Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Ecuador
WONƆ nya ƒom ɖe nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe si le Italy, si ŋkɔe nye Bruno, nu. Ðeko wòwu sekɛndrisuku nu koe nye ema; eyae nye ame si xɔ dzeside kɔkɔtɔ kekeake le woƒe sukuxɔ me. Azɔ hã, eƒe ƒometɔwo kple nufialawo nɔ eƒom ɖe enu be wòade suku kɔkɔ. Gake ƒe aɖewo do ŋgɔ la, Bruno tsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa hedo ŋugbe nɛ be yeatsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ le yeƒe agbe me. Nyametsotso kae wòwɔ? Egblɔ be: “Megblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be, manɔ agbe ɖe nye adzɔgbeɖeɖea nu eye matsɔ eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ.” Gake egblɔ anukwaretɔe le gbedodoɖaa me hã be yemedi be yeanɔ hamea me ko naneke mawɔmawɔe o, ke boŋ yedi be yeawɔ dɔ vovovowo le eƒe subɔsubɔa me.
Ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, Bruno ʋu yi ɖanɔ Ecuador, le Anyiehe Amerika. Egblɔ be: “Yehowa ɖo nye gbedodoɖaa ŋu nam wu ale si mekpɔ mɔ nɛ kura gɔ̃ hã.” Nukutɔe la, esi wòva ɖo Ecuador la, eke ɖe ɖekakpui kple ɖetugbui bubu geɖe siwo hã ʋu va afi ma be yewoawɔ geɖe wu le Yehowa subɔsubɔ me la ŋu.
ÐEKAKPUI KPLE ÐETUGBUI SIWO ‘DOA YEHOWA KPƆ’
Abe sɔhɛ bubu akpe geɖe siwo le xexea me godoo ene la, Bruno lɔ̃ wɔ ɖe Yehowa ƒe amekpekpe sia dzi be: ‘Midom kpɔ be nyemaʋu dziƒo nu, eye nyemadudu yayra aƒo ɖe mia dzi o hã?’ (Mal. 3:10) Lɔlɔ̃ na Mawu ʋã wo wotso nya me be yewoazã yewoƒe ɣeyiɣi, ŋusẽ kple nunɔamesiwo atsɔ ado Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe ŋgɔ le dukɔ aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le geɖe wu me be yewoato esia me ‘ado Yehowa kpɔ.’
Esi lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siawo va ɖo woƒe anyigbamama yeyea me eteƒe medidi o la, woawo ŋutɔwo kpɔe dze sii be “nuŋeŋe la sɔ gbɔ, gake dɔwɔlawo ya mesɔ gbɔ o.” (Mat. 9:37) Le kpɔɖeŋu me, Jaqueline, si tso Germany la ŋlɔ ɖo ɖe Ecuador alɔdzedɔwɔƒea dzidzɔtɔe be: “Ƒe eve kple nu vi aɖe koe nye esia mele subɔsubɔm le Ecuador, eye Biblia nusrɔ̃vi 13 su asinye xoxo, wo dometɔ 4 dea kpekpeawo edziedzi. Ðe esia mewɔ nuku ŋutɔ oa?” Chantal, si tso Canada gblɔ be: “Le ƒe 2008 me la, meʋu yi teƒe aɖe si le Ecuador ƒuta afi si hame ɖeka ko nɔ. Fifia hame etɔ̃ kple mɔɖela siwo wu 30 ye le afi ma.” Egblɔ be edoa dzidzɔ na ye ŋutɔ ne yekpɔ ame yeye geɖewo le ŋgɔyiyi wɔm le nyateƒea me. Egblɔ kpee be: “Nyitsɔ laa la, meʋu yi du aɖe, si le Andes Towo tame, afi si kɔ abe meta 2,743 ene la me. Dua me tɔwo sɔ gbɔ wu ame 75,000 gake hame ɖeka koe li. Anyigbamama tseku aɖe ŋutɔe wònye! Mele dzidzɔ kpɔm le nye subɔsubɔdɔa me ŋutɔ.”
KUXI SIWO WODOA GOE
Enye nyateƒe be subɔsubɔ le duta menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o. Le nyateƒe me la, sɔhɛ aɖewo do go mɔxenuwo hafi woʋu va afi sia gɔ̃ hã. Kayla, si tso United States la gblɔ be: “Nya siwo nɔvi siwo tsɔ ɖe le eme nam le hame si me metso me gblɔ nam la ɖe dzi le ƒonye. Womese nu si tae medi be maʋu ayi dukɔ bubu me aɖawɔ mɔɖeɖedɔa la gɔme o. Esia na mebiaa ɖokuinye ɣeaɖewoɣi be, ‘Nyametsotso nyuitɔe nye esia wɔm melea?’” Togbɔ be enɔ alea hã la, Kayla tso nya me be yeaʋu. Eɖe eme be: “Gbe gbogbo siwo medo ɖa na Yehowa kple dze legbee siwo meɖo kple nɔvi siwo tsi le gbɔgbɔ me la kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa yraa ame siwo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa la.”
Le ame geɖe gome la, gbe bubu sɔsrɔ̃e nye kuxia. Siobhan, si tso Ireland la, gblɔ be: “Enɔ tetem ɖe dzinye be nyemetea ŋu gblɔa nye susuwo o. Eva hiã be masrɔ̃ dzigbɔɖi, masrɔ̃ gbea moveviɖoɖotɔe, eye be mako ɖokuinye ne mewɔ vodada.” Anna, si tso Estonia, hã gblɔ be: “Womate ŋu atsɔ ale si wòsesẽ nam be matrɔ ɖe ƒutadua ƒe dzoxɔxɔ, ʋuʋudedi gbogboawo, kple tsi dzodzoe si dona le tsileƒe ƒe anyimanɔmanɔ ŋu asɔ kple Spaingbe sɔsrɔ̃ kura o. Ɣeaɖewoɣi la, medina be mana ta. Eva hiã be masrɔ̃ ale si mana nye susu nanɔ ŋgɔyiyi siwo wɔm menɔ ŋu, ke menye nye vodadawo ŋu o.”
Kuxi si dzi míate ŋu aŋe aɖaba ƒu o ye nye aƒedzroame. Jonathan, si tso United States, gblɔ be: “Esi meva ɖo afi sia eteƒe medidi o la, dzi ɖe le ƒonye, le esi medzo le xɔ̃nyewo kple ƒonyemetɔwo gbɔ ta. Gake meɖu seselelãme mawo dzi esi melé fɔ ɖe ɖokuisi Biblia sɔsrɔ̃ kple gbeadzidede ŋu. Eteƒe medidi o, nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname siwo su asinye le gbeadzi kple xɔlɔ̃ yeye siwo su asinye le hamea me la kpe ɖe ŋunye megate dzidzɔkpɔkpɔ ake.”
Kuxi bubue nye ale si agbenɔnɔ le le dukɔa me. Anɔ eme be, agbenɔnɔ le dukɔ bubu me manɔ abe ale si wòle le afi si nètso ene o. Beau, si tso Canada, gblɔ be le Canada la, elektrikŋusẽ kple tsi nɔa anyi ɣesiaɣi, gake fifia ya nu mawo mesua ye si ɣesiaɣi o. Hiãkame, mɔzɔzɔ ƒe mɔnu madea medziwo, kple agbalẽmanyamanya hã bɔ ɖe dukɔ madeŋgɔ geɖewo me. Ines, si tso Austria la, le dzi dom le nɔnɔme mawo me esi wòtsɔ eƒe susu ɖo nɔnɔme nyui siwo le nutoa me tɔwo si ŋu. Egblɔ be: “Wonyoa dɔme, wofa tu, wokpena ɖe ame ŋu, eye wobɔbɔa wo ɖokuiwo. Ƒo wo katã ta la, wodi vevie be yewoasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu ŋu.”
“YAYRA AƑO ÐE MIA DZI WÒAGBƆ EME”
Togbɔ be ɖekakpui kple ɖetugbui siwo katã le subɔsubɔm le Ecuador la tsɔ nu geɖe sa vɔe hã la, wokpɔe be Yehowa wɔa nu siwo yewohiã na yewo ‘wòƒoa nu siwo yewokpɔ mɔ na la ta sãsãsã.’ (Ef. 3:20) Vavãe, wosena le wo ɖokuiwo me be, ‘yewoxɔ yayra wògbɔ eme.’ (Mal. 3:10) Ale si wosena le wo ɖokuiwo me tso woƒe subɔsubɔdɔa ŋue nye esia:
Bruno: “Medze nye subɔsubɔdɔa gɔme le Ecuador afi sia le Amazon nuto lédziname la me. Emegbe la, mekpe asi ɖe Ecuador alɔdzedɔwɔƒea kekeɖenudɔa ŋu. Fifia mele subɔsubɔm le Bethel. Esi menɔ Italy la, metso nya me be matsɔ Yehowa ɖo nɔƒe gbãtɔ, eye ena nye didi si nye be manɔ agbe si me yɔ kple dɔwɔna vovovowo le esubɔsubɔ me la le eme vam.”
Beau: “Meva te ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli ŋutɔ, elabena le Ecuador la, mate ŋu azã nye ɣeyiɣiwo katã ɖe gbɔgbɔmedɔwo ŋu. Le ɣeyiɣi ma ke me la, mɔzɔzɔ ayi teƒe dodzidzɔnamewo ƒe yayra hã kpe ɖe eŋu nam—esia nye nane si medina xoxoxo be mawɔ.”
Anna: “Nyemesusui kpɔ gbeɖe be nye ame si nye nɔvinyɔnu tre mate ŋu akpɔ dzidzɔ si dutanyanyuigblɔlawo kpɔna la tɔgbi o. Gake fifia la, menyae be anya wɔ. Meda akpe be Yehowa yram mele dzidzɔ kpɔm ale gbegbe le nusrɔ̃lawo wɔwɔ, Fiaɖuƒe Akpatawo tutu, kple xɔlɔ̃ yeyewo dzedze me.”
Elke: ‘Le Austria, afi si metso la, medoa gbe ɖa na Yehowa zi geɖe be makpɔ Biblia nusrɔ̃vi ɖeka teti. Le afi sia la, Biblia nusrɔ̃vi 15 sɔŋ ye le asinye! Dzi dzɔam ŋutɔ ne mekpɔ ale si gbegbe wokpɔa dzidzɔ be yewole nu srɔ̃m tso Yehowa ŋu.’
Joel: “Nuteƒekpɔkpɔ gã aɖe wònye be ame nàʋu ayi teƒe aɖe si menya o aɖasubɔ Yehowa. Àsrɔ̃ ale si nàka ɖe eyama dzi geɖe wu, eye enyea dzidzɔ gã aɖe ne èkpɔ ale si wòle yayram ɖe wò agbagbadzedzewo dzi! Esi metso United States va afi sia la, le ƒe gbãtɔa me la, gbeƒãɖela siwo le ƒuƒoƒo si me mele subɔsubɔm le me la dzi ɖe edzi tso 6 va ɖo 21. Ame 110 sɔŋ ye va Ŋkuɖodzia.”
KE WÒ YA ÐE?
Mía nɔvi ɖekakpui kple ɖetugbuiwo, ɖe miaƒe nɔnɔmewo ɖe mɔ na mi be miayi aɖasubɔ le dukɔ aɖe si me Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã geɖe wu le mea? Nyateƒee, nyametsotso gã sia wɔwɔ ahiã ɖoɖowɔwɔ nyuie. Ƒo wo katã ta la, ehiã be lɔlɔ̃ gã aɖe nanɔ ame si na Yehowa kple ehavi amegbetɔwo hafi wòate ŋu aɖe afɔ sia. Ne lɔlɔ̃ sia kple nɔnɔme nyui bubuwo le asiwò la, do gbe ɖa na Yehowa vevie le subɔsubɔ le duta ƒe nya sia ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖo dze tso wò didia ŋu na dziwòla Kristotɔwo kple hamemetsitsiwo. Àte ŋu ava ƒo nya ta be ye hã yeate ŋu akpɔ gome le subɔsubɔ kɔkɔea ƒe akpa dodzidzɔname sia me.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]
“Gbe gbogbo siwo medo ɖa na Yehowa kple dze legbee siwo meɖo kple nɔvi siwo tsi le gbɔgbɔ me la kpe ɖe ŋunye mekpɔe be Yehowa yraa ame siwo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa la.”—Kayla si tso United States
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ale si nàdzra ɖo ɖe subɔsubɔ le dutadukɔ aɖe me ŋu
• Na ɖokuisinusɔsrɔ̃ nanye numame sẽŋu na wò
• Gbugbɔ to August 2011 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ, axa 4-6 me
• Ðo dze kple ame bubu siwo subɔ le dutadukɔ aɖe me kpɔ
• Ku nu me tso dua ƒe dekɔnuwo kple eƒe ŋutinya ŋu
• Dze gbe si wodona la sɔsrɔ̃ gɔme
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ame aɖewo siwo subɔna le duta la kpɔa woƒe ganyawo gbɔ to mɔ siawo dzi:
• Wowɔa dɔ ɣleti ʋɛ aɖewo le wo de ƒe sia ƒe
• Wohayaa woƒe xɔ, aƒe, alo woƒe dɔwɔƒe na ame aɖe
• Wowɔa dɔ to Internet dzi
[Nɔnɔmetata siwo le axa 4, 5]
1 Jaqueline tso Germany
2 Bruno tso Italy
3 Beau tso Canada
4 Siobhan tso Ireland
5 Joel tso United States
6 Jonathan tso United States
7 Anna tso Estonia
8 Elke tso Austria
9 Chantal tso Canada
10 Ines tso Austria