INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/13 axa 1
  • Ale Si Nàdzra Ŋgɔdonya Ʋãmewo Ðo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Nàdzra Ŋgɔdonya Ʋãmewo Ðo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ŋgɔdonyawo Dzadzraɖo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 12/13 axa 1

Ale Si Nàdzra Ŋgɔdonya Ʋãmewo Ðo

1. Nu ka tae ŋgɔdonya viviwo le vevie?

1 Ŋgɔdonya viviwo ʋua mɔ na Ŋɔŋlɔawo me dzeɖoɖo nyuiwo abe ale si ko nuɖuɖu ƒe ʋeʋẽ lilili nana nuɖuɖua dzroa ame vevie ene. Ŋgɔdonya ʋãmewo ƒe didime kple wo me nyawo ate ŋu ato vovo, gake abe nuɖuɖu vivi ene la, ebia be ame nabu eŋu nyuie ahatrɔ asi le eŋu do ŋgɔ. (Lod. 15:28) Nu kae nana be ŋgɔdonya ʋãa ame?

2. Aleke míate ŋu adzra ŋgɔdonya siwo anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖo?

2 Ƒo Nu Tso Nu Si Me Amewo Tsɔa Ðe Le Ŋu: Ne míaƒe ŋgɔdonya menyɔ aƒemenɔlaa ƒe ɖetsɔleme o la, ate ŋu atsi dzeɖoɖoa nu. Eya ta ne èle ŋgɔdonyaa dzram ɖo la, bu nu siwo me nutoa me tɔwo tsɔa ɖe le ŋu. Ðe wotsia dzi ɖe dziɖuɖu nyui, ƒome kpɔdzidzɔ, alo ale si woatsi aʋawɔwɔ nu ŋua? Zi geɖe la, amewo dina be yewoagblɔ yewoƒe susu, eya ta dzra nyabiase si ana woabu tame ahagblɔ woƒe susu ɖo. Àte ŋu azã kpɔɖeŋudzeɖonya siwo dzena le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me la dometɔ aɖe eye nàtrɔ asi le eŋu wòasɔ na wò anyigbamama. Anyo ŋutɔ be miawɔ ŋgɔdonya vivi siwo miate ŋu azã ƒe wɔwɔfiawo le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsiwo me ɣeaɖewoɣi.

3. Aleke míate ŋu atrɔ asi le míaƒe ŋgɔdonyawo ŋu woasɔ ɖe amewo ƒe dekɔnuwo kple afi si wotso nu?

3 Bu Amewo Ƒe Dekɔnuwo Kple Afi Si Wotso Ŋu: Le teƒe aɖewo la, wokpɔa mɔ be míagblɔ susu si tae míeva la enumake. Gake le teƒe bubuwo la, woabui amemabumabui ne amedzroa mebia aƒea me tɔwo ta se hegblɔ ame si wònye kple afɔ si dzi wòle la gbã o. Le nuto aɖewo me la, esi amewo nye sɔlemedelawo ta la, míetea ŋu zãa Biblia le míaƒe ŋgɔdonyawo me faa. (Dɔw. 2:14-17) Gake le nuto siwo me ame akpa gãtɔ le subɔsubɔha siwo mexɔ Kristo dzi se o me, alo womesubɔa Mawu le o me la, anyo wu be míazã Biblia ne míegatrɔ yi wo gbɔ.—Dɔw. 17:22-31.

4. Aleke nàdzra wò ŋgɔdonyawo ɖo nyuie?

4 Nya Siwo Nàtsɔ Adze Egɔmee: Dzra wò ŋgɔdonyawo ɖo ŋuɖɔɖotɔe. Anyo wu ne èzã nyagbe kpui siwo me kɔ. Ale si nàƒo nui hã le vevie. Dzo nenɔ mewò. Ðo nukomo xɔlɔ̃wɔwɔtɔe si ana aƒemenɔlaa nakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na ye. Ne míewɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siawo dzi la, akpe ɖe mía ŋu míadzra ŋgɔdonya viviwo ɖo be wòaʋã amewo woava ɖu nu le “Yehowa ƒe kplɔ̃” ŋu.—1 Kor. 10:21.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe