Emenyawo
November 15, 2011
Tata Si Míasrɔ̃
NUSƆSRƆ̃NYATIWO:
December 26, 2011–January 1, 2012
“Mègaɖo Dzi Ðe Wò Gɔmesese Ŋu O”
AXA 6
HADZIDZI: 49, 23
January 2-8, 2012
Zɔ Le Gbɔgbɔ La Nu, Be Nàkpɔ Agbe Kple Ŋutifafa
AXA 10
HADZIDZI: 52, 6
January 9-15, 2012
Wole Xexe Vɔ̃ɖi Aɖe Me “Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe”
AXA 16
HADZIDZI: 40, 26
January 16-22, 2012
Mikpe Ðe Ŋutsuwo Ŋu Woasubɔ Mawu
AXA 24
HADZIDZI: 42, 1
January 23-29, 2012
Mina Hehe Ŋutsuwo Woadze Axɔ Agbanɔamedziwo
AXA 28
HADZIDZI: 45, 10
Taɖodzinu Si Le Nusɔsrɔ̃nyatiawo Ŋu
NUSƆSRƆ̃NYATI 1 AXA 6-10
Ðe nèwɔa Mawu ƒe nunana si nye gbedodoɖa ŋu dɔ bliboea? Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ne èle nɔnɔme donuxaxanamewo me tom, ne èle nyametsotso veviwo wɔm, alo nèle agbagba dzem be yeaɖu tetekpɔwo dzi.
NUSƆSRƆ̃NYATI 2 AXA 10-14
Apostolo Paulo gblɔ nu si ŋu wòle be Kristotɔ siwo nɔ Roma natsɔ woƒe susu aɖo be agbe kple ŋutifafa nasu wo si la na wo. Nyati sia akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ale si eƒe aɖaŋuɖoɖoa ate ŋu aɖe vi na wòe.
NUSƆSRƆ̃NYATI 3 AXA 16-20
Abe ale si nyati sia ɖe emee ene la, nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le blema la bu wo ɖokuiwo abe “ame siwo le anyigba la dzi hena ɣeyiɣi kpui aɖe” ene. Nenema kee Yesu yomedzela gbãtɔwo hã wɔ. Ke Kristotɔ vavã siwo li egbea ya ɖe? Le nyati sia me la, àsrɔ̃ nu si wòfia be míanɔ agbe abe ame siwo le xexe vɔ̃ɖi sia me hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene la.
NUSƆSRƆ̃NYATI 4, 5 AXA 24-32
Wohiã ŋutsu geɖewo be woaxɔ ŋgɔ le Mawu ƒe amewo dome. Yesu kpe ɖe ŋutsu geɖewo ŋu woxɔ nya nyuia eye emegbe wodze hexɔ agbanɔamedziwo le hamea me. Ne míesrɔ̃ nu tso mɔ siwo dzi wòto wɔ esiae ŋu la, míakpɔ ale si míate ŋu akpe ɖe ŋutsu siwo míedoa goe le gbeƒãɖeɖedɔa me la ŋu kple ale si míana hehe ŋutsu siwo xɔ nyɔnyrɔ la be woaxɔ agbanɔamedziwo le Yehowa ƒe habɔbɔa me.
NYATI BUBUWO
3 Yehu Do Tadedeagu Dzadzɛ Ðe Ŋgɔ
15 “Nuwɔametɔ Menye Fifia, Gake Nyemanɔ Alea Tegbee O!”
21 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
22 ‘Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàna Nu Dɔmenyotɔe’ La Doa Dzidzɔ Na Wòa?