Emenyawo
December 15, 2012
© 2012 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Míawo Koe Kpɔ Mɔ Atae.
Tata Si Míasrɔ̃
NUSƆSRƆ̃NYATIWO
JANUARY 28, 2013–FEBRUARY 3, 2013
Nu Kae Nye Dzidzedzekpɔkpɔ Vavãtɔ?
AXA 4 • HADZIDZI: 115, 45
FEBRUARY 4-10, 2013
Ènye Aƒedzikpɔla Aɖe Si Dzi Woka Ðo!
AXA 9 • HADZIDZI: 62, 125
FEBRUARY 11-17, 2013
Míayi Edzi Anɔ Anyi Abe “Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe” Ene
AXA 19 • HADZIDZI: 107, 40
FEBRUARY 18-24, 2013
“Ame Siwo Li Hena Ɣeyiɣi Kpui Aɖe La” Wɔ Ðeka Le Tadedeagu Vavãtɔ Me
AXA 24 • HADZIDZI: 124, 121
TAÐODZINU SI LE NUSƆSRƆ̃NYATIAWO ŊU
NUSƆSRƆ̃NYATI 1, 2 AXA 4-13
Nu kae wòfia be ame nakpɔ dzidzedze vavãtɔ le agbe me? Nyati siawo ɖee fia be ŋuɖoɖo nyuitɔa to vovo na ale si xexea bua nya siae. Míakpɔe hã be hafi míakpɔ dzidzedze vavãtɔ la, ele be míayi edzi awɔ nuteƒe na Mawu eye míalɔ̃ atsɔ agbanɔamedzi siwo wòde mía si la.
NUSƆSRƆ̃NYATI 3, 4 AXA 19-28
Aleke Kristotɔ amesiaminawo kple wo hati ‘alẽ bubuawo’ nye “ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe” le gɔmesese aɖe nu? (Yoh. 10:16; 1 Pet. 2:11) Nyati siawo aɖo nya sia ŋu na mí eye woado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míayi edzi anɔ anyi abe ame siwo li hena ɣeyiɣi kpui aɖe ene ahanɔ gbeƒã ɖem abe dukɔwo dome nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka ene la.
NYATI BUBUWO
3 Kpɔ Nyuie Be Nàgazã Biblia Abe Afakagbalẽ Ene O
14 Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
29 Eŋlisigbe Gbetakpɔxɔ Si Le Bɔbɔe Wu—Nu Ka Tae Míele Etam Ðo?
32 Ƒe 2012 Gbetakpɔxɔ Me Nyawo Diƒe
AKPAA DZI: Ðasefo siwo wu 100,000 sɔŋ ye le South Korea. Esi womedea akpa aɖeke dzi le dunyahehe me o eye wogbe be yewomatsɔ lãnu ɖe yewo havi amegbetɔwo ŋu o ta la, wolé wo dometɔ geɖe de mɔ́. Le afi ma kura gɔ̃ hã la, wodzea agbagba ɖia ɖase to mɔnu bubuwo, abe lɛtaŋɔŋlɔ ene, dzi
SOUTH KOREA
DUKƆA ME TƆWO ƑE XEXLẼME
48,184,000
GBEƑÃÐELAWO
100,059
NƆVI SIWO YI MƆ́ LE ƑE SI VA YI ME
731
GAƑOƑO SIWO WOZÃNA TSƆ ÐIA ÐASE LE ƔLETI ÐEKA ME
9,000