INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 2/1 axa 5-7
  • Ame Si Le Megbe Na Aʋawɔwɔ Kple Fukpekpe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Si Le Megbe Na Aʋawɔwɔ Kple Fukpekpe
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • ŊKEKE MAMLƐAWO ƑE DZESI LA
  • WOAGBLẼ ABOSAM ƑE DƆWƆWƆWO ME
  • Sɔdola Eneawo Ame Kawoe Wonye?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2017
  • Fiaɖuƒesɔdola La Le Sɔ Dom
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • Sɔdola Ene Siwo Le Du Dzi!
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • Alesi Mi̇́ewɔ Nya Be “Ŋkeke Mamleawo” Mee Míele
    Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 2/1 axa 5-7

NYATI SI LE AKPAA DZI | AƲAWƆWƆ SI TRƆ XEXEA

Ame Si Le Megbe Na Aʋawɔwɔ Kple Fukpekpe

Xexemeʋa Gbãtɔ ke le November 11, 1918 dzi. Amewo tu woƒe dɔwɔƒewo, eye woɖu ɣe le ablɔwo dzi. Gake aseyetsotsoa menɔ anyi eteƒe didi o. Xexemeʋa la ƒe keke kple makemake ko dɔvɔ̃ dziŋɔ aɖe va wu ame geɖe wu ame siwo ku le tukpewo nu.

Dɔvɔ̃ sia si wona ŋkɔe be Spaniatɔwo ƒe dzamezã la dze asrafowo dzi le aʋagbedzi le France, le June 1918 me, eye wòwu ame geɖe. Ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ale si gbegbe wònye dɔvɔ̃ wuamee la va dze kɔtɛ. Le kpɔɖeŋu me, le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me la, Amerika-srafo siwo dɔvɔ̃a wu le France la sɔ gbɔ wu esiwo ku le futɔwo si me. Esi aʋaa ke eye asrafowo gbɔ va aƒe la, dɔlékuia nɔ wo ŋu wotsɔ yi aƒe, si wɔe be dɔvɔ̃a kaka ɖe xexea me godoo le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me.

Dɔwuame kple ganyawo ƒe sesẽ ɖe kpe na amewo le ƒe siwo kplɔ aʋaa ɖo la me. Dɔ nɔ Europatɔ geɖe wum esime aʋaa ke le ƒe 1918 me. Kaka ƒe 1923 naɖo la, asixɔxɔ aɖeke megava nɔ Germanytɔwo ƒe ga si woɖuna ŋu o. Ƒe ade megbe la, ganyawo gblẽ le xexea me godoo. Eye mlɔeba le ƒe 1939 me la, xexemeʋa evelia fe ati. Le mɔ aɖewo nu la, enye xexemeʋa gbãtɔ ƒe dziyiyi. Ame kae nɔ megbe na xexemekuxi mawo katã?

ŊKEKE MAMLƐAWO ƑE DZESI LA

Biblia me nyagblɔɖiwo kpe ɖe mía ŋu míenya nu si le megbe na xexemenudzɔdzɔ ɖedzesi aɖewo, eye esia ƒe kpɔɖeŋu ɖekae nye Xexemeʋa Gbãtɔ. Yesu Kristo gblɔe ɖi be ɣeyiɣi aɖe ava, si me “dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu,” nuɖuɖu ave, eye dɔvɔ̃wo awu amewo le anyigbaa ƒe teƒeteƒewo. (Mateo 24:3, 7; Luka 21:10, 11) Egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be nudzɔdzɔ dziŋɔ mawo anye ŋkeke mamlɛawo ƒe dzesi. Esia ŋuti numeɖeɖe bubuwo le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me, eye wòɖee fia be aʋa aɖe si dzɔ le dziƒo lae na xaxa siawo va anyigba dzi.​—Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Aʋa Dzɔ Le Dziƒo Kple Anyigba Dzi.”

Biblia-gbalẽ sia me kee woƒo nu tso sɔdola ene, siwo ame aɖewo yɔna be Nyaɖeɖefia-gbalẽa me sɔdola eneawo, ŋu le. Sɔdola ene siawo dometɔ etɔ̃ le tsitre ɖi na nudzɔdzɔ siwo tututu Yesu gblɔ ɖi be woava dzɔ, siwo nye aʋawɔwɔ, dɔwuame kple dɔvɔ̃wo. (Kpɔ aɖaka si ƒe tanyae nye “Ðe Nyagblɔɖi Si Ku Ðe Sɔdola Eneawo Ŋu La Le Eme Vam Vavã?”) Eme kɔ ƒãa be xexemeʋa gbãtɔ lae nye nɔnɔme sesẽ siwo le edzi yim va de asi na egbea la ƒe gɔmedzedze. Eye Biblia ɖee fia be Satana ye le megbe na nu siawo katã. (1 Yohanes 5:19) Ðe woava xɔ ŋusẽ le esi gbe ɖeka?

Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ka ɖe edzi na mí hã be “ɣeyiɣi vi aɖe koe” le Satana si. (Nyaɖeɖefia 12:12) Esia tae dzi le ekum ŋutɔ eye wòle fukpekpe manyagblɔ hem va anyigbadzitɔwo dzi ɖo. Gake fukpekpe mawo ke gaɖoa kpe edzi be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na Satana.

WOAGBLẼ ABOSAM ƑE DƆWƆWƆWO ME

Nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖee Xexemeʋa Gbãtɔ nye le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me vavã. Ehe dzidzime aɖe si me dukɔ blibowo kpe asi ɖe aʋawɔwɔ ŋu le la vɛ, womu dziɖuɖuwo ƒu anyi, eye womegakana ɖe dziɖuɖumegãwo dzi o. Eganye kpeɖodzi sẽŋu be wonya Satana le dziƒo. (Nyaɖeɖefia 12:9) Eye xexemedziɖula makpɔmakpɔ sia wɔa nu abe ŋutasẽdziɖula aɖe si nyae kɔtɛ be esusɔ vie woaɖe ye ɖa le zi dzi la ene. Ne ɣeyiɣi si susɔ nɛ la wu enu la, ekema nɔnɔme sesẽ siwo katã me tom ameƒomea le tso Xexemeʋa Gbãtɔ dzi la hã awu enu mlɔeba.

Biblia me nyagblɔɖiwo me vava ate ŋu ana kakaɖedzi wò be míaƒe Fia Yesu Kristo, si le dzi ɖum le dziƒo la, ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me’ kpuie. (1 Yohanes 3:8) Fifia gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖewo doa gbe ɖa be Mawu Fiaɖuƒea nava. Wò hã èdoa gbe ɖa nenema? Dzidzɔtɔe la, Fiaɖuƒe ma ana nuteƒewɔlawo nakpɔ eteƒe woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, ke menye Satana ƒe lɔlɔ̃nu o. (Mateo 6:9, 10) Le Mawu Fiaɖuƒea te la, womagase aʋawɔwɔ ŋkɔ kaka wòayi xexemeʋa nye ge o! (Psalmo 46:10) Srɔ̃ nu tso Fiaɖuƒe ma ŋu fifia be nànɔ agbe akpɔ ale si ŋutifafa ava xɔ anyigba dzii la teƒe!​—Yesaya 9:5, 6.

Aʋa Dzɔ Le Dziƒo Kple Anyigba Dzi

Ƒe alafa 19 sɔŋ hafi Xexemeʋa Gbãtɔ nadzɔ la, Satana ɖe “xexea me fiaɖuƒewo katã” fia Yesu be yeatsɔ wo anae. (Mateo 4:8, 9) Yesu meɖe mɔ tetekpɔ ma ɖu edzi o, eye emegbe la, egblɔ tso Abosam ŋu be eyae nye “xexea dzi ɖula.” (Yohanes 14:30) Gakpe ɖe eŋu la, apostolo Yohanes ŋlɔ bena “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la ƒe ŋusẽ te.”​—1 Yohanes 5:19.

Ne Satana Abosam kpɔ ŋusẽ ma gbegbe ɖe xexea dzi la, ɖe masɔ be míaƒo nya ta be ewɔ akpa aɖe ya teti le xexemeʋa gbãtɔ si dzɔ kpakple emetsonu wɔnublanui siwo kplɔe ɖo la me oa? Le nyateƒe me la, Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ɖee fia be Satanae le megbe na xaxa siwo le edzi yim le anyigba dzi tso ƒe 1914 me ke. Woƒo nu tso nudzɔdzɔa ŋu le Nyaɖeɖefia ta 12 lia me. Eŋutinya ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna:

  • Kpukpui 7 Aʋa dzɔ le dziƒo ɖe Mixael (Yesu Kristo) kple ʋɔ driba la (Satana) dome.

  • Kpukpui 9 Wotsɔ Abosam, “si le anyigba dzi nɔlawo katã blem la,” ƒu gbe ɖe anyigba.

  • Kpukpui 12 “Baba na anyigba kple atsiaƒu, elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum vevie, elabena enya be ɣeyiɣi vi aɖe koe le ye si.”

Biblia ƒe akɔntabubu kple xexemenudzɔdzɔwo ɖee fia be esi woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me megbee aʋa sia dzɔ le dziƒo.a Eya ta ƒe vevi ma mee aʋa dzɔ le dziƒo kple anyigba dzi hã.

a Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia. Yehowa Ðasefowoe tae.

Ðe Nyagblɔɖi Si Ku Ðe Sɔdola Eneawo Ŋu La Le Eme Vam Vavã?

Sɔ ɣi la kple edola si nye fia le dziƒo

Sɔ ɣi la kple edola si nye fia le dziƒo. Fia, Yesu Kristo ŋutɔe le aʋa wɔm be yeaʋli dzɔdzɔenyenye ta. (Psalmo 45:5) Dɔ gbãtɔ si kpɔ eŋkumee nye be wòanya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒowo.​—Nyaɖeɖefia 6:2; 12:9.

Sɔ si biã hɛ̃ la kple asrafo siwo le aʋagbedzi

Sɔ si biã hɛ̃ la kple edola si wona ŋusẽe be “wòaɖe ŋutifafa ɖa le anyigba dzi.” (Nyaɖeɖefia 6:4) Tso ƒe 1914 me ke la, ameƒomea le fu kpem le aʋa siwo nu gbe tsotso la me. Esi Xexemeʋa Gbãtɔ ke ƒe 21 pɛ ko megbe la, xexemeʋa evelia fe ati, eye ame siwo tsi eme la sɔ gbɔ wu ame siwo ku le xexemeʋa gbãtɔa me. Le akɔntabubu aɖe nu la, ame siwo ade miliɔn 60 ye ku le Xexemeʋa II me. Tso ƒe 1945 me la, aʋawo gadzɔna le anyigba ƒe teƒeteƒewo, eye wo nu sẽna nenema ke. Ŋutinyaŋlɔla aɖewo gblɔ be ame miliɔn alafa ɖeka kple edzivɔwoe ku le aʋa siwo dzɔ le ƒe alafa 20 lia me la me.

Sɔ yibɔ la kple ɖevi siwo dɔ le wuwum

Sɔ yibɔ la kple edola si si nudanu le la le tsitre ɖi na dɔwuame. (Nyaɖeɖefia 6:5, 6) Le xexemeʋa gbãtɔa me la, Germanytɔ 750,000 ku le dɔwuame ta, le esi Dukɔ Wɔɖekawo xe mɔ be woagatsɔ nuɖuɖu ayi dukɔa me o ta. Dɔ wu Russiatɔ miliɔn eve kple edzivɔ woku le ƒe 1921 me, eye nenema kee wòdzɔ le teƒe bubuwo hã. Akɔntabubu aɖe ɖee fia be ame siwo katã ku le dɔwuame ta le ƒe alafa 20 lia me la ade miliɔn 70 sɔŋ. Eye ɖevi miliɔn etɔ̃ kple edzivɔ siwo mexɔ ƒe atɔ̃ o la kuna ƒe sia ƒe le nunyuimakpɔɖu ta.

Sɔ si fu kpii la kple dɔnɔ siwo le dɔba dzi

Sɔ si fu kpii la kple edola si tsɔa dɔvɔ̃ wua amewoe. (Nyaɖeɖefia 6:8) Dɔvɔ̃ gbãtɔ si gblẽ nu wu le ƒe alafa 20 lia mee nye Spaniatɔwo ƒe dzamezã. Womenya ame agbɔsɔsɔme si tututu wòwu o, gake akɔntabubu aɖe ɖee fia be ewu ame siwo ade miliɔn 50. Agbalẽ aɖe gblɔ be: “Dɔvɔ̃ sia si keke ta de afi sia afi la nye afɔku siwo dzi ŋɔ wu le ŋutinya me la dometɔ ɖeka. Axatome kple aŋɔme tete dɔvɔ̃ (si woyɔ be bubonic plague) gɔ̃ hã mewu ame agbɔsɔsɔme ma le ɣeyiɣi kpui ma gbegbe me o.” (Man and Microbes) Asrã, kple dɔxɔleameŋu siwo nye sakpate, yɔmekpe, kple bubuwo wu ame miliɔn alafa geɖe le ƒe alafa 20 lia me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe