Nɔnɔme Siwo Me Ƒe Alafa Gbãtɔ Me Kristotɔwo
Nɔ Agbe Le Ale Si Wozɔ Mɔ Yi Anyigba Ƒe Seƒe Kee
“Esi ŋu ke la, woa kple Barnaba wodzo yi Derbe. Eye esi wogblɔ nya nyui la na du ma hewɔ nusrɔ̃la geɖewo vɔ la, wotrɔ yi Listra kple Ikonio kple Antioxia.”—DƆWƆWƆWO 14:20, 21.
ŊDIYA fafɛ aɖe ƒo si na mɔzɔla gbɔ fuu. Eƒo eƒe afɔ siwo ŋu ɖeɖi te la ɖe eƒe atokota xoxoawo me. Azɔli gale eŋgɔ wòazɔ le ŋkeke bliboa me.
Esi agu dze la, eto mɔ si dzi ʋuʋu le, si to weingblea ƒe dzigbe la, ɖato amitiwo me helia togbɛ la. Edo go mɔzɔla bubuwo le mɔa dzi—wo dometɔ aɖewo nye agbledela siwo yina agble, asitsala siwo do agba ɖe lãwo dzi gleglegle va le yiyim kple mɔzɔla siwo yina tadeaguƒe le Yerusalem. Mɔzɔlaa kple eƒe mɔzɔhatiwo le dze ɖom kple ame siwo wodo goe le mɔa dzi. Nu kae nye woƒe taɖodzinu? Eyae nye be woawɔ dɔ si Yesu de asi na wo be woaɖi ɖase le ye ŋu “va se ɖe anyigba ƒe seƒe ke.”—Dɔwɔwɔwo 1:8.
Mɔzɔla sia ate ŋu anye apostolo Paulo, Barnaba, alo dutanyanyuigblɔla dovevienu siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me la dometɔ ɖeka. (Dɔwɔwɔwo 14:19-26; 15:22) Wonye ame siwo ŋu ŋusẽ nɔ, eye woku kutri. Mɔzɔzɔ menɔ bɔbɔe kura. Esi apostolo Paulo nɔ nu ƒom tso nɔnɔme sesẽ siwo me wòto le ƒu dzi ŋu la, egblɔ be: “Menɔ tɔdziʋu me wògbã zi etɔ̃, menɔ ƒutsotsoewo nu zã blibo ɖeka kple ŋkeke blibo ɖeka.” Mɔzɔzɔ to anyigba ƒuƒui dzi hã menɔ bɔbɔe kura o. Paulo gblɔ be enuenue la, yeɖo “afɔku me le tɔsisiwo dzi,” eye yeɖo “afɔku me le adzodalawo dome.”—2 Korintotɔwo 11:25-27.
Aleke mɔzɔzɔ kple dutanyanyuigblɔla mawo anɔ? Agbadroƒe nenie nàzɔ le ŋkeke ɖeka me? Nu kawoe wòahiã be nàtsɔ ɖe asi, eye afi kae nàtsi adɔ le mɔa dzi?
Afɔmɔzɔzɔ Kaka ƒe alafa gbãtɔ naɖo la, Romatɔwo do mɔ geɖe to du veviwo me le woƒe fiaɖuƒea me. Wodo mɔ mawo nyuie be woanɔ anyi eteƒe nadidi. Wo dometɔ geɖe ƒe kekeme nye meta ene kple afa, kpewoe wotsɔ do mɔawoe, eye woɖo kpewo ɖe mɔa ƒe go eveawo dzi keŋ, eye didimefiadzesikpewo nɔ mɔa dzi. Le mɔ siawo tɔgbi dzi la, dutanyanyuigblɔla abe Paulo ene ate ŋu azɔ mɔ abe kilometa 32 ene le ŋkeke ɖeka me.
Ke hã, le Palestina nutowo me la, mɔawo dometɔ akpa gãtɔ nye esiwo dzi ʋuʋu le, siwo dzi zɔzɔ me afɔku nɔ—mɔawo to agble siwo ŋu wometɔ kpɔ ɖo o la ŋu, eye bali globowo nɔ mɔawo to le afi aɖewo. Kplamatsedonu siwo mɔzɔla ate ŋu ado goe le mɔ dzi la dometɔ aɖewoe nye lã wɔadãwo alo adzodalawo; ate ŋu adzɔ be woaxe mɔa kura gɔ̃ hã.
Nu kawoe mɔzɔla atsɔ ado agbae? Nu veviawo dometɔ aɖewoe nye atizɔti si wòatsɔ akpɔ eɖokui tae (1), aba si dzi wòamlɔ (2), gakotoku (3), atokotawo (4), nuɖuɖukotoku (5), awuwo (6), lãgbalẽgo si wòatsɔ adu tsi le vudo me le mɔa dzi (7), tsigoe (8), kple lãgbalẽkotoku gã si me eƒe nuzazãwo anɔ (9).
Godoo la, dutanyanyuigblɔlawo ado go asitsala mɔzɔla siwo le woƒe adzɔnuwo dzram na woƒe asisiwo le asiwo me. Tedzi siwo dzi woka ɖo be womadze anyi bɔbɔe o la dzie wodoa agba ɖo. Lã bubu aɖeke megali si ŋu kakaɖedzi le woazã le kpenyigba dzekpodzeʋewo dzi o. Woka nya ta be tedzi si ŋu ŋusẽ le la ate ŋu atsɔ agba kpekpe azɔ mɔ kilometa 80 le ŋkeke ɖeka me. Keke siwo lãwo hena la zɔna blewu, eye kilometa 8 va se ɖe 20 koe wotea ŋu zɔna le ŋkeke ɖeka me. Gake nyitsuwo tea ŋu tsɔa agba siwo kpe wu, eye wosɔ nyuie na mɔ kpuiwo zɔzɔ. Mɔzɔlaa ate ŋu ado go asitsala siwo kplɔ tedzi alo kposɔwo ƒe ha aɖe, siwo wodo agba siwo woƒle tso xexea ƒe teƒe vovovowo na la, le mɔa dzi. Ate ŋu adzɔ be duxɔla si le sɔ dzi la nanɔ du dzi atso eme ava yi; etsɔ fia ƒe sededewo kple lɛtawo yina ɖe du aɖe si le didiƒe, si le fiaɖuƒea te la me.
Ne zã do la, mɔzɔlawo wɔna kaba tua mlɔƒe viviviwo ɖe mɔ to, afi si wotsina dɔna. Ame aɖewo atsi mlɔƒe siwo wotu koŋ na mɔzɔlawo la me—wonyea kpɔ si wotɔ godoo va kpe, eye wotsoa ame keŋ wòzua xɔdɔme siwo me xɔmenuwo mele o, eye xɔxɔnu nɔa domedome nɛ. Teƒe mawo ƒoa ɖi henyɔa ŋu, eye womekpɔa ame ta tso ya sesẽwo, tsidzadza kple fiafitɔwo si me o. Anɔ eme be le afi si wòanya wɔ le la, dutanyanyuigblɔlawo tsia ƒometɔwo alo hatitadeagulawo gbɔ dɔna.—Dɔwɔwɔwo 17:7; Romatɔwo 12:13.
Ƒudzimɔzɔzɔ Wotsɔa tɔdziʋu suewo tsɔa amewo kple agbawo toa ƒu dzi le afi siwo te ɖe ƒua nu, eye wozãa wo tsɔ tsoa Galilea Ƒua hã. (Yohanes 6:1, 2, 16, 17, 22-24) Meli gã geɖewo doa agba tso didiƒewo tsoa Mediterranea Ƒua. Ʋu siawo tsɔa nuɖuɖu yia Roma, wokɔa dziɖuɖumegãwo, eye woxɔa nyatakakawo tso ʋudzeƒe yi ʋudzeƒe.
Le ŋkeke me la, teƒewo kple nuwo li siwo ƒudzidɔwɔlawo tsɔ dea dzesi afi si yim wole, eye le zã me la, ɣletiviwoe wokpɔna tsɔ nyana afi si woato. Eya ta tso May va se ɖe September ƒe domedomee lɔƒo, si nye ɣeyiɣi siwo me ƒua dzea akɔ anyi wu le ƒea me, koe ame ate ŋu anɔ dedie le ƒu dzi. Le blema ɣeyiɣiwo me la, tɔdziʋuwo gbãna edziedzi.—Dɔwɔwɔwo 27:39-44; 2 Korintotɔwo 11:25.
Menye esi tɔdziʋu ɖoɖo nana ame ɖea dzi ɖi wu mɔzɔzɔ to anyigba ƒuƒui dzi tae woɖonɛ ɖo o. Agbatsɔʋuwoe amewo ɖona tsoa ƒu zi geɖe, eye womebuna ʋua ɖolawo ƒe dziɖeɖi nu vevi o. Agba xɔasi si tɔdziʋua tsɔ lae nɔa ʋua gɔme. Ke amewo ya nɔa dzia, eye afi ma hãe wodɔna, si wɔnɛ be yame ƒe nɔnɔme vovovoawo ɖea fu na wo. Nuɖuɖu si ʋua ɖolawo ŋutɔ tsɔ ɖe asi lae woɖuna le mɔ dzi. Tsinono koe wonana wo. Ɣeaɖewoɣi la, yame ƒe nɔnɔmewo medea ame dzi kura o. Ahom sesẽwo tuna hena ɣeyiɣi didi, eye atsiaƒua dzea agbo si wɔnɛ be amewo dzea dɔ, eye esia tea ŋu yia edzi ŋkeke geɖe.
Togbɔ be fukpekpe geɖe nɔ afɔmɔzɔzɔ kple ƒudzimɔzɔzɔ me hã la, dutanyanyuigblɔlawo abe Paulo ene ɖe gbeƒã “fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la tsitotsito le xexe si wonya ɣemaɣi la me. (Mateo 24:14) Ƒe 30 pɛ megbe tso esime Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖi ɖase le ye ŋu la, Paulo te ŋu gblɔ bena wole gbeƒã ɖem nya nyuia “na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.”—Kolosetɔwo 1:23.