INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/1 axa 7
  • Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Míawɔ Adze Xɔlɔ̃ Vavãwo?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tia Xɔlɔ̃ Siwo Lɔ̃ Mawu
    Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Lɔ̃ Ame Siwo Mawu Lɔ̃na
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
  • Yonatan​—“‘Mawue Wòwɔ Dɔ Kple’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/1 axa 7

Nu vevi enelia

Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo

NYA KAE BIBLIA GBLƆ? “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya.”—Lododowo 13:20.

NU KAE NYE MƆXENUA? Mía xɔlɔ̃wo ate ŋu ana míanye ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu alo ana míanye ame siwo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu o. Ale si wowɔa nui kple nya siwo wogblɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua agbeae dzi.—1 Korintotɔwo 15:33.

Le kpɔɖeŋu me, bu Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe ŋutsu 12 siwo yi ɖatsa ŋku le Kanaan nyigba dzi la ŋu kpɔ. Wo dometɔ akpa gãtɔ de “vɔvɔ̃ anyigba, si dzi wotsa ŋku le la, ŋu na Israel viwo.” Ke wo dometɔ eve ya ƒo nu nyui tso Kanaan nyigba ŋu gblɔ bena ‘enyo ʋuu keke tso me.’ Gake dzi ɖe le dukɔa ƒo le ŋkutsala ewoawo ƒe dziɖeleameƒonyawo ta. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Tete ha blibo la do ɣlikpɛ, eye Israel viwo katã lĩ liʋiliʋi.’—4 Mose 13:30–14:9.

Nenema kee egbea hã, ame geɖe “nye liʋiliʋililawo, ame siwo toa nyatoƒoe le woƒe agbe ŋuti.” (Yuda 16) Manɔ bɔbɔe be míaƒe dzi nadze eme nenye be míedea ha kple ame siwo ŋu nu medzena o.

NU KAE NÀTE ŊU AWƆ? De ŋugble le dze siwo mia kple xɔ̃wòwo mieɖona la ŋu kpɔ. Ðe xɔ̃wòwo ƒoa adegbe le nu siwo le wo si la ŋu, alo nɔa konyifafa dzi ɖaa le nu siwo mele wo si o la ŋua? Eye xɔ̃ ka ƒomevie wò ya nènye na wo? Ðe nèwɔa nu be xɔ̃wòwo naʋã ŋu wòa, alo èdea dzi ƒo na wo be woana nu siwo le wo si la nadze wo ŋua?

De ŋugble le kpɔɖeŋu si David, ame si ava zu fia, kple Yonatan, Fia Saul vi, ɖo la ŋu kpɔ. David va zu sisila le gbedzi. Fia Saul vɔ̃ be David ava ɖe ye le zi dzi, eya ta edi eƒe ku. Togbɔ be le ɖoɖoa nu la, Yonatan ye wòle be wòava nye fia ɖe fofoa teƒe hã la, eva zu David xɔlɔ̃ vevitɔwo dometɔ ɖeka. Yonatan se egɔme be David ye Mawu tia be wòanye fia ɖe ye fofo teƒe, eye edze eŋu be yeakpe ɖe ye xɔlɔ̃a ŋu.—1 Samuel 19:1, 2; 20:30-33; 23:14-18.

Xɔlɔ̃ siawo tɔgbie wòle be woanɔ asiwò, ame siwo kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu eye wotsɔa ɖe le wò nyonyo me vevie. (Lododowo 17:17) Ke hã, hafi xɔlɔ̃ siawo tɔgbi nasu asiwò la, ele be nɔnɔme mawo ke nanɔ wò ŋutɔ hã asiwò.—Filipitɔwo 2:3, 4.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 7]

Ðe xɔwòwo kpena ɖe ŋuwò be nànye ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋua?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe