la nanye ŋutifafame siwo medea mama amewo me o, eye womekpɔa gome le ŋutasesẽ me hã o.

Gakpe ɖe eŋu la, ànya ɖo ŋku nya si Yesu gblɔ ɖi le Dɔwɔwɔwo 1:8 dzi. Egblɔ ɖi be yeƒe nusrɔ̃lawo axɔ ŋusẽ, eye woaɖi ɖase tso ye ŋu “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.” Egblɔ hã be woanɔ dɔ sia wɔm “va se ɖe xexea me ƒe nuwuwu.” (Mateo 28:20, Eʋegbe Biblia) Eya ta gbeƒãɖeɖedɔ sia si wɔm wole le xexea me godoo lae woatsɔ anɔ dzesi dem ame siwo dzi gbɔgbɔ kɔkɔea le vavã.

Ðe menye nenemae oa? Ame kawo ƒe nuwɔnawo mee wòdzena le be gbɔgbɔ kɔkɔea le wo dzi? Ame kawo ƒe nuwɔnawo mee gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ku siwo nye lɔlɔ̃ kple ŋutifafa dzena le ale gbegbe be dziɖuɖuwo wɔa fu wo esi wogbe be yewomayi aʋa o ta? (Yesaya 2:4) Ame kawoe dzea agbagba be yewoaƒo asa na ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo, siwo dometɔ aɖee nye agbe gbegblẽ nɔnɔ, eye woɖea ame siwo wɔa nu siawo gake wogbe dzimetɔtrɔ la ɖa le woƒe ha me? (1 Korintotɔwo 5:11-13) Ame kawoe ɖea gbeƒã le anyigba katã dzi egbea be Mawu Fiaɖuƒea koe wòle be amegbetɔwo katã nanɔ mɔ kpɔm na?—Mateo 24:14.

Agbalẽ sia talawo lɔ̃ ɖe edzi kɔtɛ be Yehowa Ðasefowo ƒe agbenɔnɔe sɔ ɖe nu si Biblia gblɔ tso ame siwo dzi gbɔgbɔ kɔkɔea le la nu. Ðe manyo be nàdi woƒe mɔ ne wò ŋutɔ nàkpɔe ɖa be woawoe Mawu le megbe na vavã hã oa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe