INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 2/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Mawu Aɖo Xexea Me Katã Ƒe Dziɖuɖu Anyia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 2/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Ðe dziɖuɖu ɖeka aɖe ava ɖu anyigbaa katã dzi gbe ɖeka?

Dukɔ vovovo me tɔwo wɔ ɖeka le dziɖuɖu ɖeka si le anyigba katã dzi ɖum la te

Aleke dziɖuɖu si aɖu anyigba bliboa dzi la ana dukɔwo katã me tɔwo nawɔ ɖeka? Yesaya 32:1, 17; 54:13

Ne dziɖuɖu ɖeka aɖee le anyigbaa dzi ɖum la, wò ya bu ale si wòaɖe vi na ameƒomeae ŋu kpɔ. Ame geɖe le fu kpem egbea le esi woda ahe kolikoli ta, evɔ kesinɔnuwo bɔ ɖe ame bubuwo ya si. Gake ne dziɖuɖu si aɖu anyigbaa katã dzi la ƒe dziɖulawo sea veve ɖe ame nu la, míate ŋu aka ɖe edzi be akpɔ amegbetɔwo katã ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo. Èsusu be amegbetɔwo ate ŋu aɖo dziɖuɖu sia tɔgbi anyia?—Xlẽ Yeremiya 10:23.

Le ŋutinya katã me la, dziɖuɖu ɖe sia ɖe do kpo nu le mɔ geɖe nu; womete ŋu kpɔ wo teviwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ na wo o, vevitɔ ame dahewo. Bubuwo hã wɔ nu ŋutasesẽtɔe. (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Gake Mawu Ŋusẽkatãtɔ la do ŋugbe be yeaɖo fiaɖuƒe aɖe anyi si ava xɔ ɖe dziɖuɖuwo katã teƒe. Fiaɖuƒe sia ƒe Fia alé be na eteviwo lɔlɔ̃tɔe.—Xlẽ Yesaya 11:4; Daniel 2:44.

Nu kae Mawu Fiaɖuƒea awɔ na amewo?

Yehowa Mawu ŋutɔ tia ame si dze be wòanye Fiaɖuƒea ƒe Fia—eyae nye Via, Yesu. (Luka 1:31-33) Esi Yesu nye amegbetɔ nɔ anyigba dzi la, ekpena ɖe amewo ŋu ɣesiaɣi. Esi wòzu Fia azɔ la, ana dukɔwo katã me tɔwo nawɔ ɖeka, eye wòakpɔ egbɔ be ame aɖeke magakpe fu azɔ o.—Xlẽ Psalmo 72:8, 12-14.

Ðe ame sia ame alɔ̃ be Yesu nanye anyigba bliboa ƒe Fia? Ao. Ke hã Yehowa le wɔwɔm blewu. (2 Petro 3:9) Ele mɔnukpɔkpɔ nam ame sia ame be wòaxɔ Yesu Fia la. Eteƒe madidi o, Yesu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa eye wòana ŋutifafa kple dedienɔnɔ naxɔ aƒe ɖe anyigbaa katã dzi.—Xlẽ Mixa 4:3, 4.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe