Lɛta Si Tso Greece
Gbeƒãɖeɖe Le Europa Ƒe Anyiehe Kekeake
ESI míele míaƒe tɔdziʋua me ɖo ta kponyigba gbadza aɖe si le Mediterranea Ƒua titina dzi la, Crete ƒukpo si míegblẽ ɖe megbe la ƒe Levká To kɔkɔawo bu ɖe mía yome ɖaa. Mí ame 13 siwo le ʋua me la ɖo ta Gavdos ƒukpo, si nye kponyigba sue aɖe si le Europa ƒe anyiehe kekeake la dzi be míaɖaɖe gbeƒã nya nyuia le afi ma.
Míesusui be yame ƒe nɔnɔme ade mía dzi le dzomeŋɔli ƒe ŋkeke sia dzi hafi. Gake kasia, ya sesẽwo ƒo si na ƒua dze agbo henyama tɔdziʋua abe kɔke le tsi dzi ene. Ðeko mewɔ kpɔ̃ abe ame si dze dɔ ene, si wɔe be meɖo ŋku Biblia me ŋutinya si ku ɖe ale si ahom sesẽ aɖe tu esime apostolo Paulo nɔ mɔ sia zɔm ƒe alafa nanewoe nye esi va yi la dzi. Ɣemaɣi la, woyɔna Gavdos be Klauda. (Dɔwɔwɔwo 27:13-17) Menɔ mɔ kpɔm vevie be míaɖo Gavdos dedie.
Trypití Cape, si nye Europa ƒe anyiehe kekeake
Mlɔeba, míekpɔ afi si yim míele la le adzɔge ɖaa, enye agakpe gã nyadri kɔkɔ si le ƒua titina. Etame le gbadzaa, ekɔkɔ meta 300, eye tsutsuẽƒe aɖeke meli nɛ o. Gbe damawo kple atiwo xɔ ƒukpo sia si ƒe lolome anɔ kilometa 26 togodoo la ƒe akpa gãtɔ dzi. Sesewutiwo mie ɖe ƒua nu tututu le teƒe aɖewo gɔ̃ hã.
Ɣeaɖeɣi va yi la, ame siwo ade 8,000 sɔŋ nɔ ƒukpo sia dzi. Gake egbea, ame siwo le afi ma koŋ la mede 40 o. Edze abe egbegbe nutovɛ geɖewo meɖo Gavdos haɖe o ene. Togbɔ be agbatsɔmeliwo kple amitsɔʋuwo toa ƒukpo sia ŋu edziedzi hã la, ƒãa hafi tɔdziʋu tsoa Crete vaa afi sia, eye ɣeaɖewoɣi la, mevana ɖe game dzi o alo mevana kura o le yame ƒe nɔnɔmewo ta.
Míetsɔ dzidzɔnya dedziƒoname aɖe vae na Gavdos-tɔwo. Enye mɔkpɔkpɔgbedeasi si ŋu kakaɖedzi le ku ɖe etsɔme nyui si me woate ŋu anɔ agbe tegbee le lãmesẽ blibo me la ŋu. Esi wòsusɔ vie míaɖi go la, dzo ɖo lãme na mí be míaɖaɖe gbeƒã nya nyui sia le ƒukpoa dzi.
Esi ƒua nyama mí gaƒoƒo ene kple afã sɔŋ ta la, eɖe dzesi le míaƒe mo siwo fu kpii la ŋu be mɔ si míezɔ va Gavdos la te ɖeɖi mía ŋu ŋutɔ. Ke hã, ŋdɔlɔ̃ kple kɔfi kplu ɖekaɖeka si míeno la na ŋusẽ gaɖo mía ŋu. Esi míedzro Biblia me ŋutinya si ku ɖe apostolo Paulo ƒe mɔzɔzɔa ŋu kpuie hedo gbe ɖa vevie vɔ la, míesɔ gbe azɔ na dɔa wɔwɔ.
Nutoa me tɔwo doa vivi ɖe ame ŋu hewɔa amedzro hã. Wokpea mí vaa woƒe aƒewo me hetsɔa numeɖenuwo ɖoa mía kɔme. Tsɔ kpe ɖe Biblia me nya nyui si míetsɔ vae na wo ŋu la, míenaa kpekpeɖeŋu bubu siwo hiã la wo. Le kpɔɖeŋu me, esi míenɔ nu ƒom na nyɔnu aɖe la, mía dometɔ ɖeka si nye elektrik ŋu dɔ wɔla la de dzesii be mɔ̃ aɖe si nyɔnua zãna le eƒe dɔwɔƒe la gblẽ, eye wòdzrae ɖo nɛ. Esia wɔ dɔ ɖe nyɔnua dzi. Exɔ Biblia srɔ̃gbalẽ si míetsɔ nɛ, eye wòkafu mí heƒo nu nyui tso míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Nyɔnu bubu hã ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia esi wògblɔ be, “Ale si mieva le gbeƒã ɖem na mí le ƒukpo tsoabo sia dzi la ɖo kpe edzi kɔtɛ be Mawu gbɔe miaƒe dɔa tso, ke menye amegbetɔwo gbɔe o.”
Edze ƒãa be ameawo kpɔ dzidzɔ ɖe Biblia srɔ̃gbalẽ siwo míetsɔ vae la ŋu ŋutɔ. Ŋutsu aɖe xɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazineawo, eye wòdi be yeaxɔ agbalẽ bubuwo akpee be yeanɔ xexlẽm le vuvɔŋɔli. Le ŋutsu bubu aɖe gome la, menye agbalẽ siwo eya ŋutɔ axlẽ la ko dimee wònɔ o, ke ebia be woatsɔ ɖewo akpee na ye yeatsɔ ada ɖe yeƒe dɔwɔƒe ne yeƒe asisiwo naxlẽ. Ena eƒe adrɛs mí ale be míanɔ magazineawo ɖom ɖe ye ɣleti sia ɣleti. Esi míetsɔ Biblia ƒe afi si ƒukpo sue sia ƒe ŋkɔ dze le la fia ƒome aɖe la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Woxɔ míaƒe magazineawo hã kple dzidzɔ.
Sarakíniko Ƒulɔgo kple xɔ si me aboyomeawo nɔ kpakple woƒe ŋkuɖodzikpe
Togbɔ be ale si amewo xɔ nya nyuia de dzi ƒo na mí ŋutɔ hã la, le mía dometɔ aɖewo gome la, Gavdos vava ɖo ŋku nublanuinya aɖe dzi na mí. Xɔ aɖe si me dziɖuɖua ƒe aboyomewo nɔ kpɔ la le afi si te ɖe Sarakíniko Ƒulɔgo la ŋu. Woɖe aboyo Emmanuel Lionoudakis, si nye Yehowa Ðasefo la, va ƒukpo sia dzi le ƒe 1930-awo me le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta.a Ɣemaɣi la, wogblɔ tso Gavdos ŋu be enye “ƒukpo mawɔnu si dzi dziɖegbe vɔ̃ɖiwo xɔ aƒe ɖo, afi si ame geɖe . . . ku le dɔwuame, hiãkame kple dɔléle ta, si wɔe be wòsɔ nyuie be woyɔe be ku ƒe ƒukpo.” Tɔmelã siwo Lionoudakis ɖena la nue wònɔa agbe ɖo, ke hã, eganɔ dɔ dzi vevie nɔ gbeƒã ɖem na aboyome bubuwo esi eya ɖeka koe nye Ðasefo le afi ma ta. Esi vianyɔnu, toyɔvia kple tɔgbuiyɔvi kpɔe be afi siae wònɔ ƒe 70 aɖewo va yi la, ewɔ dɔ ɖe wo dzi ŋutɔ. Eƒe kpɔɖeŋua de dzi ƒo na míawo hã be míanɔ subɔsubɔdɔa dzi vevie nuteƒewɔwɔtɔe.
Gavdos nɔnɔ sesẽ ŋutɔ na ame siwo woɖe aboyoe va afi sia. Gake teƒea dze eme na míawo ya esime míenɔ gbeƒã ɖem le ƒukpo sia ƒe akpa sia akpa le kwasiɖa nuwuwu sia me. Míena magazine 46 kple agbalẽ gbadza asieke vividoɖeameŋula siawo. Míele mɔ kpɔm vevie be míagatrɔ ava srã mía xɔlɔ̃ yeye siawo akpɔ ake!
Kasia, ɣeyiɣia de be míagatrɔ adzo. Ke hã, yame ƒe nɔnɔme megade mía dzi o, si wɔe be míete ŋu dze mɔ ɣetrɔ ga 5:00 abe ale si míeɖoe ene o. Le zãtiƒe la, míeɖo tɔdziʋua hedze dzadzraɖowɔwɔ gɔme ɖe tɔtrɔ yi aƒe ƒe mɔzɔzɔ teɖeɖiameŋu la ŋu. Mlɔeba, míeva dze mɔ fɔŋli ga 3:00. Esi ƒua nyama mí abe gaƒoƒo atɔ̃ ene megbe la, míeɖo Crete. Esi míeɖi le tɔdziʋua me la, míenɔ ya mum le ɖeɖiteameŋu ta, ke hã dzi dzɔ mí be míete ŋu ɖe gbeƒã Yehowa ƒe ŋkɔ le Gavdos ƒukpoa dzi. (Yesaya 42:12) Mí ame siwo katã de la lɔ̃ ɖe edzi be míaƒe agbagbadzedzewo menye dzodzro o. Míava ŋlɔ fukpekpe siwo me míeto la be, gake míaŋlɔ nuteƒekpɔkpɔ sia ya be akpɔ o.
a Àte ŋu axlẽ Emmanuel Lionoudakis ƒe ŋutinya le Gbetakpɔxɔ September 1, 1999 tɔ me, axa 25-29.