Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ
Fia Viwòwo Ale Si Woanɔ Agbe Nyui
Loida,a si nye dzila le Mexico, gblɔ be: “Womaa kɔndɔm na sukuviwo, eya ta ƒewuiviwo buna be zi ale si nèzã kɔndɔm ko la, naneke megblẽ le gbɔdɔdɔ ŋu o.”
Nobuko, si nye vidada le Japan, gblɔ be: “Mebia vinyeŋutsu nu si wòawɔ ne eva dzɔ be woa kple exɔlɔ̃ si nye nyɔnu ɖeɖe koe le teƒe aɖe. Eɖo eŋu be, ‘Nyemenya o.’”
ESI viwò nɔ sue la, ɖe nèwɔ nanewo be yeatsɔ akpɔ eta be magadze afɔku oa? Ðewohĩ ètsɔ nu xe afi si elɛtrikkawo le, ètsɔ nu siwo ate ŋu ade abi eŋu la ɣla, eye nètsɔ nu xe atrakpui nu, kple susu be ɖevia nanɔ dedie.
Ne ɖe viwò ƒewuivi ta kpɔkpɔ anɔ bɔbɔe alea la, ɖe manyo ŋutɔ oa? Fifia ya ètsi dzi ɖe nu siwo nye ŋkubiãnya wu la ŋu, abe: ‘Ðe vinyeŋutsu le amamaɖeɖefotowo kpɔma?’ ‘Ðe vinyenyɔnu ɖea amama heɖea foto eɖokui tsɔ ɖona ɖe etɔwo to asitelefon dzia?’ Ke nya si ŋu vɔvɔ̃ le wue nye, ‘Ðe vinye le gome kpɔm le gbɔdɔdɔ mea?’
Wo Ðiaɖia Makpɔ Wo Ta O
Dzila aɖewo dzea agbagba be yewoanɔ yewo viwo ɖiam zã kple keli, anɔ wo ŋu ɣesiaɣi anɔ ŋku lém ɖe woƒe nuwɔna ɖe sia ɖe ŋu. Emegbe dzila geɖe va kpɔnɛ be ɖeko ɖeviawo ɖiaɖia alea nana woɣlaa nu siwo wɔm wole. Wova bina ɖe nu si gbem wole na wo la wɔwɔ me le adza me boŋ.
Eya ta edze ƒaa be mɔnu ma makpɔ nyaa gbɔ o. Yehowa Mawu ŋutɔ hã metoa mɔnu sia dzi be yeana yeƒe nuwɔwɔwo naɖo to ye o, eye mele be dzilawo hã nawɔe nenema o. (5 Mose 30:19) Ekema aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ƒewuivi ŋu be wòadze nunya ahanɔ agbe nyui?—Lododowo 27:11.
Afɔɖeɖe vevi aɖee nye be nànɔ dze ɖom kple viwòwo enuenu, tso woƒe ɖevime ke.b (Lododowo 22:6) Eye ne woge ɖe woƒe ƒewuiwo me gɔ̃ hã la, nɔ dze ɖom kpli wo. Abe dzila ene la, gbɔwò koŋue wòle be viwò nanɔ mɔfiame nyuiwo xɔm tsoe. Nyɔnuvi si ŋkɔe nye Alicia, tso Britain, gblɔ be: “Ame geɖe susu be mía xɔlɔ̃woe míadi be woaƒo nu na mí tso gbɔdɔnyawo ŋu, gake aʋatsoe. Míadi boŋ be míasee tso mía dzilawo gbɔ. Woƒe nyawo dzie míeka ɖo.”
Wohiã Na Gɔmeɖose Nyuiwo
Ne ɖeviwo le tsitsim la, ehiã be woanya nu geɖe le gbɔdɔnyawo ŋu wu nya siwo ku ɖe fufɔfɔ kple vidzidzi ŋu ko. Ele hã be woana “hehe woƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo . . . bene woade vovototo nyui kple vɔ̃ dome.” (Hebritɔwo 5:14) Kpuie ko la, ɖeviwo hiã na gɔmeɖosewo, si fia be ele be dzixɔse siwo dzi woaka ɖo la nanɔ wo si ku ɖe gbɔdɔdɔ ƒe nuwɔna siwo sɔ kple esiwo mesɔ o ŋu, eye woanɔ agbe ɖe wo nu. Ke aleke nàƒã gɔmeɖose nyuiwo ɖe viwò ƒewuivi ƒe dzi me?
Gbã la, bu gɔmeɖose siwo le wò ŋutɔ asiwò ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èka ɖe edzi be matrewɔwɔ, alo ame eve siwo meɖe wo nɔewo o ƒe dɔdɔ, nye nu gbegblẽ. (1 Tesalonikatɔwo 4:3) Anɔ eme be viwòwo nya esia; ɖewohĩ woate ŋu agblɔ Biblia me nya siwo ɖo kpe wò dzixɔsewo dzi la tso susu me gɔ̃ hã. Ne wobia wo be aleke wobua matrewɔwɔe hã la, woaɖo eŋu enumake be menyo o.
Gake nyaa mese ɖe afi ma o. Esi agbalẽ si nye Sex Smart nɔ nu ƒom tso ale si wòdzena le sɔhɛ aɖewo ŋu abe ɖe woƒe susu wɔ ɖeka kple wo dzilawo ƒe dzixɔsewo le gbɔdɔnyawo ŋu la, egblɔ be: “Ne eva hiã be woawo ŋutɔwo natso nya me la, womenyana nu si woawɔ o. Ne wodo go nɔnɔme aɖe si womele mɔ kpɔm na o, eye wòhiã be woawɔ nyametsotso le nu si nye nyui kple vɔ̃ ŋu la, wotɔtɔna eye wokpɔnɛ be yewodze nya me.” Susu sia koŋ tae gɔmeɖosewo le vevie ɖo. Aleke nàte ŋu akpe ɖe viwò ŋu be wòatsɔ gɔmeɖosewo akplɔ eɖokui?
Na wò gɔmeɖosewo me nakɔ. Èxɔe se be srɔ̃tɔwo koe wòle be woakpɔ gome le gbɔdɔdɔ mea? Ekema na esia me nakɔ na viwòa, eye nànɔ nu ƒom tso eŋu edziedzi. Agbalẽ aɖe (Beyond the Big Talk) gblɔ be numekukuwo ɖee fia be “le aƒe siwo me dzilawo naa nuxlɔ̃amenya siwo me kɔ la wo viwo be yewomeda asi ɖe ƒewuiviwo ƒe dɔdɔ dzi o me la, zi geɖe la, sɔhɛ siawo tsina hafi kpɔa gome le gbɔdɔdɔ me.”
Ele eme baa be, abe ale si míegblɔe va yi ene la, ne èƒo nu tso wò gɔmeɖosewo ŋu na viwòa la, mefia kokoko be awɔ wo dzi o. Ke hã, ne ète gbe ɖe dzidzenuawo dzi nyuie la, anye gɔmeɖoanyi si dzi ɖeviawo atu woawo ŋutɔwo ƒe gɔmeɖosewo ɖo. Eye numekukuwo ɖee fia be le sɔhɛ siwo wòdzena abe wogbe wo dzilawo ƒe gɔmeɖosewo gɔ̃ hã gome la, wo dometɔ geɖe va nɔa agbe ɖe wo nu emegbe.
TE MƆNU SIA KPƆ: He viwòa ƒe susu yi nyadzɔdzɔ aɖe dzi, eye nàto edzi aɖo dze kplii le wò gɔmeɖosewo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ne nyadzɔdzɔa ku ɖe nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe ŋu la, àte ŋu agblɔ be: “Ale si ŋutsu aɖewo dzea agbagba be yewoagblẽ nyɔnuwo la ɖea fu nam ŋutɔ. Afi kae nèsusu be wosrɔ̃nɛ le?”
Fia gbɔdɔdɔ ŋuti nyateƒe bliboa wo. Nuxlɔ̃amenyawo le vevie. (1 Korintotɔwo 6:18; Yakobo 1:14, 15) Ke hã, Biblia ƒo nu tso gbɔdɔdɔ ŋu be enye nunana tso Mawu gbɔ, ke menye Satana ƒe mɔtetre o. (Lododowo 5:18, 19; Hawo ƒe Ha 1:2) Ne afɔku siwo dona tsoa eme ko ŋue nèƒoa nu tsoe la, susu totro, si mewɔ ɖeka kple Biblia tɔ o, ye anɔ wo si le gbɔdɔdɔ ŋu. Ðetugbui si ŋkɔe nye Corrina, si le France gblɔ be: “Gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ nɔnɔ koŋ ŋue dzinyelawo ƒoa nu tsoe, si wɔe be mebua gbɔdɔdɔ be menye nu nyui o.”
Kpɔ egbɔ be viwòwo nya nyateƒe bliboa le gbɔdɔnyawo ŋu. Nadia, si nye vidada le Mexico gblɔ be: “Ale si medina be vinyewo nabu gbɔdɔdɔ ye nye be, enye nu nyui, enye dzɔdzɔmenu, eye wònye nunana tso Yehowa Mawu gbɔ na amegbetɔwo. Gake srɔ̃tɔwo dome koe wòle be wòayi edzi le. Ale si míewɔ eŋu dɔe la ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ alo akpe fu.”
TE MƆNU SIA KPƆ: Ne ègaɖo dze kple viwòa le gbɔdɔnyawo ŋu la, ƒo nu nyui tso gbɔdɔdɔ ŋu nàtsɔ aƒo etae. Mègavɔ̃ be yeagblɔ be enye nunana nyui tso Mawu gbɔ si ɖevia ate ŋu ase vivi na ne eva ɖe srɔ̃ le etsɔme o. Ðee fia be yeka ɖe edzi be ate ŋu alé Mawu ƒe dzidzenuwo me ɖe asi va de asi na ɣemaɣi.
Kpe ɖe viwòa ŋu wòabu emetsonuawo ŋu. Le nu sia nu me la, hafi ƒewuiviwo nate ŋu awɔ nyametsotso nyuitɔ la, ele be woanya afɔɖeɖe siwo dze ŋgɔ wo, eye woabu nu nyui kple nu gbegblẽ siwo ate ŋu ado tso wo me la ŋu. Mègasusu be ne wonya nu si nye nyui kple vɔ̃ ko evɔ o. Emma, si nye nyɔnu Kristotɔ aɖe le Australia gblɔ be: “Ŋugbledede le nye sɔhɛ me vodadawo ŋu na meƒo nya ta be ne ame aɖe nya Mawu ƒe dzidzenuwo la, mefia kokoko be elɔ̃ ɖe wo dzi o. Ele vevie be amea nanya viɖe siwo dona tsoa eme ne ewɔ wo dzi, kple nu siwo adzɔ ne mewɔ wo dzi o.”
Biblia aɖe vi le go sia me, elabena zi geɖe ne eƒo nu tso se aɖe ŋu la, egblɔa nu siwo ado tso edzidada me hã kpena ɖe eŋu. Le kpɔɖeŋu me, Lododowo 5:8, 9 xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo be woatsri matrewɔwɔ ‘ne womagatsɔ woƒe atsyɔ̃ɖoɖo ana ame tutɔwo o.’ Abe ale si kpukpui ma me nyawo ɖee fia ene la, ne ame aɖe wɔ matre la, nya kuna ɖe eƒe agbenɔnɔ kple nuteƒewɔwɔ ŋu, eye bubu si le eŋu la dzi ɖena kpɔtɔna. Eye esia awɔe be eƒe nu manyo ame si menɔ agbe ma o, si adi be yeaɖee hafi la, ŋu o. Ne viwòa de ŋugble le ale si Mawu ƒe sewo dzi dada ate ŋu agblẽ nu le eŋu le ŋutilã me, le seselelãme, kple le gbɔgbɔ me ŋu la, ate ŋu ado ŋusẽe be wòawɔ wo dzi.c
TE MƆNU SIA KPƆ: Zã kpɔɖeŋuwo nàtsɔ aɖe nu me na viwòa ku ɖe viɖe siwo dona tso Mawu ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu agblɔ be: “Ne wodo dzo ɖe mlekpui me la, eɖea vi; ke ne dzo dze ave la, egblẽa nu. Vovototo kae le evea dome, eye aleke wò nyaŋuɖoɖoa wɔ ɖeka kple se siwo Mawu de ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu?” Zã nya si le Lododowo 5:3-14 nàtsɔ akpe ɖe eŋu wòakpɔ ale si matrewɔwɔ gblẽa nu le ame ŋui.
Takao, si nye ɖekakpui aɖe si xɔ ƒe 18 le Japan, gblɔ be: “Menya be ele be mawɔ nu nyui, gake ehiãna be manɔ ʋiʋlim gbe sia gbe be maɖu ŋutilã ƒe nudzodzrowo dzi.” Ne sɔhɛ siwo sena le wo ɖokui me alea nyae be menye yewo ɖeɖee le nɔnɔme sia me o la, ate ŋu afa akɔ na wo. Kristotɔ wɔnuteƒe apostolo Paulo gɔ̃ hã gblɔ be: “Ne medi be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi boŋ nɔa menye.”—Romatɔwo 7:21.
Ele be sɔhɛwo nade dzesii be ʋiʋli sia menye nu gbegblẽ kokoko o. Ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woade ŋugble le ame si ƒomevi woadi be yewoava nye ŋu. Ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woaɖo biabia sia ŋu na wo ɖokui: ‘Ðe medi be maɖu ɖokuinye dzi, eye amewo nadze sim be menɔa agbe nyui hewɔa nuteƒea, alo ɖe madi be woabum be menye ame si metea ŋu ɖua eƒe dzodzrowo dzi oa?’ Ne viwòa srɔ̃ agbe nyui nɔnɔ ƒe gɔmeɖosewo la, akpe ɖe eŋu wòaɖo nya sia ŋu le nunya me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo le nyati sia me.
b Ne èdi aɖaŋuɖoɖo ku ɖe ale si nàdze dzeɖoɖo gɔme kple viwò le gbɔdɔnyawo ŋu, eye wò nyawo nasɔ ɖe woƒe tsitsime nu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 1, 2010, axa 12-14.
c Ne èdi be yeaxlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu la, kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Wòle Be Míadɔ Hafi Alɔ Mía Nɔewo Wua?” si dze le April 2010 ƒe Nyɔ! me. Yehowa Ðasefowoe tae.
BIA ÐOKUIWÒ BE . . .
▪ Kpeɖodzi kawoe le asinye be agbe nyui nɔnɔ ƒe gɔmeɖose siwo dzi vinyea ka ɖo la le esi?
▪ Ne mele dze ɖom kple vinye le gbɔdɔnyawo ŋu la, ɖe meƒoa nu tso eŋu be enye nunana tso Mawu gbɔ loo alo be enye Satana ƒe mɔtetre?
[Aɖaka si le axa 20]
Biblia Ƒe Mɔfiamewo Le Vi Ðem Fifia Gɔ̃ Hã
“Mɔfiame siwo Biblia na le gbɔdɔdɔnyawo ŋu la le vi ɖem fifia gɔ̃ hã. Ale si ƒewuivi geɖe le fu kpem vevie le matrewɔwɔ, gbɔmeyafufɔfɔ, ɖikanakudɔ, kple nulɔdɔ bubuwo ta egbea la ɖo kpe edzi be Ŋɔŋlɔwo ƒe mɔfiame si nye be ame naɖe srɔ̃ hafi akpɔ gome le gbɔdɔdɔ me la . . . le vevie ŋutɔ, eya koe nye gbɔdɔdɔ si me afɔku mele o.”—Parenting Teens With Love and Logic.