Ðe Egbegbe Israel Dukɔa Ðoɖo Anyi Nye Biblia Me Nyagblɔɖiwo Me vava?
EGBEA la, xexea tsi dzi ɖe nu siwo le dzɔdzɔm le Titina Ɣedzeƒe la ŋu vevie. Enuenu la, wodaa tu siwo gblẽa nu le didiƒe, asrafohawo kpea aʋa, eye ŋɔdzinuwɔlawo daa bɔmb ɖe amewo dome le nuto ma me. Tsɔ kpe ɖe nu vlo wɔwɔ kple ŋɔdzinu mawo ŋu la, woate ŋu azã nuklia ʋawɔnuwo hã. Eya ta mewɔ nuku o be amewo tsi dzi vevie le xexea me godoo!
Le May, 1948 me hã la, xexea tsɔ dzitsitsi nɔ ŋku lém ɖe nu siwo nɔ edzi yim le Titina Ɣedzeƒe la ŋu vevie. Ɣemaɣi, si nye ƒe 62 ye nye esia la, Britain dukɔa nɔ asi ɖem le nuto si nɔ woƒe kpɔkplɔ te, si woyɔna ɣemaɣi be Palestina la ŋu, eye wòdze ƒãa be aʋa le dzɔdzɔ ge kpuie. Le ƒe si do ŋgɔ me la, Dukɔ Ƒoƒuawo tso nya me be woaɖo nuto si nɔ Britain te la ƒe akpa aɖe wòanye Yuda Dukɔ si anɔ eɖokui si. Arab dukɔ siwo ƒo xlã wo la ka atam be yewoawɔ nu sia nu si yewoate ŋui atsɔ axe mɔ ɖe enu godoo. Arab dukɔwo ƒe habɔbɔ si woyɔna be Arab League la gblɔ be: “Womatsɔ nu bubu aɖeke aɖo liƒoa o, negbe tu kple ʋu ko.”
Nane dzɔ le Fiɖagbe, May 14, 1948 dzi le ɣetrɔ ga 4:00 me, esime wòsusɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ne Britaintɔwo ƒe nuto ma dzi ɖuɖu nawu enu. Le Tel Aviv Ƒe Blemanudzraɖoƒe la, ameha sue aɖe, siwo ƒe xexlẽme ade 350 si wokpe le adza me la, va ƒo ƒu henɔ lalam be yewoase gbeƒãɖeɖe vevi aɖe—eyae nye gbeƒã si woaɖe ku ɖe egbegbe Israel dukɔa ɖoɖo anyi ŋu. Asrafowo nɔ teƒea ŋu dzɔm vevie, elabena Dukɔ si ɖom wole anyi la ƒe futɔ gbogboawo ate ŋu ava dze wo dzi.
David Ben-Gurion, si nye Israel Dukɔa Ƒe Aɖaŋuɖoha la ƒe ŋgɔnɔla la, xlẽ gbeƒãɖeɖe aɖe si ƒe tanyae nye The Declaration of the Establishment of the State of Israel (Israel Dukɔa Ðoɖo Anyi Ŋuti Gbeƒãɖeɖea). Eƒe akpa aɖe gblɔ be: “Mí Dukɔa ƒe Aɖaŋuɖoha la me tɔwo, siwo nye Yuda Nuto Eretz-Israel ƒe teƒenɔlawo . . . la, nɔ te ɖe gome si le mía si be míanyi anyigba la dome le esi wònye mía tɔgbiwo denyigba ta, kpakple Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Sewɔtakpekpea Ƒe Nyametsotso dzi le gbeƒã ɖem be míele Yuda Dukɔ ɖom anyi ɖe Eretz-Israel, si woayɔ be Israel Dukɔ.”
Biblia Me Nyagblɔɖiwo Me Vava Wònyea?
Protestant Sɔlemeha aɖewo xɔe se be egbegbe Israel Dukɔa ɖoɖo anyi nye Biblia me nyagblɔɖiwo me vava. Le kpɔɖeŋu me, subɔsubɔhakplɔla, John Hagee gblɔ le agbalẽ aɖe (Jerusalem Countdown) me be: “Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ nudzɔdzɔ vevi sia ŋu nya ɖi esi wògblɔ be, ‘Woadzi dukɔ aɖe le ŋkeke ɖeka dzi.’ (Kpɔ Yesaya 66:8.) . . . Enye nyagblɔɖi me vava si ɖe dzesi wu le ƒe alafa blaevelia sia me. Enye kpeɖodzi sẽŋu si ana amewo katã nakpɔe be Israel ƒe Mawu la li vavã.”
Ðe nya ma nye nyateƒea? Ðe egbegbe Israel Dukɔa ɖoɖo anyi nye Yesaya 66:8 me nyawo me vava? Ðe May 14, 1948 nye “nyagblɔɖi me vava si ɖe dzesi wu le ƒe alafa blaevelia sia me” vavã? Ne egbegbe Israel Dukɔa gakpɔtɔ nye Mawu ƒe dukɔ titia, eye Mawu na be Biblia me nyagblɔɖiwo le eme vam ɖe edzi la, ke ele be Biblia srɔ̃lawo katã natsɔ ɖe le nya sia me vevie.
Yesaya gblɔ ɖi be: “Ame ka se esia tɔgbe kpɔ, eye ame ka kpɔ esia tɔgbe kpɔ? Ðe anyigba aɖe adzɔ gbe ɖeka, eye ɖe woadzi dukɔ aɖe zi ɖeka? Hafi Zion ya lé ku, eye wodzi viawo zi ɖeka.” (Yesaya 66:8) Edze ƒãa be kpukpui sia le egblɔm ɖi be woadzi dukɔ blibo aɖe zi ɖeka, abe ŋkeke ɖeka dzie wòdzɔ ene. Gake ame ka gbɔe wòatso be woadzii? Kpukpui si kplɔe ɖo la akpe ɖe mía ŋu míaɖo nya ma ŋu: “Yehowa be: Nye ame si ʋua vidzidɔ nu, ɖe mana be, womadzi vi oa? Wò Mawu be: Nye ame si na wodzia vi, ɖe maxe mɔa?” Yehowa Mawu na eme kɔ ƒãa be ale si dukɔa adzɔ zi ɖeka la tso ye gbɔ.
Demokrasidziɖuɖue wotsɔ le Israel Dukɔa kplɔm, eye abe dukɔ ene la, womegblɔ kpɔ be Biblia me Mawu la ŋue yewoɖoa ŋu ɖo o. Ðe Israeltɔ siwo ɖo dukɔa anyi le 1948 me la bu Yehowa Mawu be eyae le megbe na nudzɔdzɔ ma? Ao. Mawu ƒe ŋkɔ alo nya “Mawu” gɔ̃ hã medze le gbeƒã si woɖe le ŋkeke ma dzi la me kura o. Agbalẽ aɖe (Great Moments in Jewish History) si ƒo nu tso Israel ƒe ŋutinya ŋu la gblɔ ku ɖe gbeƒãɖeɖe si woxlẽ le ŋkeke ma dzi ŋu be: “Ŋdɔ ga 1:00, esi wosusɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ne woaxlẽ gbeƒãɖeɖea gɔ̃ hã la, Dukɔa Ƒe Aɖaŋuɖoha la me tɔwo ƒe nu mesɔ le nyagbe siwo woazã le gbeƒãɖeɖea me ŋu o. . . . Yudatɔ siwo ɖɔa ŋu ɖo la di be woade nya ‘Israel ƒe Mawu’ eme. Ke wo dometɔ siwo metsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o la gbe gbidii. Ben-Gurion tso nya me be woazã nya ‘Agakpe’ ɖe ‘Mawu’ teƒe.”
Va de asi na egbea gɔ̃ hã la, egbegbe Israel Dukɔa gblɔna be yewoƒe dukɔa ɖoɖo anyi nɔ te ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe nyametsotso kple nu si woawo ŋutɔwo yɔna be gome si le Yudatɔwo si be woanyi anyigba la dome le esi wònye wo tɔgbiwo denyigba ta, la dzi. Ðe wòasɔ be míakpɔ mɔ be Biblia me Mawu la ana nyagblɔɖi me vava si wɔ nuku wu le ƒe alafa blaevelia me la nava eme ɖe ame siwo gbe be yewomatsɔ kafukafu nɛ o la dzia?
Ðe Egbegbe Israel Dukɔa Ðoɖo Anyi Nye Nyagblɔɖi Me Vava?
Ale si egbegbe Israel dukɔa meɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu le woƒe dukplɔɖoɖowo me o la to vovo sãa na ale si nuwo nɔ le 537 D.M.Ŋ. me. Le ɣemaɣi la, ‘wogbugbɔ dzi’ Israel dukɔa vavã abe le ŋkeke ɖeka dzi ene, elabena ƒe 70 do ŋgɔ la, Babilontɔwo va tsrɔ̃e heɖe aboyoe, ke le ƒe ma me la wotrɔ gbɔ va wo de. Ɣemaɣi la, nyagblɔɖi si le Yesaya 66:8 va eme pɛpɛpɛ, esi Persia srafowo ƒe ŋgɔnɔla, Kores Gãtɔ si ɖu Babilon dzi la, de se be Yudatɔwo natrɔ ayi wo de.—Ezra 1:2.
Persia Fia Kores de dzesii be Yehowa ƒe asi nɔ nu si dzɔ le ƒe 537 D.M.Ŋ. la me, eye ame siwo trɔ yi Yerusalem la ɖe afɔ sia ɖe tameɖoɖo vevi, si nye be woagbugbɔ gbedoxɔa atu ahatrɔ ɖe tadedeagu na Yehowa Mawu ŋu ake. Gake egbegbe Israel Dukɔa megblɔ ɣeaɖekeɣi kpɔ be esia nye yewoƒe tameɖoɖo alo didi o.
Ðe Wogakpɔtɔ Nye Mawu Ƒe Dukɔ Tiatia?
Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, mɔnukpɔkpɔ si su dzɔdzɔme Israel viwo si be wonye Mawu ƒe dukɔ tiatia la ge le wo si, esi wogbe Yehowa ƒe Vi, si nye Mesia la. Mesia la ŋutɔ gblɔ be: “Yerusalem, Yerusalem, si wu nyagblɔɖilawo, eye wòƒu kpe ame siwo wodɔ ɖo ɖe egbɔ . . . Kpɔ ɖa! Wogblẽ miaƒe aƒe la ɖi na mi.” (Mateo 23:37, 38) Yesu ƒe nya mawo va eme le ƒe 70 M.Ŋ. me, esi Roma srafowo tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa, eye nunɔlanyenye ƒe ɖoɖoa dome gblẽ. Ke aleke wòanya wɔ be Mawu ƒe tameɖoɖo si wòɖe gblɔ bena “mianye tɔnye koŋ le dukɔwo katã dome, . . . eye mianye nunɔlawo ƒe fiaɖuƒe kple dukɔ kɔkɔe nam” la, nava eme?—2 Mose 19:5, 6.
Apostolo Petro, si ŋutɔ hã nye dzɔdzɔme Yudatɔ la, ɖo nya ma ŋu le lɛta aɖe si wòŋlɔ na Kristotɔwo, siwo nye Yudatɔwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o siaa la me. Eŋlɔ bena: “Mienye ‘dzidzime tiatia, nunɔla siwo nye fiawo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu tɔ koŋ,’ . . . elabena mienye dukɔ tsã o, gake azɔ la, mienye Mawu ƒe dukɔ; mienye ame siwo womekpɔ nublanui na tsã o, gake azɔ la, miezu ame siwo wokpɔ nublanui na.”—1 Petro 2:7-10.
Eya ta Kristotɔwo, siwo wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔea tia la nye gbɔgbɔ me dukɔ, eye dukɔ ma me tɔ nyenye menɔ te ɖe dzidzime alo afi si ame tso dzi o. Apostolo Paulo ɖe nyaa me ale: “Aʋatsotso menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke boŋ nuwɔwɔ yeye lae nye nua. Eye ame siwo katã azɔ le agbenɔnɔ ƒe ɖoɖo sia nu la, ŋutifafa kple nublanuikpɔkpɔ nanɔ wo dzi, ɛ̃, nanɔ Mawu ƒe Israel la dzi.”—Galatiatɔwo 6:15, 16.
Egbegbe Israel dukɔa nana dukɔmevinyenye ƒe gomenɔamesi ame ɖe sia ɖe si nye dzɔdzɔme Yudatɔ alo ame si trɔ va zu Yudatɔ, gake be ame nanye dukɔ si Biblia yɔ be “Mawu ƒe Israel” la me tɔ la, ele be ‘wòanye toɖola, ame si ŋu wohlẽ Yesu Kristo ƒe ʋu ɖo.’ (1 Petro 1:1, 2) Esi Paulo nɔ nu ƒom tso Mawu ƒe Israel, alo gbɔgbɔ me Yudatɔ siawo ŋu la, eŋlɔ bena: “Menye ame si nye Yudatɔ le gota lae nye Yudatɔ o, eye menye nu si le gota le ŋutilã ŋu lae nye aʋatsotso o. Ke boŋ ame si nye Yudatɔ le ememe lae nye Yudatɔ ŋutɔŋutɔ, eye eƒe aʋatsotso la nye esi woto gbɔgbɔ me tso na eƒe dzi, ke menye to se si woŋlɔ ɖi me o. Menye amewo gbɔe ame sia ƒe kafukafu tsona o, ke boŋ Mawu gbɔe.”—Romatɔwo 2:28, 29.
Mawunyakpukpui ma kpe ɖe mía ŋu míese nya aɖe si Paulo gblɔ, si gɔme ame geɖe mese o, la gɔme. Le lɛta si Paulo ŋlɔ na Romatɔwo me la, eƒo nu tso ale si dzɔdzɔme Yudatɔwo, siwo mexɔ Mawu dzi se o la, le abe kpɔɖeŋu amiti, si ŋu woɖe alɔwo le bene woatsɔ amiti, “gbemetɔ” ƒe “alɔwo,” si le tsitre ɖi na ame siwo menye Yudatɔwo o la, ado ɖe eteƒe. (Romatɔwo 11:17-21) Le kpɔɖeŋua me la, egblɔ nya siwo gbɔna la tsɔ ƒo eta be: “Israel ƒe akpa aɖe sẽ dzi me, va se ɖe esime dukɔwo me tɔwo ƒe xexlẽme blibo la ge ɖe eme, eye aleae woana ɖeɖe Israel blibo la.” (Romatɔwo 11:25, 26) Ðe Paulo nɔ egblɔm ɖi be Yudatɔwo katã ava trɔ zi ɖeka ava zu Kristotɔwoa? Edze ƒãa be tɔtrɔ sia ƒomevi aɖeke meva eme o.
Nya “Israel blibo la,” si Paulo zã la le tsitre ɖi na gbɔgbɔ me Israel, alo Kristotɔ siwo woto gbɔgbɔ kɔkɔea dzi tia la. Nya si gblɔm wònɔe nye be, togbɔ be dzɔdzɔme Yudatɔ mexɔ Mesia la dzi se o hã la, esia magblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo, si nye be gbɔgbɔ me “amiti,” siwo ŋu alɔ tsekuwo le keŋ la, nanɔ ye si la me o. Esia wɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu aɖe si Yesu wɔ esi wòtsɔ eɖokui sɔ kple weinti, si ŋu woaɖe alɔ matsekuwo ɖa le la. Yesu gblɔ bena: “Nyee nye wainti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la. Alɔ sia alɔ si le ŋunye, si metsea ku o la, elãnɛ ɖa, eye ɖe sia ɖe si le ku tsem la, eɖea eŋu, ne wòate ŋu atse ku geɖe wu.”—Yohanes 15:1, 2.
Togbɔ be womegblɔ egbegbe Israel Dukɔa ɖoɖo anyi ŋu nya ɖi le Biblia me o hã la, ɖikeke mele eme o be wogblɔ gbɔgbɔ me Israel ɖoɖo anyi ya ŋu nya ɖi! Ne èdi gbɔgbɔme dukɔ ma si li egbea, eye nèwɔ ɖeka kplii la, àkpɔ yayra mavɔwo.—1 Mose 22:15-18; Galatiatɔwo 3:8, 9.
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]
Nu kae kpɔɖeŋu si Paulo wɔ ku ɖe amitia ŋu la fia?
[Nɔnɔmetata si le axa 27]
David Ben-Gurion, le May 14, 1948 dzi
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Israel Government Press Office, Photographer: Kluger Zoltan
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 27]
Todd Bolen/Bible Places.com