INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 2/02 axa 1
  • Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Zã Videowo Nàtsɔ Afia Nu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ (2016)
  • Zã Nusiwo Wokpɔna la Tsɔ Fia Nui
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2006
  • Dɔwɔnu Siwo Fiaa Nu, Ʋãa Ame, Hedoa Ŋusẽ Ame
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2000
  • “Nu Yeye Kurae Wònye!”
    Nyɔ!—2016
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2002
km 2/02 axa 1

Video Siwo Ðia Ðase ƒe Ŋusẽkpɔɖeamedzi

1 “Mía viŋutsuvi dze videoa kpɔkpɔ gɔme hafi te azɔli zɔzɔ kura gɔ̃ hã. Ekpɔnɛ zi geɖe. Aleke gbegbe wòdea dzi ƒoe enye esi be dɔwɔnu siwo ƒãa lɔlɔ̃ na Yehowa ɖe mía viwo me la le mía si!” Video ka ƒe nya gblɔm dzila Kristotɔ sia le? Video si nye Noah—He Walked With God lae. Vidada aɖe si menye Ðasefo o, si ƒe viŋutsuvi kpɔ Noah videoa le ame bubu ƒeme, ɖo dɔlar 90, (₵630,000) ɖe alɔdzedɔwɔƒea eye wòbia be ɖeviwo ƒe video bubuwo gali hã. Video siwo Yehowa ƒe habɔbɔa wɔ la le ŋusẽ gã aɖe kpɔm ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa dzi.

2 Le Ƒomea Me: Esi Ðasefowo ƒe ƒome aɖe kpɔ video si nye Jehovah’s Witnesses Stand Firm Against Nazi Assault vɔ la, vidadaa gblɔ be: “Le ŋkeke bliboa me la, menɔ ŋugble dem le alesi Yehowa kpe ɖe ame tsɛwo ŋu wokpe akɔ kple nɔnɔme siwo gbɔ emee ŋu! Tamebubu tso eŋu na meva de dzesi alesi nye ŋutɔ nye kuxiwo nye nu tsɛe. Video si mía kple mía viwo kpɔ la kpe ɖe wo ŋu wokpɔ alesi wòhiã vevie be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Esi míekpɔe vɔ eye míedzro eme kple mía vinyɔnuviwo la, ekpe ɖe wo ŋu wova su te nyuie wu be woakpe akɔ kple nyaƒoɖeamenu kpakple yometiti ɖesiaɖe si woado goe.”

3 Le Suku: Esi Ðasefo ƒewuivi aɖe nɔ nyatakaka aɖe nam la, eɖe Stand Firm videoa fia eƒe sukuxɔmeviwo. Do ŋgɔ woƒe nufiala gblɔ be yemelɔ̃a Ðasefowo o. Esi wòkpɔ videoa vɔ la, egblɔ be: “Video sia trɔ nye nukpɔsusu le Yehowa Ðasefowo ŋu kura. Meɖoe azɔ be ne wogava nye aƒeme la, maɖo to wo eye madze Biblia la sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo!” Nukae trɔ nufiala sia ƒe nukpɔsusu le mía ŋu? Egblɔ be míaƒe “lɔlɔ̃ vavã kple nuteƒewɔwɔ” tae.

4 Le Gbeadzi: Nɔvinyɔnu aɖe do go nyɔnua aɖe si medi be yeaxɔ míaƒe agbalẽ aɖeke o, togbɔ be biabia aɖewo nɔ esi ku ɖe míaƒe dzixɔsewo ŋu hã. Nɔvinyɔnua tsɔ video si nye Jehovah’s Witnesses—The Organization Behind the Name yi na nyɔnua kple srɔ̃a esi wòtrɔ yi wo gbɔ. Srɔ̃tɔ evea siaa kpɔ ŋudzedze ɖe videoa ŋu ŋutɔ eye wolɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia. Le ɖaseɖiɖi nyui si wokpɔ ta la, wodze tɔtrɔwɔwɔ gɔme le woƒe agbenɔnɔ me be wòasɔ kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ðe nèle míaƒe videowo zãm le mɔ si aɖe vi wu nua?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe