Yehowa Ye Nye Nye Agakpe
ABE ALESI EMMANUEL LIONOUDAKIS GBLƆE ENE
Danye yɔ mo hegblɔ nam be: “Ne èlé nyametsotso si nèwɔ me ɖe asi la, ekema ele be nàdzo le aƒe sia me.” Metso nya me be matsɔ ɣeyiɣiawo katã aɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒeae. Gake ƒonyemeawo mete ŋu le te nɔm ɖe ŋukpe si ɖum wole le esi woléam edziedzi ta nu o.
DZINYELAWO nye amesiwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe anyi henye Mawu vɔ̃lawo. Wonɔ kɔƒedu si ŋkɔe nye Douliana, si le Greece-ƒukpo si nye Crete ƒe ɣetoɖoƒe kpa dzi me, afisi wodzim ɖo le ƒe 1908 me. Tso nye ɖevime ke la, wofia Mawu vɔvɔ̃ kple bubu dede eyama ŋum. Togbɔ be nyemekpɔ Biblia le nufialawo alo Hela Orthodɔks Ha ƒe nunɔlawo si o hã la, melɔ̃ Mawu ƒe Nya la.
Esi aƒelika aɖe xlẽ Studies in the Scriptures ƒe babla ade kple The Harp of God si C. T. Russell ta vɔ megbe la, etsɔ dzonɔameme gblɔ Ŋɔŋlɔawo me nya siwo ʋua ŋku na ame siwo le wo me la nam. Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, ye ta agbalẽ mawo. Metsɔ dzidzɔ xɔ Biblia kple agbalẽwo tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si le Athens gbɔ. Megaɖoa ŋku alesi mía kple aƒelika ma míenɔa anyi ʋuu zã tsina, doa gbe ɖa na Yehowa henɔa bosomikaɖi nu srɔ̃a Ŋɔŋlɔawo memie to agbalẽ siawo dzi la dzi.
Mexɔ ƒe 20 eye menye nufiala le kɔƒe aɖe si te ɖe mía ŋu me esime medze Biblia me sidzedze yeye si su asinye la gbɔgblɔ na ame bubuwo gɔme. Eteƒe medidi o, mí ame ene míekpena edziedzi wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ le Douliana. Míema traktwo, agbalẽviwo, agbalẽwo, kple Bibliawo hã ale be míate ŋu akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso nusi nye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia, si nye Mawu ƒe Fiaɖuƒea, ŋu.
Le ƒe 1931 me la, míenɔ ame akpe geɖe siwo xɔ ŋkɔ si wotu ɖe Biblia dzi, si nye Yehowa Ðasefowo, la dome. (Yesaya 43:10) Le ƒe si kplɔe ɖo me la, míeƒo mía ɖokui ɖe dutoƒo gbeƒãɖeɖedɔ aɖe me henɔ ŋkɔ yeye si míetsɔ kple nusi wòtsi tre ɖi na la me ɖem na dziɖuɖumegãwo. Esia lɔ agbalẽvi aɖe si ɖe ŋkɔ yeyea me la mama na osɔfo, ʋɔnudrɔ̃la, kpovitɔwo ƒe amegã, kple asitsala ɖesiaɖe si le míaƒe nutoa me la ɖe eme.
Abe alesi míekpɔ mɔe ene la, osɔfoawo he yometiti gã aɖe va mía dzi. Zi gbãtɔ si wolém la, wodem gaxɔ me ŋkeke 20. Emegbe esi woɖe asi le ŋunye megbe kpuie la, wogalém ake hedem gaxɔ me dzinu ɖeka. Esi ʋɔnudrɔ̃la aɖe bia be míadzudzɔ gbeƒãɖeɖe la, míetsɔ Dɔwɔwɔwo 5:29 me nyawo ɖo eŋui be: “Ele be, woabu Mawu awu amewo.” Emegbe, le ƒe 1932 me la, Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa teƒenɔla aɖe va srã míaƒe ƒuƒoƒo suea kpɔ le Douliana, eye mí ame enea katã míexɔ nyɔnyrɔ.
Gbɔgbɔmeƒome aɖe Yome Mɔ Didi
Le didi si le menye be mawɔ geɖe wu le gbeƒãɖeɖedɔa me ta la, meɖe asi le nye nufiafiadɔa ŋu. Esia wu tsɔtsɔ na danye. Ebia tso asinye be madzo le aƒea me. Le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Athens ƒe mɔɖeɖe nu la, nɔviŋutsu Kristotɔ dɔmenyotɔ aɖe si le Iráklion dugã me le Crete xɔm kple dzidzɔ va eƒemee. Eyata le August 1933 me la, nɔvi siwo tso míaƒe kɔƒea me, hekpe ɖe ɖetsɔlemetɔ aɖewo ŋu, va ʋuɖoƒea be yewoado hedenyuie nam. Esia nye ɣeyiɣi ʋãme vevi aɖe, eye mí katã míefa avi, le esi míenya ɣeyiɣi si me míagakpɔ mía nɔewo ake o ta.
Le Iráklion la, meva zu gbɔgbɔmeƒome lɔ̃ame aɖe ƒe akpa aɖe. Le afisia la, mía kple nɔviŋutsu Kristotɔ etɔ̃ bubuwo kple nɔvinyɔnu ɖeka ye kpena edziedzi na nusɔsrɔ̃ kple tadedeagu. Mete ŋu kpɔ Yesu ƒe ŋugbedodo sia me vava ŋutɔŋutɔ be, “Ame aɖeke meli, si gblẽ xɔ alo nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo agblewo ɖi le nye kple nyanyuie la ŋuti, ne menye bena, ɖe wòaxɔ teƒeɖoɖo alafa le ɣeyiɣi sia me o: Xɔwo kple nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo.” (Marko 10:29, 30) Nye dɔdasie nye be maɖe gbeƒã le dugã ma kple kɔƒe siwo te ɖe eŋu me. Esi mekpe dugã la ɖo vɔ la, meyi dɔa dzi le nuto siwo le Iráklion kple Lasithion ƒe dzikpɔkpɔ te me.
Mɔɖela Ðeka Pɛ
Mezɔ gaƒoƒo geɖe tso kɔƒe me yi kɔƒe me. Gawu la, esi agbalẽwo ɖoɖoɖa to tɔ dzi mebɔ o ta la, ehiã be matsɔ agbalẽ siwo ƒe kpekpeme ade kilo gbogbowo ɖe asi. Esi teƒe aɖeke mele asinye mamlɔ o ta la, meyina ɖanɔa tiidzraƒe aɖe si le kɔƒea me vaseɖe esime teƒea dzikpɔlawo dometɔ mamlɛa dzo—zi geɖe la enyea zãtiƒe—heɖoa aba mlɔa anyi ahafɔ kaba le ŋufɔke hafi teƒea tɔ dzea nudzadzra gɔme. Tredzɔe gbogbo aɖewo nɔ aba siwo dzi memlɔna la me.
Togbɔ be zi geɖe amewo meɖea ɖetsɔleme fiana o hã la, edzɔ dzi nam be metsɔ nye ɖekakpui me ŋkekewo na Yehowa. Ne meke ɖe ame aɖe si tsɔ ɖe le Biblia ƒe nyateƒea me ŋu la, eganaa tame si meɖo kplikpaa be mayi agbeɖeɖedɔ sia dzi la me sẽna ɖe edzi. Hadede kple nye gbɔgbɔmenɔviwo hã do ŋusẽm. Medoa go kpli wo le ŋkeke 20 vaseɖe 50 tso esime medzo le wo gbɔ megbe, esia nɔ te ɖe du si me mele gbeƒã ɖem le la ƒe didime tso Iráklion gbɔ dzi.
Megaɖoa ŋku alesi mese le ɖokuinye me ŋdɔ aɖe be metsi akogo, vevietɔ esi wòva tame nam be nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu Kristotɔ siwo le Iráklion la awɔ kpekpe fiẽ ma la dzi nyuie kokoko. Alesi wòdzrom be makpɔ wo nu sẽ ale gbegbe be metso nya me be mazɔ kilometa 25 si tso mía dome la. Nyemeɖe abla nenema kpɔ o. Aleke gbegbee wònye akɔfaname nam be makpɔ gome le hadede si me vivisese le kple nɔvinyewo fiẽ ma ahagbugbɔ gbɔgbɔmetsi aku ɖe nye gbɔgbɔmetsigoe me, le kpɔɖeŋu mɔ nu enye si!
Eteƒe medidi o nye agbagbadzedzewo le gbeƒãɖeɖedɔ sesẽa me te kutsetse. Abe alesi wònɔ le apostoloawo ƒe ŋkekeawo mee ene la, ‘Yehowa tsɔ amesiwo kpɔ agbexɔxɔ la kpena ɖe mía ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 2:47) Yehowa subɔlawo ƒe xexlẽme dze egɔme nɔ dzidzim ɖe edzi le Crete. Esi ame bubuwo va nɔ kpekpem ɖe ŋunye le subɔsubɔdɔa me la, nyemegasena le ɖokuinye me be metsi akogo azɔ o. Míedo dzi le ŋutilãmexaxa kple tsitretsiɖeŋu sesẽwo me. Míaƒe gbesiagbe nuɖuɖue nye yevubolo kple azi, amiti, alo detsiƒonu ɖesiaɖe si amesiwo míeɖe gbeƒã na eye woxɔ agbalẽ ana ɖe agbalẽa ta ko.
Meɖe gbaƒã na Minos Kokkinakis, amesi dzraa avɔ le du si nye Ierápetra, si le Crete ƒe anyieheɣetoɖoƒe gome. Togbɔ be medze agbagba ɖesiaɖe be madze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kplii hã la, ɣeyiɣi sue aɖe koe nɔ esi le vovo si menɔ eŋu o ta. Gake esi wòva tso nya me mlɔeba be yeaɖo mo vevi ɖe nusɔsrɔ̃a ŋu la, ewɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbe me. Eva zu nyanyuia ƒe gbeƒãɖela dovevienu si me dzo nɔ. Tɔtrɔ siawo wɔ dɔ ɖe Emmanuel Paterakis, ƒe 18 vi si Kokkinakis xɔ ɖe dɔ me, dzi eye eteƒe medidi o wòbia be woana Biblia-srɔ̃gbalẽwo ye. Aleke gbegbe dzi dzɔmee nye si esi mekpɔ be Paterakis nɔ ŋgɔyiyi wɔm le gbɔgbɔ me heva zu dutanyanyuigblɔla mlɔeba!a
Le ɣeyiɣi ma ke me la, hame si nɔ míaƒe kɔƒea me nɔ tsitsim eye gbeƒãɖela 14 nɔ eme. Nyemaŋlɔ ŋkeke si dzi mexlẽ lɛta si mexɔ tso nye ŋutilãmenɔvinyɔnu si ŋkɔe nye Despina gbɔ, si me wòŋlɔ ɖo be ye kple dzinyelawo yewoxɔ nyateƒea henye Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔwo la be akpɔ gbeɖe o!
Dzidodo le Yometiti Kple Aboyomenɔnɔ Me
Greece Orthodɔks Sɔlemeha la dze míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kpɔkpɔ abe ʋetsuvi siwo gblẽa nu la ƒe fuwɔame ene, eye woɖoe kplikpaa be yewoagbã mí gudugudu. Le March 1938 me la, wokplɔm yi ɖe dziɖuɖua ƒe setɔ gbɔe eye wògblɔ be madzo le nutoa me enumake. Meɖo eŋu be viɖe geɖe le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye be dziɖula gãtɔ, míaƒe Fia Yesu Kristo, enye amesi de se be míawɔ míaƒe dɔa.—Mateo 28:19, 20; Dɔwɔwɔwo 1:8.
Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, woɖo du ɖem be mava afima kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea. Wogblɔ nam be menye amesi ŋu ŋɔdzi le, eyata wohe to nam meyi ɖanɔ aboyo me le Amorgos-ƒukpo si le Aegean dzi ƒe ɖeka. Le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe la, wode kunyowum hedem tɔdziʋu yi ɖe ƒukpo ma dzi. Yehowa Ðasefo aɖeke menɔ Amorgos o. Tsɔ susu kpɔ alesi wòwɔ nukui nam esime, le dzinu ade megbe la, mese bena woɖe aboyo Ðasefo bubu gbɔna ƒukpoa dzi ɖa! Amekae wòanye ma? Minos Kokkinakis, amesi nye nye Biblia nusrɔ̃vi esi menɔ keke Crete kee. Aleke gbegbe dzi dzɔmee nye si be gbɔgbɔmezɔhɛ su asinye! Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mɔnukpɔkpɔ su asinye be mana nyɔnyrɔe le Amorgos tsiawo me.b
Esi metrɔ gbɔ va Crete eteƒe medidi o la, wogalém ake, eye fifia ya woɖem aboyoe yi ɖe Neapolis, si nye du sue aɖe le ƒukpoa dzi me dzinu ade. Le aboyomenɔnɔ dzinu adea megbe la, wolém de gaxɔ me ŋkeke ewo, heɖom ɖe ƒukpo aɖe si dzi woɖea aboyo Kɔmiunisttɔ yinae la dzi dzinu ene. Mekpɔ apostolo Paulo ƒe nya si wògblɔ be, “Amesiwo katã dina be, yewoanɔ agbe ɖe mawusosroɖa nu le Kristo Yesu me la, woati woawo hã yome tsã” la ƒe nyateƒenyenye dzesii.—Timoteo II, 3:12.
Dzidziɖedzi Togbɔ Be Tsitretsiɖeŋu Li Hã
Esi Germany nɔ Greece dzi ɖum le ƒe 1940-44 me la, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa tɔ te kloe. Gake wogbugbɔ ɖoɖo wɔ na Yehowa ƒe ame siwo le Greece enumake, eye míegbugbɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa gɔme dze yeye. Míeyi Fiaɖuƒedɔa dzi vevie kple dzo ale be míate ŋu akpe ɣeyiɣi siwo míete ŋu wɔe o la ɖo.
Abe alesi míekpɔ mɔe ene la, subɔsubɔhawo ƒe tsitretsiɖeŋu gafɔ ɖe te ake. Enuenu la, Greece Orthodɔks ha ƒe osɔfowo wɔa nu alesi dze woawo ŋutɔ ŋu. Le kɔƒeawo dometɔ ɖeka me la, osɔfo aɖe dɔ nuvlowɔha aɖe ɖe mía ŋu. Osɔfoa ŋutɔ dze nye ƒoƒo esime via ŋutsu hã nɔ ƒonyem to megbe. Mesi yi ɖabe ɖe aƒe aɖe si te ɖe teƒea ŋu me esime wohe nye zɔhɛ ya yi kɔƒea ƒe takpeƒee. Nuvlowɔha la me tɔwo vuvu eƒe agbalẽwo le afima, eye nyɔnu aɖe nɔ ɣli dom tso eƒe akpata me be, “Miwui!” Mlɔeba, ɖɔkta aɖe kple kpovitɔ aɖe si va yina la xɔ na mí.
Emegbe, le ƒe 1952 me la, wogalém ake heɖe aboyom yi Kastelli Kissamos, le Crete, dzinu ene. Le esia megbe teti la, wona hehem be masrã hameawo akpɔ ahado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me. Le mɔzɔzɔdɔ sia wɔwɔ ƒe eve megbe la, meɖe nɔvinyɔnu Kristotɔ wɔnuteƒe aɖe si ŋkɔe nye Despina, amesi ƒe ŋkɔ sɔ kple nɔvinye nyɔnu tɔ, eye wònye Yehowa subɔla wɔnuteƒe tso ɣeaɖeɣi ke. Le srɔ̃kpegbea megbe la, woɖom mɔɖela vevii le du si ŋkɔe nye Hania, si le Crete me, afisi megakpɔtɔ le subɔsubɔm le.
Le ƒe 70 kloe si metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae me la, mekpe Crete—ƒukpo si lolo kilometa 8,300 togodo eye eƒe didime ade kilometa 250—ƒe akpa gãtɔ ɖo. Nusi doa dzidzɔ nam wu enye Ðasefo ʋɛ siwo nɔ ƒukpo sia dzi le ƒe 1930-ƒeawo me kpɔkpɔ be wodzi ɖe edzi gbɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela dovevienu 1,100 ŋu. Meda akpe na Yehowa be wòna mɔnukpɔkpɔm be makpɔ gome le kpekpe ɖe amesiawo dometɔ geɖe ŋu be sidzedze vavãtɔ si tso Biblia me kple etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe nasu wo si me.
Yehowa, “Xɔnametɔ”
Nusiwo teƒe mekpɔ la ɖee fiam be ebia dzidodo kple dzigbɔɖi hafi woate ŋu akpe ɖe amewo ŋu ne woanya Mawu vavã la. Yehowa naa nɔnɔme vevi siawo siwo hiã ŋutɔ la dɔmenyotɔe. Le ƒe 67 siwo metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae me la, megbugbɔ dea ŋugble le apostolo Paulo ƒe nya si wògblɔ be, “Le nuwo katã me la míeɖea mía ɖokui fiana abe Mawu ƒe subɔlawo ene: Le dzidodo geɖe me, le xaxawo me, le hiãkamewo me, le momenuvevewo me, le ƒoƒowo me, le gaxɔwo me, le zitɔtɔwo me, le agbagbadzedzewo me, le ŋudɔdɔwo me, le nutsitsidɔwo me” la ŋu edziedzi. (Korintotɔwo II, 6:4, 5) Vevietɔ esi medze subɔsubɔdɔa gɔme teti la, nye ganyawo menyo kura o. Gake Yehowa megblẽ mía kple nye ƒomea ɖi gbeɖe o. Eɖee fia be Kpeɖeŋutɔ si ŋu ŋusẽ blibo le eye alɔ mekunɛ o ye yenye. (Hebritɔwo 13:5, 6) Míekpɔa eƒe kpekpeɖeŋu le eƒe alẽwo nu ƒoƒoƒu kple míaƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ siaa me ɣesiaɣi.
Ne mekpɔ megbe hekpɔ le gbɔgbɔmegɔmesese nu be tagba ƒo se la, kakaɖedzi ɖoa menye be dɔ si mewɔ la menye dzodzro o. Mezã nye ɖekakpuime ŋusẽ la ɖe mɔ si ɖe vi wu nu. Viɖe geɖe le dɔ si wɔm menɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu wu dɔ bubu ɖesiaɖe. Fifia esi mezu ame tsitsi la, mate ŋu ade dzi ƒo na sɔhɛwo tso dzi blibo me be ‘woaɖo ŋku wo wɔla dzi le woƒe ɖekakpuiŋkekewo me.’—Nyagblɔla 12:1.
Togbɔ be mexɔ ƒe 91 hã la, megate ŋu tsɔa gaƒoƒo si wu 120 wɔa gbeƒãɖeɖedɔe dzinu sia dzinu. Medzea mɔ ŋdi 7:30 gbesiagbe heɖea gbeƒã na amesiwo le ablɔ dzi, nudzraƒewo, alo tsaɖibɔwo me. Le mama dedie nu la, menaa magazine 150 dzinu ɖesiaɖe. Nusese kple ŋkuɖoɖo nu dzi ƒe kuxiwo wɔe be agbenɔnɔ sesẽ nam, gake nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu gbɔgbɔmetɔwo—nye gbɔgbɔmeƒome gã la—kpakple vinyenyɔnu eveawo ƒe ƒomewo kpe ɖe ŋutinye ŋutɔ.
Ƒo wo katã ta la, mesrɔ̃ ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu. Le ɣeyiɣiawo katã me la, enye “nye agakpe, nye mɔ̃ kple nye xɔnametɔ.”—Psalmo 18:3.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Ku ɖe Emmanuel Paterakis ƒe agbemeŋutinya ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 1, 1996, axa 22-7.
b Ku ɖe senya si me Minos Kokkinakis ɖu dzi le ŋu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, September 1, 1993, axa 27-31. Minos Kokkinakis ku le January 1999 me.
[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]
Ete: Mía kple srɔ̃nye; miame: le ƒe 1927 me; axa si kplɔe ɖo: mía kple Minos Kokkinakis (miame) kple ɖasefo bubu le Acropolis, ƒe 1939, esi megbɔ tso aboyome teti