INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp19 No. 3 axa 3
  • Ku Nye Nu Ŋutɔŋutɔ Si Wɔ Nublanui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ku Nye Nu Ŋutɔŋutɔ Si Wɔ Nublanui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Video si Ŋu Wòhiã Vevie be Woade Ŋugble Le
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • “Nu Yeye Kurae Wònye!”
    Nyɔ!—2016
  • Video Yeye Si Ana Míadze Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔme
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2019
wp19 No. 3 axa 3
Nyɔnu aɖe ƒe ɖevime fotowo, esime wònɔ haƒoƒo srɔ̃m, elé seƒoƒo ɖe asi, eƒe srɔ̃ɖegbe, eya kple srɔ̃a kpakple wo viŋutsu, eya kple srɔ̃a wotsi, ele ha ƒom, eye fifia eya ɖeɖe

Ku Nye Nu Ŋutɔŋutɔ Si Wɔ Nublanui

TSƆE be yele video aɖe si ku ɖe ame xɔŋkɔ aɖe, ɖewohĩ hadzila nyanyɛ aɖe si ƒe nu doa dzidzɔ na wò la kpɔm. Videoa dze egɔme tso eƒe ɖevime, ale si wòwɔ srɔ̃ hadzidzi kple ale si wòsrɔ̃e edziedzii. Emegbe èkpɔe le fefewɔƒewo, ezɔ mɔ yi teƒeteƒewo, eye wòle ŋkɔ xɔm le dukɔ geɖewo me. Eteƒe medidi o, èkpɔe be eva tsi le gbɔdzɔgbɔdzɔm, eye kaka videoa nawu enu la, eku.

Menye nyakpakpae videoa me nyawo nye o, wonye nu ŋutɔŋutɔ si na míekpɔ ale si agbea wua enui. Ne amea ɖanye hadzila, dzɔdzɔmeŋutinunyala, kamedefefewɔla, alo ame xɔŋkɔ bubu aɖe o, ele ame sia ame ŋu. Amea ɖo taɖodzinu geɖe gbɔ, gake bu nu siwo gbegbe wòagate ŋu awɔ hafi ne ɖe tsitsi kple ku meva do kplamatsee o ŋu kpɔ?

Nublanuitɔea, nu sia koe ava dzɔ ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe dzi. (Nyagblɔla 9:5) Míelɔ̃ alo míegbe o, míate ŋu asi le tsitsi kple ku nu gbeɖe o. Menye ema ko o, afɔku kpata alo dɔléle vɔ̃ɖi aɖe ate ŋu atso míaƒe agbe dzi. Biblia ɖɔ míaƒe nɔnɔmea be ele abe afu si dona le ŋdi me “ɣeyiɣi vi aɖe eye emegbe wòbuna” la ene.—Yakobo 4:14.

Le ame aɖewo gome la, esi kakaɖedzi mele agbea ŋu o ta la, ale si wonɔa agbea koe nye be “mina míaɖu nu, eye míano nu, elabena etsɔ míele kuku ge.” (1 Korintotɔwo 15:32) Gake ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be agbenɔnɔ alea afia be míele gbɔgblɔm be mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na mí oa? Ɣeaɖewoɣi ne èva le nɔnɔme sesẽ aɖe me tom la, àbia be, ‘Agbea katã koe nye esia?’ Afi kae nàkpɔ nya sia ƒe ŋuɖoɖo le?

Ame geɖe susu be dzɔdzɔmeŋutinunyalawoe ana yewoakpɔ ŋuɖoɖoa. Ŋgɔyiyi siwo wowɔ le atikewɔnyawo me wɔe be egbea amewo megakua kukpo o. Eye dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo le agbagba dzem be yewoana amewo naganɔ agbe didi vie. Agbagba ka ke dzem woɖale o, nyabiasea kpɔtɔ li be, Nu ka tae míetsina eye míekuna? Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe li be míaƒe futɔ si nye ku maganɔ anyi oa? Nyati siwo akplɔ esia ɖo adzro nya siawo me eye woaɖo biabia si nye be, Agbea katã koe nye esia? la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe