Mikpe Ðe Ŋutsuwo Ŋu Woasubɔ Mawu
“Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.”—LUKA 5:10.
1, 2. (a) Nu kae ŋutsu geɖewo wɔ esime Yesu nɔ gbeƒã ɖem? (b) Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?
ESI Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le Galilea nutoa me ɣeaɖeɣi la, woɖo tɔdziʋu eye woawo ɖeɖe woyi teƒe aɖe si ame aɖeke mele o. Gake amehawo to afɔ dze wo yome. Ame siwo yi teƒea gbe ma gbe la ƒe xexlẽme “anɔ ŋutsu akpe atɔ̃, [ne woɖe] nyɔnuwo kple ɖevi suewo” le eme. (Mat. 14:21) Ɣebubuɣi la, ameha gã aɖe va Yesu gbɔ nɔ didim be wòada gbe le yewo ŋu eye yewoase eƒe nyawo. ‘Ŋutsu siwo nɔ amehawo dome la nɔ ame akpe ene, [womexlẽ] nyɔnuwo kple ɖevi suewo ya o.’ (Mat. 15:38) Edze ƒãa be ŋutsu geɖewo nɔ ame siwo va Yesu gbɔ la dome eye wotsɔ ɖe le eƒe nufiafia me. Le nyateƒe me la, Yesu kpɔ mɔ be ame bubu geɖewo aɖo to gbedeasia, elabena esime wòna woɖe lã gbogbo aɖe nukutɔe megbe la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃la Simon be: “Tso fifia dzi la, ànɔ amewo ɖem agbagbee.” (Luka 5:10) Ehiã be eƒe nusrɔ̃lawo nada woƒe ɖɔwo ɖe ameƒomea ƒe atsiaƒua me le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye woate ŋu akpɔ mɔ be ŋutsu geɖewo anɔ ame siwo ‘yewoaɖe’ la dome.
2 Nenema kee egbea la, ŋutsuwo tsɔa ɖe le Ŋɔŋlɔawo me gbedeasi si míele gbeƒã ɖemee la me eye woɖoa toe. (Mat. 5:3) Ke hã ŋutsu geɖewo hena ɖe megbe eye womewɔa ŋgɔyiyi va xɔa nyateƒea o. Aleke míate ŋu akpe ɖe wo ŋu? Togbɔ be Yesu mewɔ gbeƒãɖeɖedɔ tɔxɛ aɖe tsɔ di ŋutsuwo o hã la, kakaɖedzitɔe la, eƒo nu tso nya siwo me ŋutsuwo tsɔa ɖe le le eƒe ŋkekea me la ŋu. Le eƒe kpɔɖeŋua sɔsrɔ̃ me la, mina míadzro ale si míate ŋu akpe ɖe ŋutsuwo ŋu woaɖu kuxi siwo ɖea fu na wo egbea dzi la me. Míadzro wo dometɔ etɔ̃ me: (1) dɔwɔɖuinyawo, (2) vɔvɔ̃ na nya siwo amewo agblɔ, kple (3) sese le wo ɖokuiwo me be ŋutete mele yewo ŋu o.
Dɔwɔɖuinyawo
3, 4. (a) Nu kae nɔa vevie na ŋutsu geɖewo? (b) Nu ka tae ŋutsu geɖe susuna be gadidi le vevie wu Biblia sɔsrɔ̃?
3 Agbalẽfiala aɖe gblɔ na Yesu gbe ɖeka be: “Nufiala, madze yowòme ayi afi sia afi si nàyi.” Gake esi Yesu gblɔ nɛ be “teƒe aɖeke mele Amegbetɔvi la ya si wòatsɔ ta aziɔ ɖo o” la, agbalẽfiala la trɔ susu. Edze ƒãa be esi agbalẽfialaa see be kakaɖedzi mele afi si yeamlɔ alo nu si yeaɖu ŋu o la, ete ɖe edzi, elabena naneke mele nuŋlɔɖia me si ɖee fia be eva zu Kristo yomedzela o.—Mat. 8:19, 20.
4 Zi geɖe la, ŋutsuwo bunɛ be ŋutilãmenuwo ƒe amesisusu le vevie wu Biblia sɔsrɔ̃ kple eƒe mɔfiamewo dzi wɔwɔ. Yunivɛsitidede kple dɔ aɖe si me ga geɖe le wɔwɔ ye nye nu siwo le vevie wu na wo dometɔ geɖewo. Le woawo ya ƒe susu nu la, wobunɛ be gadidi le vevie eye aɖe vi na yewo wu viɖe ɖe sia ɖe si yewoakpɔ tso Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ kple ƒomedodo kplikplikpli me nɔnɔ kple Mawu me. Biblia ƒe nufiafia ate ŋu ado dzidzɔ na wo, gake “nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsiwo, kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ate ŋu avu atsyɔ Biblia sɔsrɔ̃ ƒe didi ɖe sia ɖe si le wo me dzi. (Mar. 4:18, 19) Na míalé ŋku ɖe ale si Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu woɖɔ woƒe nukpɔsusu ɖo le nu siwo wobuna be wole vevie wu le agbe me la ŋu kpɔ.
5, 6. Nu kae kpe ɖe Andrea, Petro, Yakobo, kple Yohanes ŋu woɖɔ woƒe nukpɔsusu ɖo le ale si wobua gbeƒãɖeɖedɔa kpakple woƒe dɔwɔɖuia la ŋu?
5 Tɔƒodelawoe Andrea kple nɔvia Simon Petro wonye. Dɔ ma kee Yohanes kple nɔvia Yakobo kpakple wo fofo Zebedeo hã wɔna. Woƒe dɔa nɔ dzidzedze kpɔm ale gbegbe be woxɔa dɔwɔlawo kpena ɖe wo ɖokuiwo ŋu. (Mar. 1:16-20) Zi gbãtɔ si Andrea kple Yohanes wose Yesu ŋuti nya tso Yohanes Amenyrɔɖetsimela gbɔ la, woka ɖe edzi be yewokpɔ Mesia la. Andrea gblɔ nya nyui ma na nɔvia Simon Petro, eye anɔ eme be Yohanes hã gblɔe na nɔvia Yakobo. (Yoh. 1:29, 35-41) Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, wo ame enea katã wonɔ Yesu ŋu esime wònɔ gbeƒã ɖem le Galilea, Yudea, kple Samaria. Emegbe la, nusrɔ̃la eneawo gbugbɔ yi woƒe tɔƒodedea dzi. Wodi be yewoanya nu geɖe tso Mawu ŋu, gake menye subɔsubɔdɔae nye nu si nɔ vevie na wo wu o.
6 Ɣeyiɣi aɖe megbe la, Yesu yɔ Petro kple Andrea be woadze ye yome eye woazu “ameɖelawo.” Aleke wo ame evea wowɔ nui? “Enumake wogblẽ woƒe ɖɔawo ɖi, eye wodze eyome.” Nenema kee Yakobo kple Yohanes hã wɔ. “Enumake wogblẽ tɔdziʋu la kple wo fofo ɖi, eye wodze eyome.” (Mat. 4:18-22) Nu kae kpe ɖe ŋutsu siawo ŋu wotso nya me be yewoatsɔ yewoƒe ɣeyiɣi katã awɔ subɔsubɔdɔa? Ale si wose le wo ɖokui me dzro koe na woɖe afɔ sia? Ao! Le ɣleti siwo do ŋgɔ me la, ŋutsu siawo ɖo to Yesu ƒe nufiafiawo, wokpɔ eteƒe wòwɔ nukunuwo, wode dzesi dzo si le eme ɖe dzɔdzɔenyenye ŋu, eye wokpɔ ale si gbegbe amewo lɔ̃ eƒe nufiafiae la teƒe. Esiawo katã wɔe be woƒe Yehowa dzi xɔxɔ se kple woƒe ŋuɖoɖo ɖe eyama ŋu me va sẽ ɖe edzi!
7. Aleke míate ŋu akpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woaka ɖe ŋutete si le Yehowa si be wòakpɔ eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo la dzi?
7 Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yesu le kpekpeɖeŋunana míaƒe Biblia nusrɔ̃viwo be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu me? (Lod. 3:5, 6) Ale si míefiaa nui la wɔa akpa vevi aɖe le esia gome. Ne míele nu fiam la, míate ŋu ate gbe ɖe ŋugbe si Mawu do be yeayra mí geɖe ne míetsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖo nɔƒe gbãtɔ la dzi. (Mixlẽ Maleaxi 3:10; Mateo 6:33.) Togbɔ be míate ŋu azã mawunyakpukpui vovovowo atsɔ ate gbe ɖe ale si Yehowa kpɔa eƒe amewo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na woe dzi hã la, nu si mele be míaŋlɔ be o ye nye dɔ si kpɔɖeŋu si míawo ŋutɔwo míeɖona wɔna ɖe nusrɔ̃viawo dzi. Nu siwo me míawo ŋutɔwo míeto le agbe me gbɔgblɔ na wo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu geɖe ŋutɔ woasrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu. Míate ŋu aɖo dze tso agbemenuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname siwo míexlẽ le míaƒe agbalẽwo me la hã ŋu na wo.a
8. (a) Nu ka tae wòle vevie be Biblia nusrɔ̃vi ‘naɖɔe kpɔ eye wòakpɔe be Yehowa ƒe dɔme nyo’? (b) Aleke míate ŋu akpe ɖe míaƒe nusrɔ̃vi ŋu eya ŋutɔ nakpɔe be Yehowa ƒe dɔme nyo?
8 Menye nuxexlẽ tso ale si Yehowa yra ame bubuwoe ŋu kple wo ŋu nyawo sese koe nana ame ƒe xɔse me sẽna o. Ehiã be Biblia nusrɔ̃via ŋutɔ nakpɔe le eƒe agbe me be Yehowa ƒe dɔme nyo. Hakpala la dzi ha be: “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔ be, Yehowa ƒe dɔme nyo; woayra ŋutsu, si sii tso.” (Ps. 34:9) Aleke míate ŋu akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòakpɔe be Yehowa ƒe dɔme nyo? Tsɔe be nusrɔ̃vi aɖe si le gakuxiwo me tom la le agbagba dzem hã be yeaɖu numame gbegblẽ aɖe, abe sigaretnono, tsatsadada, alo aha geɖe nono ene, dzi. (Lod. 23:20, 21; 2 Kor. 7:1; 1 Tim. 6:10) Ne èfia nusrɔ̃via be eya ŋutɔ nado gbe ɖa abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be wòaɖu numame gbegblẽ ma dzi la, ɖe esia makpe ɖe eŋu wòakpɔe be Yehowa ƒe dɔme nyo oa? Bu nu si ado tso eme ne míede dzi ƒo na nusrɔ̃via be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ nɛ le agbe me to ale si wòadi ɣeyiɣi míatsɔ asrɔ̃ Biblia kplii kwasiɖa sia kwasiɖa eye wòadzra ɖo ɖe Kristotɔwo ƒe kpekpewo ŋu ahade wo la ŋu kpɔ. Ɛ̃, ne nusrɔ̃via va le ale si Yehowa le yayram ɖe eƒe agbagbadzedzewo dzi kpɔm dze sii la, eƒe xɔse me agasẽ ɖe edzi ale gbegbe!
Vɔvɔ̃ Na Nya Siwo Amewo Agblɔ
9, 10. (a) Nu ka tae esi Nikodemo kple Yosef si tso Arimatia la xɔ Yesu dzi se la, womena amewo nya o? (b) Nu ka tae wòsesẽna na ŋutsu aɖewo egbea be woadze Kristo yome?
9 Ŋutsu aɖewo hena ɖe megbe eye womedzea Kristo yome bliboe o, le vɔvɔ̃ na nya siwo amewo agblɔ tso wo ŋu ta. Le kpɔɖeŋu me, Nikodemo kple Yosef si tso Arimatia la xɔ Yesu dzi se, gake womena amewo nya o, elabena wonɔ vɔvɔ̃m na nya siwo Yudatɔ bubuwo agblɔ alo nu siwo woawɔ wo ne wonya. (Yoh. 3:1, 2; 19:38) Susu geɖewo li siwo tae wonɔ vɔvɔ̃m ɖo. Subɔsubɔhakplɔlawo lé fu Yesu ale gbegbe be mlɔeba la, wonyaa ame sia ame si ʋu eme be yexɔ edzi se la le woƒe ƒuƒoƒewo.—Yoh. 9:22.
10 Egbea le teƒe aɖewo la, ne ŋutsu aɖe tsɔ ɖe le Mawu, Biblia, alo mawusubɔsubɔ me vevie la, eƒe dɔwɔhatiwo, xɔlɔ̃wo, alo ƒometɔwo ate ŋu aɖu fewu le eŋu. Le teƒe bubuwo la, afɔku ate ŋu anɔ eme gɔ̃ hã ne ame aɖe gblɔ be yedi be yeado le yeƒe subɔsubɔha me ahaɖo bubu me. Ne ŋutsu aɖe si wɔa akpa vevi aɖe le asrafodɔ alo dunyahehe me alo nye ame ŋkuta le woƒe nutoa me la va tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔnyawo me la, ame geɖe aƒo nu atsi tsitre ɖe eŋu vevie. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si le Germany la gblɔ be: “Menya be Biblia me nya si mi Ðasefowo mieɖea gbeƒãe la nye nyateƒe. Gake ne mezu Ðasefo egbea la, kaka ŋu nake etsɔ la, ame sia ame asee. Nu kae nye dɔwɔhatiwo, aƒelikawo, kple habɔbɔ si me mía kple nye ƒomea míele la me tɔwo asusu tso ŋunye? Nyemate ŋu ado dzi atsɔ esia o.”
11. Aleke Yesu kpe ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu woɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi?
11 Togbɔ be Yesu ƒe apostoloawo dometɔ aɖeke menye vɔvɔ̃nɔtɔ o hã la, wo katã wowɔ avu kple amegbetɔvɔvɔ̃. (Mar. 14:50, 66-72) Aleke Yesu kpe ɖe wo ŋu wowɔ ŋgɔyiyi esi amewo tsi tre ɖe wo ŋu gɔ̃ hã? Yesu ɖe afɔ aɖewo tsɔ dzra eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ɖe tsitretsiɖeŋu si woava do go emegbe la ŋu. Egblɔ na wo be: “Dzidzɔtɔwoe mianye ne amewo lé fu mi, eye woɖe mi le ha me, eye wodo vlo mi heƒo ɖi miaƒe ŋkɔ be mienye ame vɔ̃ɖiwo, le Amegbetɔvi la ta.” (Luka 6:22) Yesu na eyomedzelawo nya be ele be woakpɔ mɔ be woado vlo yewo. Vlodoame ɖe sia ɖe si ava wo dzi la anye “le Amegbetɔvi la ta.” Yesu ka ɖe edzi na wo hã be, ne woɖo ŋu ɖe Mawu ŋu la, akpe ɖe wo ŋu ahado ŋusẽ wo. (Luka 12:4-12) Gakpe ɖe eŋu la, Yesu de dzi ƒo na ame bubuwo hã be woawɔ ɖeka kple yeƒe nusrɔ̃lawo faa ahadze xɔlɔ̃ wo.—Mar. 10:29, 30.
12. Aleke míate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu woaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi?
12 Ele be míawo hã míakpe ɖe Biblia nusrɔ̃viwo ŋu woaɖu amegbetɔvɔvɔ̃ dzi. Zi geɖe la, enɔa bɔbɔe be míaɖu kuxi aɖe dzi ne míenya do ŋgɔ be ava. (Yoh. 15:19) Le kpɔɖeŋu me, ɖe manyo be míakpe ɖe nusrɔ̃via ŋu wòadzra numeɖeɖe si wotu ɖe Biblia dzi, si gɔme sese le bɔbɔe, si me susu le, si wòatsɔ aɖo nyabiase alo tsitretsiɖeŋunya siwo eƒe dɔwɔhatiwo kple ame bubuwo ate ŋu agblɔ ŋu la ɖo oa? Ele be míadze xɔlɔ̃ nusrɔ̃via eye míaɖee afia hamea me tɔ bubuwo hã, vevietɔ nɔvi siwo ƒe nɔnɔmewo kple didiwo sɔ kple etɔwo. Ƒo wo katã ta la, ele be míafiae be wòanɔ gbe dom ɖa edziedzi tso dzi blibo me. Esia ate ŋu akpe ɖe eŋu wòate ɖe Mawu ŋu eye wòawɔ Yehowa eƒe Sitsoƒe kple eƒe Aga.—Mixlẽ Psalmo 94:21-23; Yakobo 4:8.
Sese Le Wo Ðokuiwo Me Be Ŋutete Mele Yewo Ŋu O
13. Nu ka tae ŋutsu aɖewo hea hadede kple hamea ɖe megbe?
13 Ŋutsu aɖewo hea hadede kple hamea ɖe megbe le esi womenya nuxexlẽ nyuie o, alo esi womate ŋu aƒo nu eme nakɔ nyuie o, alo esi ŋu kpea wo ta. Ŋutsu aɖewo sena le wo ɖokuiwo me be yewomate ŋu agblɔ yewoƒe nukpɔsusuwo alo seselelãmewo le ame gbogbowo dome o. Ne wobu eŋu be ahiã be yewoasrɔ̃ nu, aɖo nya ŋu le Kristotɔwo ƒe kpekpewo, alo aƒo nu tso yewoƒe xɔse ŋu na ame bubuwo la, ate ŋu awɔ na wo be yewomate ŋui o. Nɔviŋutsu aɖe gblɔ be: “Esi menye ɖekakpui la, gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ sesẽna nam.” Egblɔ be nu si yewɔna ye nye be yezɔna kabakaba yia agboa nu, abe ɖe yeyina agboa ƒo ge ene, eye yegatrɔna kaba, eye yemedina be ame aɖeke nase nye yeƒe afɔzi loo alo akpɔ ye o. Egblɔ be: “Tso aƒe me yi aƒe me dɔa ŋu bubu ɖeɖe dzaa nana meléa akpɔ̃.”
14. Nu ka tae Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mete ŋu da gbe le ŋutsuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le la ŋu o?
14 Bu ale si Yesu ƒe nusrɔ̃lawo anya se le wo ɖokuiwo me esime womete ŋu da gbe le ŋutsuvi aɖe si me gbɔgbɔ vɔ̃ le ŋu o la ŋu kpɔ. Ŋutsuvia fofo va Yesu gbɔ hegblɔ nɛ be: “Anyidzedɔ le [vinyeŋutsuvia ŋu], eye wòte ɖe edzi ŋutɔ, elabena enuenu la, edzea anyi ɖe dzo me, eye enuenu la, edzea anyi ɖe tsi me; eye mekplɔe vae na wò nusrɔ̃lawo, gake womete ŋu da gbe le eŋu o.” Yesu nya gbɔgbɔ vɔ̃a do goe eye wòda gbe le ŋutsuvia ŋu. Emegbe nusrɔ̃lawo te ɖe Yesu ŋu hebiae be: “Nu ka ŋuti míawo ya míete ŋu nyae do goe o?” Yesu ɖo eŋu na wo be: “Xɔse ʋɛ si le mia si tae. Elabena vavã mele egblɔm na mi be: Ne xɔse le mia si de atiku sue aɖe ƒe lolome nu la, ekema miagblɔ na to sia be, ‘Ho le afi sia nàyi aɖadze afi mɛ!’ Eye wòaho ayi, eye naneke mate ŋu awu wɔwɔ na mi o.” (Mateo 17:14-20) Ehiã be míaxɔ Yehowa dzi se ale be míate ŋu aɖu kuxi siwo le abe towo ene la dzi. Nu kae dzɔna ne ame aɖe ŋe aɖaba ƒu nyateƒenya sia dzi eye wòɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ƒe ŋutetewo ɖeɖe ko ŋu? Ne mete ŋu kpɔ dzidzedze o la, dzi ɖena le eƒo.
15, 16. Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe sena le eɖokui me be ŋutete mele ye ŋu o la, aleke míate nu akpe ɖe eŋu wòaɖu seselelãme ma dzi?
15 Mɔ nyui aɖe si dzi míato akpe ɖe ŋutsu aɖe si sena le eɖokui me be ŋutete mele ye ŋu o la ŋue nye be míade dzi ƒo nɛ be wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, ke menye be wòaɖo ŋu ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu o. Petro ŋlɔ bena: “Mibɔbɔ mia ɖokui ɖe Mawu ƒe asi sesẽ la te, bene wòado mi ɖe dzi le ɣeyiɣi si sɔ la dzi; esime miedro miaƒe dzimaɖitsitsiwo katã ɖe eyama dzi.” (1 Pet. 5:6, 7) Esia bia be míakpe ɖe míaƒe Biblia nusrɔ̃via ŋu wòalɔ̃ Yehowa eye wòalɔ̃ faa awɔ eƒe mɔfiafiawo dzi. Ame si lɔ̃ Yehowa la ƒe susu nɔa nu siwo wòawɔ be woa kplii dome ƒomedodoa nanɔ nyuie la ŋu. Elɔ̃a Mawu ƒe Nya la eye wòɖea “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse” la fiana le eƒe agbenɔnɔ me. (Gal. 5:22, 23) Elɔ̃a gbedodoɖa hã. (Flp. 4:6, 7) Gakpe ɖe eŋu la, ebiaa Mawu be wòana dzideƒo kple ŋusẽ si yehiã la ye be yeatsɔ akpɔ nɔnɔme ɖe sia ɖe si dze ŋgɔ ye la gbɔ alo awɔ dɔ aɖe si wode ye si la awu enu dzidzedzetɔe.—Mixlẽ 2 Timoteo 1:7, 8.
16 Ahiã be míana kpekpeɖeŋu ŋutɔŋutɔ aɖewo nusrɔ̃vi aɖewo le nuxexlẽ, dzeɖoɖo, alo nuƒoƒo ƒe ŋutetewo gome. Nusrɔ̃vi bubuwo ase le wo ɖokuiwo me be yewomedze asubɔ Mawu o, le agbe baɖa siwo wonɔ tsã hafi va nya Yehowa la ta. Le nɔnɔme eve siawo katã me la, ate ŋu anɔ eme be míaƒe kpekpeɖeŋunana wo dzigbɔɖitɔe le lɔlɔ̃ me koe nye nu si wohiã. Yesu gblɔ be: “Ame siwo le lãmesẽ me la mehiã atikewɔla o, gake ame siwo le dɔ lém la hiãe.”—Mat. 9:12.
Mina ‘Míaɖe’ Ŋutsu Geɖewo Wu
17, 18. (a) Aleke míawɔ be míake ɖe ŋutsu geɖe wu ŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa me? (b) Nu kae míasrɔ̃ le nyati si kplɔe ɖo me?
17 Míaƒe didie nye be ŋutsu geɖe wu naɖo to gbedeasi si naa dzidzeme vavãtɔ ame la, eye Biblia me koe woate ŋu akpɔe le. (2 Tim. 3:16, 17) Ekema aleke míawɔ be míake ɖe ŋutsu geɖe wu ŋu le míaƒe subɔsubɔdɔa me? Míate ŋu ake ɖe wo ŋu ne míezã ɣeyiɣi geɖe wu le ɖaseɖiɖidɔa me le ɣetrɔwo me, le kwasiɖanuwuwuwo ƒe ŋdɔwo me, alo le ŋkekenyuiwo dzi, elabena ŋutsu geɖewo nɔa aƒe me le ɣeyiɣi mawo me. Ɣesiaɣi si wòanya wɔ la, míate ŋu abia be míaƒo nu na ŋutsu si le aƒea me. Mina míaɖi vomeɖase na míaƒe dɔwɔhati ŋutsuwo le ɣeyiɣi si sɔ me, eye anyo hã be míakpe ɖe ŋutsu siwo menye Ðasefowo o, siwo srɔ̃wo nye mía nɔvinyɔnuwo la ŋu.
18 Ne míeyi edzi ɖea gbeƒã na ame sia ame si míedoa goe la, míate ŋu aka ɖe edzi be ame siwo si dzi nyui le la aɖo to gbedeasia. Mina míakpe ɖe ame siwo katã tsɔ ɖe le nyateƒea me vavã la ŋu dzigbɔɖitɔe. Gake aleke míate ŋu akpe ɖe ŋutsu siwo le hamea me, siwo xɔ nyɔnyrɔ la ŋu be woadi be yewoawɔ ŋgɔyiyi adze axɔ agbanɔamedziwo le Mawu ƒe habɔbɔa me? Nyati si kplɔe ɖo aɖo nyabiase sia ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ Ƒegbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo ta kpakple agbemeŋutinya siwo wotana ɖe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Aleke míate ŋu akpe ɖe ŋutsuwo ŋu woakpɔ nu si le vevie wu le agbe me la adze sii?
• Aleke míate ŋu akpe ɖe ame yeyewo ŋu woagavɔ̃ nya siwo amewo agblɔ ɖe wo ŋu la o?
• Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋutsu aɖewo siwo sena le wo ɖokuiwo me be ŋutete mele yewo ŋu o la ŋu woaɖu seselelãme ma dzi?
[Nɔnɔmetata si le axa 25]
Ðe nèdzea agbagba be yeake ɖe ŋutsuwo ŋu ahagblɔ nya nyuia na woa?
[Nɔnɔmetata si le axa 26]
Aleke nàte ŋu akpe ɖe wò Biblia nusrɔ̃vi ŋu wòakpe akɔ kple tetekpɔwo?