INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/1 axa 8
  • Kpɔ Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kpɔ Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mitsɔ Mawusosroɖa Kpe Ðe Miaƒe Dzidodo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Ameka Tututue Mawu Nye?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa?
    Àdi Be Yeanya Nyateƒe Laa?
  • Nyabiase Gbãtɔ: Taɖodzinu Aɖe Tae Mele Agbe Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/1 axa 8

Nu vevi atɔ̃lia

Kpɔ Wò Gbɔgbɔmenuhiahiãwo Gbɔ

NYA KAE BIBLIA GBLƆ? “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—Mateo 5:3.

NU KAE NYE MƆXENUA? Subɔsubɔha vovovo akpe geɖe ye li, eye nu siwo wo dometɔ geɖe fiana be eya dzie ame ato akpɔ eƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ la to vovo. Alekee nàwɔ anya esi fiaa nyateƒea eye eƒe nu dzea Mawu ŋu vavã? Agbalẽŋlɔla xɔŋkɔ aɖewo gblɔna be susu mele eme be woaxɔ Mawu dzi ase ahatsɔ ame ɖokui anae o, eye be dzixɔse sia gblẽa nu. Agbalẽ aɖe (Maclean’s) gblɔ nu si ame aɖe si mexɔ Mawu dzi se o la susu kpuie ale: “Kristotɔwo ƒe nufiafia si nye be nanewo li siwo míate ŋu akpɔ, ase, alo ase le mía ɖokui me o, eye dzɔdzɔmeŋutinunya hã mate ŋu aɖo kpe edzi be woli o la . . . wɔnɛ be amewo medea asixɔxɔ agbea ŋu o, eye wònana míedina be míawɔ nuvevi mía nɔewo.”

NU KAE NÀTE ŊU AWƆ? Dzro nu siwo ɖo kpe edzi be Mawu li la me nyuie. (Romatɔwo 1:20; Hebritɔwo 3:4) Mègana ame aɖeke naɖe dzi le ƒowò be nàgadi ŋuɖoɖo na biabia veviwo abe esiwo gbɔna la ene o: Nu ka tae míele afi sia ɖo? Ðe míeganɔa agbe le ku megbea? Nu ka tae fukpekpe li alea gbegbe ɖo? Nu kae Mawu di tso asinye? Hafi dzidzeme vavãtɔ nasu asiwò la, ele vevie be nàkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo.

Gake mègaxɔ nya sia nya si amewo agblɔ na wò la dzi se o. Mawu ƒe Nya la le dzi dem ƒo na wò be nàwɔ wò “tamebubu ŋutete” ŋu dɔ nàtsɔ ado nu si dzea eŋu la akpɔ na ɖokuiwò. (Romatɔwo 12:1, 2) Nu nyuiwo ado tso esia wɔwɔ me na wò godoo. Ne èdia ɣeyiɣi srɔ̃a Biblia hetsɔa eƒe mɔfiame nyuiwo wɔa dɔe la, àƒo asa na kuxiwo, wò dzimaɖitsitsiwo dzi aɖe akpɔtɔ, eye àkpɔ dzidzɔ geɖe wu le agbe me. Menye ŋugbedodo dzro aɖewo koe nya siawo nye o. Esi ame milion geɖe, siwo tso teƒe vovovowo va srɔ̃ ame si tututu Mawu nye henya eƒe tameɖoɖowo la, eɖe vi na wo. Le kpɔɖeŋu me, xlẽ amewo ƒe agbemeŋutinya siwo dze le magazine sia ƒe axa 18 va se ɖe 21 be nàkpɔ ale si wòɖe vi na amewoe ɖa.

Zi ale si Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo siwo me nunya le la dzi wɔwɔ le vi ɖem na wò la, zi nenemae nàtsɔ ɖokuiwò anɔ Mawu nam geɖe wu. Ðe manyo ŋutɔ be nàna Yehowa Ðasefowo nava srɔ̃ Biblia kpli wò oa? Ne èwɔe alea la, anɔ eme be wò hã àva lɔ̃ ɖe apostolo Paulo ƒe nya siawo dzi be: “Ðokuitsɔtsɔ na Mawu sia nye viɖenu gã, ne nu si le ame si la dzea ame ŋu.”—1 Timoteo 6:6.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 8]

Ka ɖe nu siwo dzea Mawu ŋu la dzi na ɖokuiwò

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe