Miɖe Gbeƒã Mɔ si dzi Mawu Ato be Ŋutifafa Kple Dedienɔnɔ Nava
1 Amegbetɔwo do susu geɖe ɖa le alesi wosusu be ŋutifafa kple dedienɔnɔ awɔ ava ŋuti, gake esiawo dometɔ aɖeke mekpɔ amewo ƒe nuhiahiãwo ŋutɔŋutɔ gbɔ le xexeame katã o. Togbɔ be mawusubɔsubɔ, ŋutigbalẽ ƒe amadede ƒe vovototowo kple dulɔlɔ̃ ƒe fulélewo, kpakple dunyahehe ƒe nɔƒe gã didi kple ŋukeklẽ dze abe nu gã siwo xea mɔ na dedienɔnɔ kple ŋutifafa ƒe anyinɔnɔ le xexeame ene hã la, Kristotɔ vavãwo nya be mɔxenuawo ŋutɔŋutɔe nye Satana Abosam kple alesi amegbetɔ melɔ̃ be yeabɔbɔ ye ɖokui ɖe Yehowa Mawu te o.—Ps. 127:1; Yer. 8:9; Yoh. I, 5:19.
2 Míadze agbagba le February me be míakpe ɖe míaƒe aƒelikawo ŋu woakpɔe be mɔ si dzi Mawu ato ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vɛ la koe nye mɔ ɖeka kolia si dzi woato eye be Yehowa sie ameƒomea ƒe kuxiwo katã gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ le.
3 Mizã Trakt Yeyeawo: Míate ŋu agblɔ gbedasi tuameɖo sia na amewo ne míezã trakt yeye siwo woɖe ɖe go le míaƒe “Kekeliviwo” Nutome Gã Takpekpea me la. Wowɔ wɔwɔfia bɔbɔe aɖe tsɔ fia mí alesi míazã Trakt 19 lia, si nye Ðe Xexeme Sia Akpɔtɔ Anɔ Anyia? atsɔ adze dzeɖoɖo gɔme ahatrɔe wòazu Biblia-nusɔsrɔ̃e. Ele be alesi nya si Yesu gblɔ ɖi le xexeme sia ƒe nuwuwu ŋu la ƒe emevava si ɖe dzesi la naʋã ame geɖe ƒe susu.
4 Ame miliɔn geɖe lé blanui egbea, eye wole ɣeyiɣi si me woada gbe le amewo ŋu eye ŋutifafa, dedienɔnɔ kple tomefafa vavãtɔ ava la dim vevie. Akɔfafa na Blanuilélawo (Trakt 20 lia) ate ŋu atu ame geɖe ɖo ŋutɔŋutɔ.
5 Trakt 21 lia, si nye Se Vivi le Ƒomegbenɔnɔ Me ɖo aɖaŋu si wɔa dɔ le nusi woate ŋu awɔ be ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzi fifia gɔ̃ hã esime míele etsɔ me si nyo ŋutɔ lalam le Mawu ƒe xexe yeyea me la ŋu.
6 Trakt 22 lia ɖo biabia si nye Ameka Tututue Le Xexeame Dzi Ðum? la ŋu tẽ. Eɖe nusita amegbetɔwo toa mɔ vɔ̃ɖitɔwo kekeake dzi wɔa funyafunya wo nɔewo hewua wo nɔewo togbɔ be ame akpa gãtɔ di be yewoanɔ agbe si me ŋutifafa kple dedienɔnɔ le gake la me. Gbɔgbɔ vɔ̃wo li le dziƒonutowo me, eye Satana ƒe amebleɖaŋu vɔ̃ɖitɔe nye be wòana ame geɖe naxɔe ase be ye kple yeƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo yewomeli ŋutɔŋutɔ o.
7 Dze Biblia-Nusɔsrɔ̃wo Gɔme: Woate ŋu atsɔ trakt, agbalẽ gbadza, magazine, alo agbalẽ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔmee. Ne èse be míaƒe agbalẽ aɖe le aƒemenɔlaa si xoxo la, gblɔ nɛ le aɖaŋudzedze me be yeafiae alesi woate ŋu azãe le Biblia la sɔsrɔ̃ mee. Trakt yeyeawo kpakple agbalẽ gbadza yeye si nye Ðe Mawu Tsɔa Ðe Le Eme na Mí Vavãa? nye dɔwɔnu nyui ŋutɔ siwo woazã atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃wo gɔmee. Hekpe ɖe eŋu la, woate ŋu azã agbalẽ ɖesiaɖe si Habɔbɔa ta le ƒe 1983 me alo do ŋgɔ na ƒe ma le gbeadzi. Ne Family Life, “Kingdom Come,” Nyateƒe, alo Youth ƒe agbalẽawo le mia si la, ekema miwɔ ɖoɖo miazã wo nyuie le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.
8 Wɔla, Yehowa Mawu, gbɔ koe dedienɔnɔ vavãtɔ ate ŋu atso ava. Míedi be míakpe ɖe ame geɖe alesinu míate ŋui ŋu be woaʋu woƒe dzi kple susuwo me na Mawu ƒe Nya la me nyateƒea eye woaxɔ mɔkpɔkpɔ si wònaa mí la. Mina míawɔ nufiagbalẽ siwo le mía si la ŋudɔ nyuie atsɔ aɖe gbeƒã mɔ si dzi Mawu ato be ŋutifafa kple dedienɔnɔ nava la.—Yes. 2:3, 4.