Yesu—Ale Si Wònɔ Agbee
“Nye nuɖuɖu ye nye be mawɔ ame si dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye be mawu eƒe dɔ la nu.”—YOHANES 4:34.
NU SI dzɔ hafi Yesu gblɔ nya siwo dze le etame la ɖe nu geɖe fia tso nu si nɔ vevie nɛ wu le agbe me la ŋu. Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo zɔ mɔ to Samaria ƒe tonutowo me tso keke ŋdi me ke. (Yohanes 4:6) Esi nusrɔ̃lawo susui be dɔ anya nɔ Yesu wum ta la, wobia tso esi be wòaɖu nu. (Yohanes 4:31-33) Yesu gblɔ nu si nye eƒe agbemetaɖodzinu la kpuie tsɔ ɖo eŋu na wo. Dɔ si Mawu de asi nɛ la wɔwɔ nɔ vevie nɛ wu nuɖuɖu. Le nuƒoƒo kple nuwɔna siaa me la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nɔ vevie na Yesu. Mɔ siwo nu wòɖe esia fia le dometɔ aɖewo ɖe?
▪ Eɖe gbeƒã hefia nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu Biblia ɖɔ nu si nye Yesu ƒe agbemedɔ la ale: “Eye wòyi ɖato Galilea blibo la katã, nɔ nu fiam . . . henɔ gbeƒã ɖem fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la.” (Mateo 4:23) Menye ɖeko Yesu ɖe gbeƒã alo ƒo nu tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu na amewo o. Ke efia nu amewo hã, si fia be exlɔ̃ nu wo, eɖe nu me na wo heɖe susu kpli wo, si wɔe be wose eƒe nyawo gɔme. Fiaɖuƒea koŋ ŋue Yesu ƒe gbedeasia ku ɖo.
Le Yesu ƒe subɔsubɔdɔ bliboa me la, efia eƒe nyaselawo nu si Mawu Fiaɖuƒea nye kple nu si wòava wɔ. De dzesi Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒenya siwo gbɔna kple nya siwo Yesu gblɔ tso wo ŋu, abe ale si wòdze le mawunyakpukpuiawo mee ene.
▪ Mawu Fiaɖuƒea nye dziƒodziɖuɖu, eye Yesue nye eƒe Fia si Yehowa tia.—MATEO 4:17; YOHANES 18:36.
▪ Fiaɖuƒea akɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti, eye wòana woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe ale si wowɔnɛ le dziƒo ene.—MATEO 6:9, 10.
▪ Le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu te la, woatrɔ anyigba bliboa wòazu paradiso.—LUKA 23:42, 43.
▪ Eteƒe madidi o Mawu Fiaɖuƒea ava, eye wòana nu si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu na anyigbaa nava eme.a—MATEO 24:3, 7-12.
▪ Ewɔ ŋusẽdɔwo “Nufiala” koŋue amewo nya be Yesu nye. (Yohanes 13:13) Ke hã, le ƒe etɔ̃ kple afã siwo wòtsɔ wɔ subɔsubɔdɔa me la, ewɔ ŋusẽdɔ geɖewo. Taɖodzinu eve ya teti tae wòwɔ wo ɖo. Gbãtɔe nye be woɖo kpe edzi be Mawue dɔe vavã. (Mateo 11:2-6) Evelia, wonye kpɔɖeŋu na nu siwo lolo wu, siwo wòava wɔ le etsɔme abe Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia ene. De dzesi nukunu siwo wòwɔ la dometɔ aɖewo.
▪ Ena ƒu dzeagbo dze akɔ anyi, eye wòna ahom nu fa.—MARKO 4:39-41.
▪ Eda dɔ na dɔnɔwo, siwo dome ŋkuagbãtɔwo, tokunɔwo, kple xɔdrɔ̃wo hã le.—LUKA 7:21, 22.
▪ Ena nuɖuɖu dzi ɖe edzi kpaŋkpaŋ, eye wòtsɔe nyi ameha siwo dɔ nɔ wuwum.—MATEO 14:17-21; 15:34-38.
▪ Ne mede ɖeke o la, efɔ ame kukuwo ɖe tsitre zi etɔ̃ ya teti.—LUKA 7:11-15; 8:41-55; YOHANES 11:38-44.
Ðe nàte ŋu akpɔ ale si agbea anɔ le anyigba dzi le Fia sẽŋu sia ƒe dziɖuɖu te la le susu mea?
▪ Eɖe Yehowa Mawu ƒe amenyenye fia Ame bubu aɖeke magate ŋu afia nu tso Yehowa ŋu wu Mawu ŋutɔ ƒe Vi, si wova yɔ be Yesu Kristo la o. Esi Yesu nye Mawu ƒe “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi” ta la, enɔ Mawu gbɔ le dziƒo ɣeyiɣi didi wu gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo katã. (Kolosetɔwo 1:15) Bu mɔnukpɔkpɔ si asu esi be wòalé ŋku ɖe ale si Fofoa bua nuwo ŋui ŋu ahasrɔ̃ nu tso Eƒe lɔlɔ̃nu, dzidzenuwo, kple eƒe mɔwo ŋu kpɔ.
Eya ta esɔ be Yesu gblɔ be: “Ame si Vi la nye la, ame aɖeke menyae o, negbe Fofo la ko; eye ame si Fofo la nye la, ame aɖeke menyae o, negbe Vi la ko, kple ame si Vi la lɔ̃ be yeaɖee afia ko.” (Luka 10:22) Esi Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, menye ɖeko wòlɔ̃ faa ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia o, ke etsɔ dzo ɖe eɖeɖefia ŋu hã. Ale si Yesu ƒo nu hefia nui la ɖe dzesi, elabena eɖo ŋku nu siwo teƒe eya ŋutɔ kpɔ esime wònɔ gbɔgbɔmenutowo me le Mawu, Dziƒoʋĩtɔ, si le ŋutikɔkɔenɔƒe la ŋkume la dzi, eye wòwɔ wo ŋu dɔ.—Yohanes 8:28.
Míate ŋu atsɔ ale si elɛktrikmɔ̃ si woyɔna be transformer wɔa dɔe la awɔ nu si Yesu wɔ tsɔ ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia la ƒe kpɔɖeŋu. Elɛktrikmɔ̃ sia hea elɛktrikŋusẽ si nu sẽ la heɖiɖia eƒe ŋusẽ vaa anyi bene wòasɔ na zazã le amewo ƒe aƒewo me. Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, etrɔ asi le nu siwo wòsrɔ̃ le Fofoa ŋu le dziƒo bene amegbetɔ tsɛ siwo le anyigba dzi la nate ŋu ase wo gɔme ahanɔ agbe ɖe wo nu.
Bu mɔ vevi eve siwo nu Yesu ɖe Fofoa ƒe amenyenye fia le ŋu kpɔ.
▪ Le Yesu ƒe nufiafia me la, eɖe nyateƒe siwo ku ɖe Yehowa ŋu la fia—Eƒe ŋkɔ, tameɖoɖo, kple eƒe mɔwo.—YOHANES 3:16; 17:6, 26.
▪ Yesu ɖe Yehowa ƒe nɔnɔme lédziname vovovowo fia le ale si wònɔ agbee me. Yesu ɖe Fofoa ƒe nɔnɔme fia pɛpɛpɛ ale gbegbe be ete ŋu gblɔ nya aɖe si gɔme míate ŋu ase ale: ‘Ne èdi be yeanya ale si Fofonye le la, wò ya lé ŋku ɖe ŋunye ko.’—YOHANES 5:19; 14:9.
Ale si Yesu nɔ agbee la wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ. Ne míesrɔ̃ nu tso nu si tae wòku ɖo ŋu, eye míenɔ agbe ɖe nu siwo míesrɔ̃ nu la, viɖe siwo ate ŋu ado tso eme la wu gbɔgblɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu Fiaɖuƒea kple ale si míewɔ nya be ava kpuie ŋu la, kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8, “Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?,” kple ta 9, “‘Ŋkeke Mamlɛawo’ Mee Míele Nyateƒea?” Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nɔnɔmetata si le axa 7]