Kekeliviwo le Nutoa Me
1 Esi míetso “Kekeliviwo” Nutome Gã Takpekpea gbɔ la, alesi wòhiã be míanye kekeliviwo na míaƒe nutometɔwo la me gakɔ ɖe edzi na mí nyuie wu. (Mat. 5:14) Ne míede ŋugble le nya siwo katã míese le takpekpea me ŋu eye míedze agbagba zã wo le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me la, ekpena ɖe mía ŋu míetena ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu le tadedeagu vavãtɔ me eye míekpena ɖe ame bubuwo hã ŋu be woasrɔ̃ nu le Yehowa ƒe ŋugbedodowo ŋu.
2 Míaƒe mɔnukpɔkpɔ be míana kekelia naklẽ la dzi ɖe edzi esime, le Fiɖagbe ŋdi me nuƒoawo ƒe nuwuwu la, woɖe trakt yeye si ƒe tanyae nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? ɖe go. Memleɖagbe ŋdi me wɔwɔfiawo kpe ɖe mía ŋu ŋutɔ be míanya alesi míatsɔ trakt sia awɔ dɔe. Woɖe trakt bubu etɔ̃ hã ɖe go kpe ɖe eŋu. Woawoe nye Akɔfafa na Blanuilélawo, Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me, kple Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? Wode dzi ƒo na mí be míatsɔ dɔwɔnu siawo siwo anya tsɔ ɖe ŋuti la ɖe mía ŋuti be míazã ne mɔnukpɔkpɔa su mía si.
3 Esi wowu nuƒo si ƒe tanyae nye “Ðeɖekpɔkpɔ le Yesu Kristo ƒe Ðeɖefiaɣi La” nu le Memleɖagbe ŋdɔ me la, woɖe agbalẽ gbadza dzeani si ƒe tanyae nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? ɖe go. Agbalẽ dzeani sia si ƒe nɔnɔmetatawo le amadede vovovowo me la aɖo nyabiabia geɖe siwo amewo biana la ŋu, abe: Nukatae Mawu ɖe mɔ fukpekpe li ɖo? Ðe fukpekpe nu ava yi gbaɖegbea? Aleke míewɔ nya be ŋkeke mamleawo mee míele? Aleke woatrɔ anyigba la wòazu paradisoe? Aleke míawɔ akpɔ agbe mavɔ le Mawu ƒe xexe yeyea me? Agbalẽ gbadza sia anye dɔwɔnu nyui aɖe si akpe ɖe mía ŋu míadze nusɔsrɔ̃ yeyewo gɔme.
4 Aleke gbegbe nye si míedaa akpe ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si míexɔ le “Kekeliviwo” Nutome Gã Takpekpea tae nye si! Mina mí amesiwo nye gbɔgbɔmekekeliviwo míaɖoe kplikpaa aɖe míaƒe ŋudzedze si tso dzime afia to nusiwo míesrɔ̃ ŋudɔ wɔwɔ kple agbalẽ yeye siawo siwo woɖe ɖe go la zazã veviedodotɔe me be míatsɔ akpe ɖe amewo ŋu bene woanya Yehowa ahasubɔe.