INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w16 September axa 22
  • Na Yehowa Ƒe Mɔfiafia Naɖe Vi Na Wò

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Yehowa Ƒe Mɔfiafia Naɖe Vi Na Wò
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • AME AÐE WƆ TIATIA NYUI LE POLAND
  • NYAMETSOTSO AÐE ÐE VI LE FIJI
  • “Mawu Mekpɔa Ame Ŋkume O”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Gblɔe Na Wo Be Yelɔ̃ Wo
    Yehowa Ðasefowo Ƒe Nuteƒekpɔkpɔwo
  • ‘Tso Ðeviwo ƒe Nu Me’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2016
w16 September axa 22

Na Yehowa Ƒe Mɔfiafia Naɖe Vi Na Wò

AME AÐE WƆ TIATIA NYUI LE POLAND

“MEXƆ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 15, eye le ɣleti ade megbe la, medze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme. Mezu gbesiagbe mɔɖela le ƒe ɖeka megbe. Esi medo le sekɛndrisuku (lycée) la, mebia be mayi aɖaɖe gbeƒã le afi si Fiaɖuƒegbeƒãɖela geɖe wu hiã le. Nye susue nye be madzo le mía de, kple mamanye si menye Yehowa Ðasefo o la gbɔ. Ete ɖe dzinye vevie esi nutome sue dzikpɔla gblɔ nam be anyigbamama si me mawɔ dɔ le ye nye mía de afi sia tututu! Mewɔ abe ɖe esia mete ɖe dzinye o ene. Mede mo to, eye medzo le egbɔ be mabu nyaa ŋu. Emegbe megblɔ na nye gbeadzizɔhɛ be: ‘Edze abe mele nu wɔm abe Yona ene. Gake Yona yi Niniwe mlɔeba. Eya ta nye hã mawɔ subɔsubɔdɔa le afi si wode asi nam.’

“Mele mɔɖeɖedɔa wɔm le mía de ƒe enee nye esia, eye mekpɔe be nunya le eme be mewɔ ɖe mɔfiafia si wonam dzi. Ale si menɔ nuwo ŋu bum tsã mesɔ o. Fifia mele dzidzɔ geɖe kpɔm. Le dzinu aɖe me la, mete ŋu srɔ̃ Biblia kple ame 24 sɔŋ. Meda akpe na Yehowa be fifia medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple mamanye si tsia tre ɖe ŋunye tsã.”

NYAMETSOTSO AÐE ÐE VI LE FIJI

Ele be nyɔnu aɖe si Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kplii la natso nya me nenye be ayi míaƒe takpekpe loo alo ayi srɔ̃a ƒometɔ aɖe ƒe dzigbezãɖuƒe. Srɔ̃aŋutsu ɖe mɔ nɛ be wòayi takpekpea. Nyɔnua gblɔ nɛ be ne wokpã takpekpea la, yeava kplɔ̃ɖoƒea. Gake esi wògbɔ tso takpekpea la, ekpɔe be ne yeyi dzigbezãɖuƒea la, agblẽ ye kple Yehowa dome, eya ta meyi o.

Srɔ̃aŋutsua gblɔ na ƒometɔwo le kplɔ̃ɖoƒea be yeɖe mɔ na ye srɔ̃ be wòayi “Ðasefowo ƒe kpekpea,” ne wòava kplɔ̃ɖoƒea ne wokpã. Ƒometɔwo gblɔ nɛ be, “Míenya be mava o; Yehowa Ðasefowo meɖua dzigbezã o!”a

Edzɔ dzi na ŋutsua be ye srɔ̃ meva kplɔ̃ɖoƒea o vavã, eye wòwɔ nu wòsɔ kple eƒe dzixɔsewo be yealé dzitsinya dzadzɛ me ɖe asi. Nyɔnua ƒe nuteƒewɔwɔ ʋu mɔ nɛ wòɖi ɖase na srɔ̃a kple ame bubuwo. Nu kae do tso eme? Srɔ̃aŋutsua lɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye eye wòle kpekpeawo dem kple srɔ̃a fifia.

a Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le December 15, 2001 ƒe Gbetakpɔxɔ me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe