Subɔ Yehowa Moveviɖoɖotɔe
‘Nu siwo katã ŋu wòhiã be woabu vevie la, . . . minɔ nu siawo ŋu bum.’—FLP. 4:8.
1, 2. Nu kae wɔe be ame geɖe megatsɔa naneke nu vevii le agbe me o, eye biabia kawoe esia fɔ ɖe te?
MÍELE agbe le xexe aɖe si le ɣeyiɣi sesẽ siwo me afɔkuwo yɔ fũu wu le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me la me. Akɔkpekpe kple ‘ɣeyiɣi sesẽ siawo siwo me nɔnɔ sesẽ’ menɔa bɔbɔe na ame siwo mele ƒomedodo nyui me kple Yehowa o la kura o. (2 Tim. 3:1-5) Mo sesẽ koe kpena ɖe wo ŋu wodoa dzi gbe sia gbe—wometea ŋu kpɔa woƒe kuxiwo gbɔ ale si dze o. Esi ame aɖewo medi be yewoanɔ agbea ŋu bum fũu akpa o ta la, wo dometɔ geɖe tia vivisese si wokpɔna tso modzakaɖenu vovovo siwo bɔ ɖe xexea me la me yome ɖaa.
2 Zi geɖe la, ame geɖe vuna ɖe dzidzɔkpɔkpɔ ŋu be yewoate ŋu ado dzi le agbemenuteɖeamedziwo me. Ne mí Kristotɔwo míekpɔ nyuie o la, ate ŋu adzɔ bɔbɔe be míava nɔ nu wɔm abe woawo ke ene. Aleke míawɔ aƒo asa na esia? Ðe wòfia be mele be míado dzidzɔ na mía ɖokuiwo gbeɖe oa? Aleke míate ŋu awɔ ada asɔ le míaƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ kpakple dzidzɔdodo na mía ɖokuiwo me? Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose kawoe wòle be woafia mɔ mí ale be, togbɔ be míabu agbea ŋu vevie hã la, míagaɖo mo vevi wòagbɔ eme o?
Moveviɖoɖo Le Xexe Si Lɔ̃a Dzidzɔkpɔkpɔ Me
3, 4. Aleke Ŋɔŋlɔawo kpena ɖe mía ŋu be míakpɔ ale si gbegbe wòhiãe be míawɔ nu moveviɖoɖotɔe?
3 Edze ƒãa le xexe sia ƒe nuwɔna me be edea asixɔxɔ “dzidzɔkpɔkpɔ” ŋu wu ale si dze. (2 Tim. 3:4) Ale si wotea gbe ɖe vivisese dzi la ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me. (Lod. 21:17) Eya ta susu nyui aɖe tae apostolo Paulo ƒo nu tso moveviɖoɖo ƒe nya sia hã ŋu le aɖaŋu si wòɖo le lɛta siwo wòŋlɔ na Timoteo kple Tito la me ɖo. Aɖaŋuɖoɖo ma dzi wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na ɖekematsɔleme ƒe nukpɔsusu si le xexea si.—Mixlẽ 1 Timoteo 2:1, 2; Tito 2:2-8.
4 Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ la, Salomo ŋlɔ nu tso ale si wòle vevie be woatsɔ dzidzɔkpɔkpɔ asa vɔe ɣeaɖewoɣi ahadi ɣeyiɣi ade ŋugble le agbemenu veviwo ŋu la ŋu. (Nyagb. 3:4; 7:2-4) Nyateƒee, esi agbea le kpuie ŋutɔ ta la, ele be ‘míaʋli sesĩe’ be míakpɔ ɖeɖe. (Luka 13:24) Le susu sia ta la, ehiã be míayi edzi anɔ nu siwo katã “ŋu wòhiã be woabu vevie” la ŋu bum. (Flp. 4:8, 9) Ema fia be míalé fɔ ɖe nu sia nu si wòhiã be mí Kristotɔwo míawɔ la ŋu vevie.
5. Nu siwo wòle be míabu nu vevii le agbe me la dometɔ ɖeka ɖe?
5 Le kpɔɖeŋu me, le Yehowa kple Yesu sɔsrɔ̃ me la, Kristotɔwo bua agba si le wo dzi be woawɔ dɔ sesĩe la nu vevii. (Yoh. 5:17) Esia wɔe be wokafua wo zi geɖe ɖe ale si woléa fɔ ɖe dɔ ŋu wɔna kple ale si wonye ame siwo dzi woate ŋu aka ɖo la ta. Ƒome ƒe tawo koŋ ye wòle na be woawɔ dɔ sesĩe akpɔ woƒe ƒomewo dzi. Elabena ne ame aɖe mekpɔa eƒe ƒomea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ o la, esia sɔ kple ‘nugbegbe le Yehowa gbɔ’!—1 Tim. 5:8.
Subɔ Yehowa Moveviɖoɖotɔe, Evɔ Nàkpɔ Dzidzɔ Hã
6. Aleke míewɔ nya be ele be míabu míaƒe tadedeagu na Yehowa nu vevii?
6 Yehowa mebu tadedeagu dzadzɛa nu tsɛ kpɔ gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, le Mose ƒe Sea te la, ɣesiaɣi si Israel viwo tra ɖa tso tadedeagu na Yehowa gbɔ la, wokpɔa emetsonu vɔ̃wo godoo. (Yos. 23:12, 13) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, enɔ na Kristo yomedzelawo be woaʋli vevie be nufiafia totrowo kple nɔnɔme gbegblẽwo nagaƒo ɖi tadedeagu vavãtɔa o. (2 Yoh. 7-11; Nyaɖ. 2:14-16) Egbea hã, Kristotɔ vavãwo gakpɔtɔ bua woƒe tadedeagu nu vevi aɖe ŋutɔ.—1 Tim. 6:20.
7. Aleke Paulo dzra ɖo ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu?
7 Míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔa nana míekpɔa dzidzɔ. Ke hã hafi míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm le subɔsubɔdɔa me la, ele be míade ŋugble le eŋu vevie eye míadzra ɖo ɖe eŋu do ŋgɔ. Paulo ɖe ale si wòbua ame siwo wòfia nui la ŋu vevie la me esi wòŋlɔ be: “Mezu nuwo katã na ame ƒomeviwo katã, bene maɖe wo dometɔ aɖewo godoo. Gake nya nyui la tae mewɔa nuwo katã ɖo, bene nye hã makpɔ gome le eme kple ame bubuwo.” (1 Kor. 9:22, 23) Paulo kpɔ dzidzɔ le kpekpe ɖe amewo ŋu be woanya Mawu me, eye ede ŋugble le ale si wòawɔ akpɔ nu siwo tututu eƒe nyaselawo hiã gbɔ na wò la ŋu vevie. Eya ta esia kpe ɖe eŋu wòte ŋu de dzi ƒo na wo hegblɔ nya siwo aʋã wo woadi be yewoasubɔ Yehowa la na wo.
8. (a) Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ɖe ame siwo míefiaa nui le míaƒe subɔsubɔdɔa me ŋu? (b) Alekee Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple amewo ate ŋu ana míakpɔ dzidzɔ le subɔsubɔdɔa me?
8 Aleke gbegbe Paulo bu eƒe subɔsubɔdɔa nu vevii? Elɔ̃ faa be yeasubɔ Yehowa kple ame siwo aɖo to nyateƒe gbedeasia la siaa abe “kluvi” ene. (Rom. 12:11; 1 Kor. 9:19) Esi míelɔ̃ be míatsɔ agbanɔamedzi si nye Mawu ƒe Nya la fiafia amewo la, ɖe míekpɔa agba si le mía dzi le ame siwo míele nua fiamee gbɔ ƒe vevienyenye dzea sii—eɖanye le aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃ me, le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, alo le Ƒometadedeagu mea? Ðewohĩ míesena le mía ɖokui me be Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple amewo edziedzi nye agba gã aɖe na mí. Nyateƒee, ebiana zi geɖe be míazã ɣeyiɣi si míezãna ɖe míawo ŋutɔwo míaƒe dɔwo ŋu la ƒe akpa aɖe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu. Gake ɖe esia mewɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya si wògblɔ be “dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ” oa? (Dɔw. 20:35) Ne míawo ŋutɔwo míefia ɖeɖekpɔkpɔ ƒe mɔ la ame bubuwo la, ana míakpɔ dzidzɔ wu dzidzɔ si míakpɔ le dɔ bubu ɖe sia ɖe wɔwɔ me.
9, 10. (a) Ðe moveviɖoɖo fia be míate ŋu adi ɣeyiɣi aɖe dzi ɖi ahakpɔ dzidzɔ kple amewo oa? Ðe eme. (b) Nu kae akpe ɖe hamemetsitsi aɖe ŋu be wòanye ame si dea dzi ƒo na ame, si ŋu woate ŋu ate ɖo bɔbɔe?
9 Nuwɔwɔ moveviɖoɖotɔe mefia be míate ŋu aɖe dzi ɖi ahakpɔ dzidzɔ kple amewo o. Yesu ɖo kpɔɖeŋu deblibo ɖi le esia gome; menye ɖeko wòdi ɣeyiɣi tsɔ fia nu amewo ko o, ke edzi ɣeyiɣi tsɔ de ha tuameɖowo hekpɔ dzidzɔ kple amewo hã. (Luka 5:27-29; Yoh. 12:1, 2) Nuwɔwɔ moveviɖoɖotɔe mefia hã be ele be míayɔ mo goŋgoŋ ɣesiaɣi o. Ne ɖe Yesu nye ame aɖe si ɖoa mo vevi akpa eye medoa vivi ɖe ame ŋu o la, anye ne amewo malɔ̃ ate ɖe eŋu gbeɖe o. Ðeviwo kekeake hã ɖe dzi ɖi le egbɔ. (Mar. 10:13-16) Aleke míate ŋu asrɔ̃ ale si Yesu da sɔ le go eve siawo me?
10 Esime nɔviŋutsu aɖe nɔ nu ƒom tso hamemetsitsi aɖe ŋu la, egblɔ be: “Edia nu geɖe tso eya ŋutɔ ɖokui si, gake mekpɔa mɔ gbeɖe be ame bubuwo nawɔ nu wòade blibo o.” Ðe woate ŋu agblɔ nya sia le ŋuwòa? Esɔ be míabia nu si ame bubuwo ate ŋu awɔ le woƒe ŋutete nu la tso wo si. Le kpɔɖeŋu me, edzɔa dzi na ɖeviwo ne wo dzilawo ɖo taɖodzinu siwo gbɔ anya ɖo bɔbɔe na wo eye wokpe ɖe wo ŋu be woaɖo wo gbɔ. Nenema ke hamemetsitsiwo ate ŋu ade dzi ƒo na ame ɖekaɖekawo le hamea me be woatsi le gbɔgbɔ me eye woaɖo aɖaŋu aɖewo koŋ na wo le ale si woate ŋu awɔ esiae ŋu. Eye ne hamemetsitsi aɖe mebua eɖokui wu ale si dze o la, anye dzideƒotsoƒe na nɔviawo eye anɔ bɔbɔe na wo be woate ɖe eŋu. (Rom. 12:3) Nɔvinyɔnu aɖe gblɔ be: “Nyemedi be hamemetsitsi nanye ame aɖe si bua nu sia nu fefenyae o. Gake ne enye ame si ɖoa mo vevi ɣeawokatãɣi la, asesẽ ŋutɔ be woate ɖe eŋu.” Nɔvinyɔnu bubu aɖe gblɔ be yekpɔe be hamemetsitsi aɖewo ƒe nuwɔna “tea ŋu doa ŋɔdzi na ame alo ɖea dzi le ame ƒo le esi woɖoa mo vevi wògbɔa eme ta.” Hamemetsitsiwo madi gbeɖe be dzidzɔ si wòle be xɔsetɔwo katã nakpɔ le Yehowa, “dzidzɔ Mawu” la, subɔsubɔ me la dzi naɖe akpɔtɔ o.—1 Tim. 1:11.
Agbanɔamedziwo Tsɔtsɔ Le Hamea Me
11. Nu kae wòfia be ‘woaminya’ dɔ nyuiwo le hamea me?
11 Esi Paulo de dzi ƒo na ŋutsu siwo le hamea me la be woaku kutri adze na agbanɔamedzi geɖewo xɔxɔ la, menye ɖe wònɔ dzi dem ƒo na wo be woato esia dzi aɖi kɔ na woawo ŋutɔwo ƒe ɖoƒe kɔkɔ didi ƒe dzodzro o. Ke boŋ eŋlɔ bena: “Ne ame aɖe le dzikpɔladɔ minyam la, ele dɔ nyui dim.” (1 Tim. 3:1, 4) ‘Be woaminya’ dɔ sia la, ebia tso Kristotɔ ŋutsuwo si be woatu didi vevie be yewoaku kutri aɖo gbɔgbɔmenudidi siwo hiã la gbɔ ale be yewoadze asubɔ yewo nɔviwo la ɖo. Ne nɔviŋutsu aɖe xɔ nyɔnyrɔ wòde ƒe ɖeka ya teti eye wòwɔ ŋgɔyiyi ɖo Ŋɔŋlɔawo me nudidi siwo le 1 Timoteo 3:8-13, siwo gbɔ wòle be ame naɖo hafi adze anye subɔsubɔdɔwɔla gbɔ va se ɖe afi si sɔ la, woate ŋu akafui be woaɖoe subɔsubɔdɔwɔlae. De dzesii be kpukpui 8 lia gblɔ tẽe be: “Subɔsubɔdɔwɔlawo hã nawɔ nu kple moveviɖoɖo.”
12, 13. Ƒo nu tso mɔ siwo dzi nɔviŋutsu ɖekakpuiwo ate ŋu ato aminya agbanɔamedziwo la ŋu.
12 Nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ si eteƒe madidi o wòaxɔ ƒe blaeve, si subɔa Yehowa veviedodotɔe ye nènyea? Mɔ geɖewo li siwo dzi nàto aminya dɔ nyuiwo. Ðekae nye be nàdzi wò gomekpɔkpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ɖe edzi. Ðe wònyea dzidzɔ wò be yeawɔ dɔ kple nɔvi siwo xɔ ƒe vovovowo la le gbeadzisubɔsubɔdɔa mea? Ðe nèle agbagba dzem be Biblia nusrɔ̃vi nasu asiwòa? Ne èwɔna ɖe mɔfiame siwo míexɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me dzi le Biblia sɔsrɔ̃ kple amewo me la, àva bi ɖe nufiafia me. Gawu la, esia ana nàva nɔ ame si le Yehowa ƒe mɔwo srɔ̃m la ƒe nɔnɔmewo gɔme sem nyuie wu. Ne wò nusrɔ̃via va kpɔe dze sii be ehiã be yeawɔ tɔtrɔwo la, àsrɔ̃ ale si nàkpe ɖe eŋu dzigbɔɖitɔe kpakple le ŋuɖɔɖo me be wòawɔ Biblia me gɔmeɖosewo ŋu dɔ le eƒe agbe me.
13 Mi ɖekakpuiwo, miate ŋu atsɔ mia ɖokuiwo ana ame tsitsi siwo le hamea me la faa be miana kpekpeɖeŋu ɖe sia ɖe si hiã la wo. Miate ŋu atsɔ ɖe le Fiaɖuƒe Akpataa ƒe dzadzɛnyenye hã me eye miakpe asi ɖe eŋu be woadzrae ɖo eme nakɔ ƒloƒloƒlo. Ne ètsɔa ɖokuiwò nana faa be yeana kpekpeɖeŋu le mɔ ɖe sia ɖe si nàte ŋui nu la, wò lɔlɔ̃nu faa ƒe gbɔgbɔ sia ɖoa kpe edzi be nèbua wò subɔsubɔdɔa nu vevii. Abe Timoteo ene la, àsrɔ̃ ale si nàkpɔ hamea ƒe nuhiahiãwo gbɔ beléletɔe.—Mixlẽ Filipitɔwo 2:19-22.
14. Aleke woate ŋu ado nɔviŋutsu ɖekakpuiwo kpɔ be “wodze” asubɔ le hamea me hã?
14 Hamemetsitsiwo, mikpɔ egbɔ be miede dɔ aɖe asi na ɖekakpui siwo le agbagba dzem be “[yewoasi] le sɔhɛmenɔɣi ƒe nudzodzrowo nu” hetia “dzɔdzɔenyenye, xɔse, lɔlɔ̃, ŋutifafa” kple nɔnɔme nyui bubuwo yome la. (2 Tim. 2:22) Ne miede dɔwo asi na wo be woawɔ le hamea me la, ana mɔnukpɔkpɔ mi be ‘miado wo kpɔ be wodze’ atsɔ agbanɔamedziwo hã, ale be woƒe “ŋgɔgbedede nadze ƒãa na amewo katã.”—1 Tim. 3:10; 4:15.
Nuwɔwɔ Moveviɖoɖotɔe Le Hamea Kple Ƒomea Siaa Me
15. Le 1 Timoteo 5:1, 2 ƒe nya nu la, aleke míate awɔ nu moveviɖoɖotɔe ne míele nu wɔm kple ame bubuwo?
15 Nuwɔwɔ moveviɖoɖotɔe bia hã be míade bubu mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ŋu. Le aɖaŋu si Paul ɖo na Timoteo me la, eƒo nu tso ale si míawɔ nu ɖe amewo ŋu bubutɔe ŋu. (Mixlẽ 1 Timoteo 5:1, 2.) Esia le vevie ŋutɔ ne míele nu wɔm kple ame siwo ƒe vidzinu to vovo na mía tɔ. Anyo ŋutɔ be míasrɔ̃ Hiob ƒe kpɔɖeŋu le ale si wòde bubu nyɔnuwo ŋu me, vevietɔ srɔ̃a. Edze agbagba vevie be yemayi edzi aɖe ŋku ɖe nyɔnu bubu ʋuu wòadzro ye o. (Hiob 31:1) Bubudede mía nɔviŋutsuwo kple mía nɔvinyɔnuwo ŋu ana míaƒo asa na ahiãmoɖoɖo na wo, eye míadze agbagba ɖe sia ɖe be míawɔ naneke si ana be woatsi dzimaɖi ne wole mía gbɔ o. Bubudede amewo ŋu gale vevie wu ne ŋutsu kple nyɔnu aɖe le zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe. Kristotɔ si bua eƒe subɔsubɔa nu vevii la mafe kple ame si ƒe vidzinu to vovo na etɔ la ƒe seselelãmewo gbeɖe o.—Lod. 12:22.
16. Tsɔ susu si le ame aɖewo si le xexea me ku ɖe srɔ̃ŋutsu kple vifofo ƒe ɖoƒe ŋu la sɔ kple ɖoƒe si Biblia gblɔ be Mawu na wo la.
16 Ehiã hã be míanɔ ŋudzɔ be míayi edzi abu ɖoƒe si Mawu na mí le ƒomea me la ŋkubiãnyae. Satana ƒe xexea ɖua fewu le ɖoƒe si le srɔ̃ŋutsu kple vifofo si le ƒomea me ŋu. Edzɔa dzi na modzakaɖefefewɔlawo be yewoana ƒome ƒe ta nadze abe ame ɖigbɔ si ŋu bubu aɖeke mele o la ene. Gake Ŋɔŋlɔawo na eme kɔ ƒãa be agba gã aɖe ŋutɔ ye le srɔ̃ŋutsu dzi esi wògblɔ be “ŋutsue nye ta na srɔ̃a.”—Ef. 5:23; 1 Kor. 11:3.
17. Ðe ale si míaƒe gomekpɔkpɔ le ƒometadedeagu me ate ŋu aɖee afia be míebua míaƒe agbanɔamedziwo nu vevii la me.
17 Srɔ̃ŋutsu ate ŋu anɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilã me nuhiahiãwo gbɔ kpɔm, gake ne mele mɔ fiam wo le gbɔgbɔ me o la, aɖee afia be aɖaŋudzedze kple nunya mele ye si o. (5 Mose 6:6, 7) Esia tae 1 Timoteo 3:4 gblɔ be, ne ènye ƒome ƒe ta eye èle agbanɔamedzi geɖe wu minyam le hamea me la, ele be nànye ŋutsu si “kpɔa ye ŋutɔ ƒe aƒe dzi nyuie, ame si ƒe viwo bɔbɔa wo ɖokui le moveviɖoɖo katã me.” Le nya sia gome la, bia ɖokuiwò be, ‘Ðe meɖo ɣeyiɣi ɖi mía kple nye ƒomea míewɔa ƒometadedeagu kwasiɖa sia kwasiɖa?’ Kristotɔ srɔ̃nyɔnu aɖewo dina vevie be yewo srɔ̃wo naxɔ ŋgɔ le gbɔgbɔmenuwo gome ale gbegbe be, ɖeko wònɔna abe ɖe wole kuku ɖem na wo ŋutɔŋutɔ ene. Ele be srɔ̃ŋutsu ɖe sia ɖe nabu eƒe agbanɔamedzi sia ŋkubiãnyae. Le nyateƒe me la, ele be srɔ̃nyɔnu Kristotɔ nakpe asi ɖe Ƒometadedeagu ƒe ɖoɖoa ŋu eye wòawɔ nu aduadu kple srɔ̃aŋutsua ale be ɖoɖoa nakpɔ dzidzedze.
18. Aleke ɖeviwo ate ŋu asrɔ̃ nuwɔwɔ moveviɖoɖotɔe?
18 Wode dzi ƒo na ɖeviwo hã be woana woƒe susu nanɔ nu siwo akpe ɖe wo ŋu woasubɔ Yehowa nyuie wu le etsɔme la dzi. (Nyagb. 12:1) Menye nu gbegblẽe wònye be ɖeviwo nasrɔ̃ dɔ sesẽ wɔwɔ, anɔ aƒemedɔwo wɔm le woƒe ƒexɔxɔ nu o. (Kony. 3:27) Esime Fia David kpɔtɔ nye ŋutsuvi dzaa la, esrɔ̃ alẽkpɔkplɔdɔ eye wòva zu alẽkplɔla nyui aɖe. Esrɔ̃ hakpakpa kple haƒoƒo nyuie—ŋutete siwo na wòva subɔ Israel ƒe dziɖula. (1 Sam. 16:11, 12, 18-21) Ðikeke mele eme o be, esi David nye ɖevi la, elɔ̃a fefe, ke hã esrɔ̃ aɖaŋudɔ vevi aɖewo siwo ŋu dɔ wòva wɔ tsɔ kafu Yehowa. Esi wònye alẽkplɔla nyui ta la, esia kpe ɖe eŋu wòkplɔ Israel dukɔa dzigbɔɖeanyitɔe. Mi ɖeviwo, aɖaŋudɔ ɖɔʋu neni srɔ̃m miele be wòakpe ɖe mia ŋu miasubɔ mia Wɔla la eye wòadzra mi ɖo hena agbanɔamedziwo tsɔtsɔ le etsɔme?
Nukpɔsusu Si Da Sɔ La Me Léle Ðe Asi
19, 20. Nukpɔsusu si da sɔ kae wòle be mí katã míaɖo kplikpaa be wòanɔ mía si ku ɖe mía ɖokuiwo kple míaƒe tadedeagu ŋu?
19 Mí katã míate ŋu aku kutri be miada asɔ le ale si míebua mía ɖokuii me—be míagabu mía ɖokui ŋu wu ale si dze o. Míadi be míanye ame siwo wɔa “nu dzɔdzɔe vivivo o.” (Nyagb. 7:16) Ne nɔnɔme sesẽ aɖe do mo ɖa le aƒe me, alo le dɔ me, alo ne nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo xaxa le nya aɖe gbɔ kpɔkpɔ me la, fefenya aɖe gbɔgblɔ ɣeaɖewoɣi tea ŋu nana be ame sia ame ɖea dzi ɖi. Ƒomea me tɔwo nakpɔ nyuie be woaganɔ nya hem ɖe wo nɔewo ŋu fũu akpa be woagagblẽ ŋutifafa si wòle be wòanɔ aƒea me la me o. Le hamea me la, mí katã míate ŋu asrɔ̃ ale si míako nu ahakpɔ dzidzɔ kple mía nɔewo, eye míana be míaƒe dzeɖoɖo kple nufiafia natu ame ɖo ahade dzi ƒo na ame.—2 Kor. 13:10; Ef. 4:29.
20 Míele xexe aɖe si me amewo medea bubu Yehowa ŋu o eye womebua eƒe sewo nu vevii o la me. Ke hã Yehowa ƒe amewo ya bua toɖoɖo woƒe Mawu kple nuteƒewɔwɔ nɛ nu vevii. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míenye habɔbɔ gã si me tɔwo subɔa Yehowa ‘moveviɖoɖotɔe’ la me tɔwo! Mina míayi edzi awɔ nu moveviɖoɖotɔe le míaƒe agbenɔnɔ kple tadedeagu siaa me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu kae míawɔ be míaƒo asa na ɖekematsɔleme ƒe nukpɔsusu si le xexea si?
• Aleke míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa moveviɖoɖotɔe evɔ míakpɔ dzidzɔ hã?
• Aleke nukpɔsusu si le mía si ɖe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu aɖee afia nenye be míewɔa nu moveviɖoɖotɔe alo míewɔnɛ o?
• Ðe nu si tae bubudede mía nɔviwo kple míaƒe ƒometɔwo ŋu nye ŋkubiãnya la me.
[Nɔnɔmetatawo si le axa 12]
Ele be srɔ̃ŋutsu nakpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo siaa gbɔ na wo