INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w14 4/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
w14 4/1 axa 16
Yesu lé nututunu ɖe asi abe ɖe wòle ɖi tutum le anyigba ŋu ene

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu kae Yesu awɔ na mí le etsɔme?

Le ƒe 33 Mía Ŋɔli me la, Yesu ku, emegbe wofɔe ɖe tsitre, eye wòyi dziƒo. Ƒe geɖe megbe la, wona ŋusẽe wòzu Fia. (Daniel 7:13, 14) Le etsɔme la, Yesu awɔ eƒe ŋusẽa ŋu dɔ atsɔ ahe ŋutifafa ava xexea me eye wòaɖe ahedada ɖa.​—Xlẽ Psalmo 72:7, 8, 13.

Yesu, Fia la, aɖe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ

Yesu awɔ nu nyui geɖe na mí ne eva le ameƒomea dzi ɖum. Awɔ ŋusẽ si Fofoa nɛ la ŋu dɔ atsɔ ana ameƒomea nade blibo. Míase vivi na agbe le anyigba dzi, eye míagatsi aku amegã alo aku o.​—Xlẽ Yohanes 5:26-29; 1 Korintotɔwo 15:25, 26.

Nu ka wɔmee Yesu le fifia?

Yesu le mɔ fiam eyomedzela vavãwo le xexea me katã le gbeƒãɖeɖedɔa me. Woyia amewo gbɔ ɖagblɔa nu si Biblia gblɔ tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la na wo. Yesu gblɔ be yeayi edzi ado alɔ dɔ si wɔm yeƒe nusrɔ̃lawo le la va se ɖe esime Mawu nava ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ɖa.​—Xlẽ Mateo 24:14; 28:19, 20.

Yesu le mɔ fiam amewo to Kristo hame vavã la dzi be woanɔ agbe si nyo wu fifia. Ayi edzi anɔ mɔ fiam wo ale be woatsi agbe le fifi nuɖoanyia tsrɔ̃ɣi ahayi ɖe xexe yeye si ŋugbe Mawu do la me.​—Xlẽ 2 Petro 3:7, 13; Nyaɖeɖefia 7:17.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 8 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe