Ðe Wòle Be Míanɔ Agbe Ðe Biblia Ƒe Dzidzenuwo Nua?
ÐE SE siwo Biblia de tso gbɔdɔdɔ ŋu zu tsigãdzinu hele kpaɖi akpa? Ao. Ke boŋ wo dzi wɔwɔ ana míaƒo asa na:
▪ Nulɔdɔwo
▪ Gbɔmeyafufɔfɔ
▪ Srɔ̃gbegbe kple emetsonu gbegblẽawo
▪ Dzitsinya ƒe fɔbuame
▪ Bubu koklo le ame ɖokui ŋu
Mía Wɔla, Yehowa Mawu,a di be míazã nu siwo yena mí la le mɔ si aɖe vi na mí nu. Mawue nye “ame si fia nu si nyo na wò la wò.” (Yesaya 48:17) Ame si nɔa agbe ɖe mɔfiame siwo Biblia na tso gbɔdɔdɔ ŋu nu la akpɔ:
▪ Mawu ƒe yayra
▪ Tomefafa
▪ Ƒome kpɔdzidzɔ
▪ Ŋkɔ nyui
▪ Bubu
Ke ne mèle agbe nɔm ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu fifia o ɖe? Ðe wòanya wɔ be nàwɔ asitɔtrɔ le wò agbenɔnɔ ŋua? Ðe Mawu ahe to na wò ɖe wò tsãgbenɔnɔ ta?
Bu eŋu kpɔ: Ame siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo ƒe hamea me dometɔ aɖewo nye matrewɔlawo, ahasiwɔlawo, kple ŋutsu ŋutsugbɔdɔla alo nyɔnu nyɔnugbɔdɔlawo tsã. Wotso nya me be yewoatrɔ asi le yewoƒe agbenɔnɔ ŋu, eye esia wɔwɔ ɖe vi geɖe na wo. (1 Korintotɔwo 6:9-11) Egbea, ame akpe geɖe wɔ tɔtrɔ ma tɔgbi le xexea me godoo. Woɖe asi le agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu, eye agbenɔnɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu le vi ɖem na wo fifia. Le kpɔɖeŋu me, se ale si esia dzɔ le Sara si ŋu nya míegblɔ le nyati gbãtɔ me gome ɖa.
“Nye Dzi Koe Dze Eme Zi Ðeka”
Sara va de dzesii be agbe si dzro ye nɔnɔ mehe ablɔɖe kple dzidzeme si dim yele vae na ye o. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be nye dzitsinya ku atri. Agbe si nɔm mele kpea ŋu nam eye menɔ vɔvɔ̃m hã be ɖewohĩ mava fɔ fu alo axɔ nulɔdɔ vɔ̃ɖi aɖe. Menya be Mawu li, eye be nye agbenɔnɔ medzea eŋu o. Mesena le ɖokuinye me be nyemele dzadzɛ o, eye esia ɖea fu nam vevie.”
Mlɔeba la, Sara ɖe afɔ siwo hiã be yeatrɔ asi le yeƒe agbenɔnɔ ŋu. Ete ɖe edzila siwo nye Yehowa Ðasefowo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu. Ebia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsi siwo le hamea me hã gbɔ. Egblɔ be: “Lɔlɔ̃ si dzinyelawo kple hamemetsitsiawo ɖe fiam kple ale si wodo vivi ɖe ŋunye la wɔ nuku nam ŋutɔ. Nye dzi koe dze eme zi ɖeka.”
Fifia, vi eve le Sara si. Egblɔ be: “Nyemeɣlaa agbe si ƒomevi menɔ va yi ɖe vinyewo o. Medi be woanya ale si aɖabaŋeŋe ƒu Mawu ƒe dzidzenuwo dzi gblẽ nu le ŋunyee. Nye taɖodzinue nye be makpe ɖe wo ŋu woakpɔ ŋudzedze ɖe viɖe siwo dona tso agbenɔnɔ ɖe Mawu ƒe se siwo ku ɖe gbɔdɔdɔ ŋu me le ŋutilã, susu, kple seselelãme gome la ŋu. Meka ɖe edzi bliboe be esi Mawu medi be míadze afɔku o tae wòna agbe nyui nɔnɔ ŋuti sewo mí ɖo.”
Ne èzɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiamewo nu la, aɖe vi na wò hã. Biblia do ŋugbe be: “Yehowa ƒe ɖoɖowo dzɔ, wodoa dzidzɔ na dzi; Yehowa ƒe sewo dza, wonana ŋku dzi kɔna. . . . Fetu gã le wo me lelé ɖe asi me.”—Psalmo 19:9, 12.b
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.
b Ne èdi be yenya nu tso Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo bubu siwo me viɖe le ŋu la, àte ŋu ate ɖe Yehowa Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu faa. Alo ne èlɔ̃ la, àte ŋu azã adrɛs siwo le axa 4 lia la dometɔ si sɔ na wò atsɔ aŋlɔ agbalẽ na mí alo nàʋu míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye www.watchtower.org.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 8]
Aɖabaŋeŋe ƒu Biblia ƒe dzidzenuwo dzi hea dzigbagbã vae
[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]
Dzitsinya nyui sua ame siwo nɔa agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu si, eye wokpɔa dzidzɔ le ƒomegbenɔnɔ me