Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:
• Nu vevi etɔ̃ kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatsi tsitre ɖe anukwaremaɖimaɖi ƒe tetekpɔ ŋu?
Woawoe nye: (1) Mawu vɔvɔ̃ nyuitɔ. (1 Pet. 3:12) (2) Dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ƒe ame si susu. (3) Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si le ame si ŋu.—4/15, axa 6-7.
• Aleke míewɔ nya be Mawu subɔsubɔ moveviɖoɖotɔe mefia be míayɔ mo goŋgoŋ ɣesiaɣi alo be míate ŋu aɖe dzi ɖi ahakpɔ dzidzɔ kple amewo gbeɖe o?
Míate ŋu abu Yesu ƒe kpɔɖeŋu ŋu. Ekpɔ dzidzɔ heɖu nu kple amewo. Míenya be meɖo mo vevi akpa hegbe vividodo ɖe amewo ŋu o. Ame bubuwo, siwo dome ɖeviwo kekeake hã nɔ te ɖe eŋu heɖe dzi ɖi le egbɔ.—4/15, axa 10.
• Nu kae srɔ̃tɔwo ate ŋu awɔ ne eva dze abe esi wodzi vi la, ƒomedodo si le wo dome la me va gbɔdzɔ ene?
Ele be woade dzo woƒe lɔlɔ̃ na wo nɔewo me. Ele be srɔ̃ŋutsua nadze agbagba awɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu lɔlɔ̃tɔe ale be nyɔnua nase le eɖokui me be yele dedie. Eye ehiã be wo ame evea siaa nanɔ dze ɖom tso woƒe seselelãmewo kple ŋutilãmenuhiahiãwo ŋu edziedzi.—5/1, axa 12-13.
• Nu kae kpɔɖeŋu ƒe amiti si ŋu woƒo nu tso le Romatɔwo ta 11 la le tsitre ɖi na?
Amiti la do ƒome kple Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia, si nye gbɔgbɔ me Israel. Kpɔɖeŋu ƒe amitia ƒe ke le tsitre ɖi na Yehowa, eye atia ŋutɔ le tsitre ɖi na Yesu. Esime dzɔdzɔme Yudatɔ akpa gãtɔ gbe Yesu la, mɔnukpɔkpɔ su Dukɔwo me tɔ siwo va zu Kristotɔwo la si be woado wo ɖe eme, woato esia dzi ana Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa evelia ƒe xexlẽme bliboa nade.—5/15, axa 22-25.
• Nya nyui kawoe míate ŋu agblɔ na ame dahewo?
Nya nyui siawoe nye be: Mawu ɖo Yesu Fiae. Eyae nye Dziɖula si dze, si aɖe ahedada ɖa. Nu ka tae? Elabena aɖu ameƒomea katã dzi, eye ŋusẽ le esi be wòawɔe hã; esea veve ɖe ame dahewo nu; eye ate ŋu aɖe nu si gbɔ ahedada tsona, si nye ɖokuitɔdidi si ƒe dome míenyi, la ɖa.—6/1, axa 7.
• Nu kae Yesu wɔnɛ esi wògblɔ na Kayafa be: “Wò ŋutɔe gblɔe”?—Mat. 26:63, 64.
Edze ƒãa be nyagbɔgblɔ si nye “wò ŋutɔe gblɔe” la nye Yudatɔwo ƒe adagana nyanyɛ aɖe si fia be nya la nye nyateƒe. Nunɔlagã Kayafa bia Yesu be eyae nye Kristo, Mawu ƒe Vi la, mahã. Yesu ƒe ŋuɖoɖo si nye, “Wò ŋutɔe gblɔe” la fia be elɔ̃ ɖe edzi be yee nye Kristo la.—6/1, axa 18.
• Ðe Yesu ƒe dzidzimevi deblibo siwo katã ate ŋu adzɔ tso eme hafi la nye tafea ƒe akpa aɖea?
Ao. Togbɔ be dzidzimevi deblibo akpeakpe teƒe akpewo ate ŋu adzɔ tso Yesu me hafi hã la, dzidzimevi siawo dometɔ aɖeke menye tafea ƒe akpa aɖe o. Yesu ƒe agbe deblibo la ɖeɖe sɔ ɖe Adam tɔ nu. (1 Tim. 2:6)—6/15, axa 13.
• Aleke Kristotɔwo ɖenɛ fiana be yewose nuxlɔ̃ame si dze le Dɔwɔwɔwo 20:29, 30 ku ɖe aʋatsonufialawo ŋu la gɔme?
Womexɔa aʋatsonufialawo ɖe woƒe aƒewo me alo doa gbe na wo gɔ̃ hã o. (Rom. 16:17; 2 Yoh. 9-11) Kristotɔwo mexlẽa xɔsegbelawo ƒe agbalẽwo, kpɔa televisiondziwɔna siwo doa woƒe nufiafiawo ɖe ŋgɔ, alo kea ŋku ɖe woƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒewo me o.—7/15, axa 15-16.
• Dzilawo dometɔ kae wòle na be wòafia nu ɖeviawo tso Mawu ŋu?
Le Biblia ƒe nya nu la, vifofoa kple vidadaa siaa ye wòle na be woafia nu wo viwo. (Lod. 1:8; Ef. 6:4) Numekuku ɖee fia be, ne dzila eveawo siaa kpɔ gome le nufiafia ɖeviawo me la, ekpɔa ŋusẽ nyui ɖe ɖeviawo dzi.—8/1, axa 6-7.