Na Míaɖo Dze Tso Gbɔgbɔ Kɔkɔea Ŋu
YEHOWA ÐASEFOWO lɔ̃a Biblia me dzodzro kple amewo. Èse Biblia me nya aɖe kpɔ, si ŋu nèdi be yeabia nya lea? Ðe nèdi be yeanya nu tso Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔsewo alo subɔsubɔ ŋu geɖe wua? Ne nenemae la, ekema ɣesiaɣi si nèkpɔ Yehowa Ðasefo aɖe la, àte ŋu abiae faa. Adzɔ dzi nɛ be yeadzro eme kpli wò.
Na míakpɔ ale si Yehowa Ðasefowo ɖoa dze kple amewoe la ƒe kpɔɖeŋu aɖe ɖa. Tsɔe be Ðasefo si ŋkɔe nye Blewusi ge ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Mawuli dzi.
Nu Kae Nye Gbɔgbɔ Kɔkɔe?
Mawuli: Mese be Yehowa Ðasefowo mexɔ Yesu dzi se o. Miexɔ gbɔgbɔ kɔkɔe hã dzi se o.
Blewusi: Míexɔ Yesu dzi se. Esi mexɔ Yesu Kristo dzi se tae meva do ɖe dziwò ŋdi sia ɖo. Elabena eyae de dɔ asi na eyomedzelawo be woaɖe gbeƒã. Gake mabia wò lo: Nu kae nèsusu be gbɔgbɔ kɔkɔea nye?
Mawuli: Enye Mawu ƒe akpa aɖe; eyae nye ame etɔ̃lia, kpeɖeŋutɔ si Yesu do ŋugbe be yeaɖo ɖe mí. Kpeɖeŋutɔ ma ƒe nya le vevie nam ŋutɔ. Medi be gbɔgbɔ kɔkɔe nawɔ dɔ le menye.
Blewusi: Ame geɖe bua gbɔgbɔ kɔkɔe abe ale si ko wò hã nèbui ene. Mɔnukpɔkpɔ su asinye ɣeaɖeɣi medzro nu si Biblia fia tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu la me. Ne ɣeyiɣi vi aɖe le asiwò la, madi be maɖe nu si mesrɔ̃ le eŋu la me na wò.
Mawuli: Míate ŋu adzro eme faa.
Blewusi: Ŋkɔnyee nye Blewusi. Meɖe kuku, tɔwò ɖe?
Mawuli: Ŋkɔnyee nye Mawuli. Ke wòe zɔ!
Blewusi: Yoo! Nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò fũu o, eya ta míadzro nu ɖeka pɛ ko me le gbɔgbɔ kɔkɔe ŋu. Ègblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔeae nye kpeɖeŋutɔ si ŋugbe Yesu do na mí. Nye hã melɔ̃ ɖe edzi nenema. Gake ewɔ nam be ègblɔ hã be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye, eye be wòa kple Mawu wosɔ, alo?
Mawuli: Ɛ̃, nenemae wofiam.
Amee Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nyea?
Blewusi: Enyo, na míayi Biblia me ne míakpɔe ɖa be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye loo alo menye amee o hã. Ðewohĩ ènya mawunyakpukpui sia nyuie. Na míaxlẽ Dɔwɔwɔwo 2:1-4. Míexlẽ le afi ma be: “Ke esi Pentekoste ŋkekenyui la nɔ edzi yim la, wo katã wonɔ teƒe ɖeka, eye kasia wose nane ƒe ɖiɖi tso dziƒo abe ya sesẽ aɖee ƒo ene, eye wòxɔ aƒe si me wonɔ la katã me. Eye wokpɔ aɖe siwo le abe dzo ƒe aɖewo ene kaka ɖe wo dome, eye ɖeka dze ɖe wo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye gbɔgbɔ kɔkɔe yɔ wo katã taŋ, eye wote gbe bubuwo dodo, abe ale si gbɔgbɔ la na wo be woaƒo nui ene.”
Mawuli: Menya ŋutinya ma nyuie.
Blewusi: Enyo, Mawuli, ɖe ame ate ŋu ayɔ ame bubu taŋ nyateƒea?
Mawuli: Mate ŋu adzɔ o.
Blewusi: Na míagaxlẽ nya bubu le ta ma ƒe kpukpui 17 lia. Kpukpui ma ƒe akpa gbãtɔ xlẽ be: “Mawu gblɔ be: ‘Le ŋkeke mamlɛawo me la, matrɔ nye gbɔgbɔ la ƒe ɖe akɔ ɖe ŋutilã ɖe sia ɖe ƒomevi dzi.’” Meɖe kuku mabia lo, ɖe Mawu atrɔ eɖokui ƒe akpa aɖe akɔ ɖia?
Mawuli: Esia hã mate ŋu adzɔ o.
Blewusi: Yohanes Amenyrɔɖetsimela hã zã nya bubu tsɔ ƒo nu tso ale si gbɔgbɔ kɔkɔea ayɔ amewo taŋ la ŋuti. Eƒe nyawo dze le Mateo 3:11. Àdi be yeaxlẽe míasea?
Mawuli: “Nye la, metsɔ tsi le mia nyrɔm le miaƒe dzimetɔtrɔ ta; gake ame si le megbenye gbɔna la tri akɔ wum, ame si ƒe afɔkpawo nyemedze aɖe o. Ame ma atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo anyrɔ mi.”
Blewusi: Akpe. Ède dzesi nu si Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔ be woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea awɔa?
Mawuli: Ebe woatsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea anyrɔ amewo.
Blewusi: Nenema tututue. De dzesii be egblɔ be woatsɔ dzo hã anyrɔ amewo. Mí katã míenya be menye amee dzo nye o. Ekema èsusu be ɖe mawunyakpukpui sia me nyawo fia be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nyea?
Mawuli: Kpao.
Blewusi: Eya ta mawunyakpukpui siwo me míedzro la fia be menye amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye o.
Mawuli: Edze nenema.
Aleke Wònye “Kpeɖeŋutɔe”?
Blewusi: Gake ègblɔ va yi be gbɔgbɔ kɔkɔea nye “kpeɖeŋutɔ.” Yesu yɔ gbɔgbɔ kɔkɔea be “kpeɖeŋutɔ” nyateƒe le Yohanes 14:26. Na míaxlẽ afi ma kpɔ: “Gake kpeɖeŋutɔ la, si nye gbɔgbɔ kɔkɔe la, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔ me la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nu siwo katã megblɔ na mi la dzi na mi.” Ame aɖewo susuna be mawunyakpukpui sia le kpe ɖom edzi be amee gbɔgbɔ kɔkɔea nye, eye be ate ŋu akpe ɖe ame ŋu ahafia nu ame.
Mawuli: Nenemae nye hã mexɔe se.
Blewusi: Gake ɖe wòanye be kpɔɖeŋunya gblɔm Yesu le le afi sia? Se nya si Yesu gblɔ tso nunya ŋu le Luka 7:35 ɖa: “Ke hã, nunya ƒe viwo katã mee eƒe dzɔdzɔenyenye dzena le.” Ðe míagblɔ be amee nunya nye, eye viwo le esia?
Mawuli: Kpao. Eme kɔ ƒãa be kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe.
Blewusi: Nenemae. Nya si Yesu di be yeagblɔe nye be ame ƒe nuwɔna mee wòdzena le be edze nunya. Zi geɖe la, Biblia zãa kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si me woƒoa nu tso nu siwo me agbe mele o ŋu abe ɖe wole agbe ene. Mía ŋutɔwo hã míezãa kpɔɖeŋunyawo le míaƒe nuƒoƒo me gbe sia gbe. Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖe gblɔ be: “Ʋu fesrea, ne ya nage ɖe xɔa me” la, míase egɔme ɖe?
Mawuli: Nye ŋutɔ hã megblɔnɛ.
Blewusi: Gake ɖe wòafia be amee ya nye, eye míedi be wòava dze mí amedzroa?
Mawuli: Kpao, kura o. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔe.
Blewusi: Eya ta esi Yesu ƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu abe kpeɖeŋutɔ ene la, ɖe wòanye be kpɔɖeŋunya gblɔm wòlea?
Mawuli: Ewɔ nam nenema. Eye esia wɔ ɖeka kple mawunyakpukpui siwo nèxlẽ do ŋgɔ, si me wogblɔ le be wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe amewo dzi alo tsɔe nyrɔ amewo. Gake ne gbɔgbɔ kɔkɔea menye ame o ɖe, ekema nu kae?
Nu Kae Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nye?
Blewusi: Yesu gblɔ nu si gbɔgbɔ kɔkɔea nye na mí le Dɔwɔwɔwo 1:8. Àdi be yeaxlẽe míasea?
Mawuli: “Ke boŋ miaxɔ ŋusẽ ne gbɔgbɔ kɔkɔe la va mia dzi, eye mianye nye ɖasefowo le Yerusalem kple Yudea blibo la katã kple Samaria, eye va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”
Blewusi: De dzesii be Yesu gblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔe lae ana ŋusẽ naɖo apostoloawo ŋu. Eye le mawunyakpukpui siwo míexlẽ va yi ƒe nya nu la, afi kae nèsusu be ŋusẽ ma atso?
Mawuli: Atso Mawu, si nye Fofo la gbɔ.
Blewusi: Nenemae. Gbɔgbɔ kɔkɔe la kee nye ŋusẽ si Mawu zã tsɔ wɔ xexea. Mose Gbãtɔ 1:2 ƒo nu tso eŋu. Afi ma gblɔ be: “Mawu ƒe Gbɔgbɔ le agba sam le tsia dzi.” Wogaɖea Hebrigbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “gbɔgbɔ” la gɔme hã be “dɔwɔŋusẽ.” Enye dɔwɔŋusẽ makpɔmakpɔ si dzi Mawu tona wɔa eƒe tameɖoɖowo dzi alo gblɔa nu si wòdi. Azɔ na míagadzro mawunyakpukpui ɖeka pɛ ko me. Luka 11:13. Meɖe kuku, àxlẽe na mía?
Mawuli: “Eya ta ne mi, ame vɔ̃ɖiwo kura gɔ̃ hã, mienya ale si miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe Fofo si le dziƒo la mana gbɔgbɔ kɔkɔe ame siwo bianɛ la geɖe wu oa?”
Blewusi: Ne Fofo si le dziƒo la si mee gbɔgbɔ kɔkɔea le, eye wònanae ame siwo bianɛ la, ekema ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea agate ŋu anye Fofo la ŋutɔ kea?
Mawuli: Ao. Mese wò nyaa gɔme.
Blewusi: Mawuli, nyemedi be magblẽ ɣeyiɣi na wò o. Ègblɔ be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si. Gake mabia nya ɖeka ko tso nu si me míedzro ŋu. Le mawunyakpukpui siwo me míedzro nu la, nu kae nàgblɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea nye?
Mawuli: Mawu ƒe dɔwɔŋusẽe.
Blewusi: Èɖo eŋu nyuie ŋutɔ. Eye esi Yesu ƒo nu tso gbɔgbɔ kɔkɔea ŋu le Yohanes 14:26 abe kpeɖeŋutɔ alo nufiala ene la, kpɔɖeŋunya gblɔm wòle.
Mawuli: Nyemenya kpɔ o.
Blewusi: Nya fakɔname bubuwo gadze le nya siwo Yesu gblɔ me.
Mawuli: Nya kawoe?
Blewusi: Eyae nye be míate ŋu abia Mawu be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe la mí ne wòakpe ɖe mía ŋu le nɔnɔme sesẽwo me. Míate ŋu abia eƒe gbɔgbɔa be wòakpe ɖe mía ŋu míanya ame si tututu wònye.
Mawuli: Nya nyui aɖee ma. Ehiã be mabu eŋu.
Blewusi: Gake hafi madzo la, medi be magblẽ nya aɖe ɖe gbɔwò nànɔ eŋu bum. Esi wònye be gbɔgbɔ kɔkɔea nye Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ ta la, eme kɔ be míakpɔ mɔ be Mawu azãe atsɔ awɔ nu sia nu si wòdi.
Mawuli: Tututu.
Blewusi: Ekema nu ka tae mezã ŋusẽ triakɔ ma tsɔ ɖe nɔnɔme wɔnublanui kple nu vɔ̃ɖi wɔwɔ siwo katã teƒe kpɔm míele le xexea me godoo egbea la ɖa o? Èbu nya ma ŋu kpɔa?a
Mawuli: Ɛ̃, mebiaa nya ma.
Blewusi: Ne medi be matrɔ ava egbe alewo gbe be míadzro eme ɖe, anyo na wòa?
Mawuli: Adzɔ dzi nam ŋutɔ. Manɔ mɔ kpɔm na wò vevie.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi be woagakɔ nu geɖe me na ye la, ekema kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.