Na Sɔhɛwo
Woda Gbe Le Kpodɔléla Aɖe Ŋu!
Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.
Ame siwo koŋ ŋu ŋutinyaa ku ɖo: Naeman, Elisa, kple Israel nyɔnuvi aɖe si ŋkɔ womeyɔ o
Ŋutinyaa toto ɖe eme: Aramtɔwo ƒe aʋafia Naeman nɔ dɔ vɔ̃ɖi aɖe lém. Israel nyɔnuvi aɖe gblɔ nɛ be wòayi aɖakpɔ nyagblɔɖila Elisa. Esi wòyi la, nyagblɔɖilaa da dɔa nɛ.
1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 2 FIAWO 5:1-19.
Esi wònye be ɖe wokplɔ Israel nyɔnuvia tso eƒe ƒometɔ siwo vɔ̃a Mawu gbɔ la, aleke nèsusu be anya nɔ sesem le eɖokui me?
․․․․․
Aleke nèsusu be Naeman, si nye kalẽtɔ, si dɔléle vɔ̃ɖi ma nɔ fu ɖem na la, anya atɔtɔ le eɖokui mee?
․․․․․
Le kpukpui 11 lia va se ɖe 13 lia me la, aleke nèsusu be dzeɖoɖoa anya nɔ le Naeman kple esubɔviwo dome?
․․․․․
Le kpukpui 15 lia ƒe gɔmedzedze la, aleke nèkpɔ be Naeman ƒe nɔnɔme trɔe?
․․․․․
2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.
Nu kawoe anya wɔe be Naeman do eɖokui ɖe dzi? (Gaxlẽ kpukpui 1.)
․․․․․
Zã numekugbalẽ siwo le mia si la nàtsɔ adi nu si Biblia gblɔ ku ɖe kpodɔ (alo anyidɔ) ŋu.a (Le kpɔɖeŋu me, aleke gbegbee dɔléle ma gblẽa nu le ame ŋu? Ðe woxɔnɛ le ame ŋu bɔbɔea? Aleke wodanɛ?)
․․․․․
Aleke nèsusu be Israel nyɔnuvi la se le eɖokui me esi woda gbe le Naeman ŋu?
․․․․․
Mɔ ka nue nya si Elisa gblɔ na Naeman la anya doe kpɔ le? (Xlẽ kpukpui 10.)
․․․․․
3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI . . .
Ale si dada tea ŋu gblẽa nu le ame ŋu.
․․․․․
Ale si wòle be dzi nanɔ ƒowò nàƒo nu le wò dzixɔsewo ŋu.
․․․․․
Ŋusẽ si le Yehowa si be wòada gbe le ame ŋu.
․․․․․
4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?
․․․․․
NE BIBLIA MELE ASIWÒ O LA XƆ ÐEKA LE YEHOWA ÐASEFOWO GBƆ, ALO XLẼ YEVUGBE ME TƆ LE www.watchtower.org
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Dɔléle si gblẽa nu le ŋutigbalẽ ŋu, si woyɔna le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me be kpodɔ alo anyidɔ la, le dɔ siwo woyɔna egbea le Eŋlisigbe me be Hansen’s disease la dome.