Gbeƒãɖeɖewo
◼ Agbalẽ siwo míana le September me: Míana agbalẽ eve siwo nye True Peace and Security—How to Find It kple “Let Your Kingdom Come,” hena ₵1,000. October: Nyɔ! alo Gbetakpɔxɔ ƒe nudɔdɔwo xɔxɔ. November: New World Translation of the Holy Scriptures kple agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? December: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ. MIDE DZESII: Hame siwo ahiã agbalẽ siwo míeyɔ ɖe etame la nadɔ wo le nusiwo woagadɔ me ɖe ɣleti sia ɣleti ƒe nudɔgbalẽvia (S-14) dzi.
◼ Agbalẽ si woasrɔ̃ le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe le dukɔa me katã tso ƒe 1993 ƒe November 8 lia dzie nye Making Your Family Life Happy.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na subɔsubɔkɔmitia be woakpɔ egbɔ be yewoɖo “Literature Inventory” ƒe agbalẽvi (S-18) ɖe alɔdzedɔwɔƒea hafi September 6, 1993 naɖo. Woaɖo Congregation Analysis Report (S-10) ɖa le September 10, 1993 dzi.
◼ Gbeƒãɖela siwo wɔ ɖoɖo be yewoadze gbesiagbe mɔɖeɖedɔa gɔme le October 1, 1993 dzi la, nabia enumake. Woaɖo dɔbiagbalẽa ɖe Habɔbɔa do ŋgɔ hafi September nawu enu. Taflatse midzro September ƒe 1986 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe emedegbalẽvi memamã 21 vaseɖe 26 me.
◼ Zimenɔla alo amesi wòtia nato hamea ƒe gakɔnta me le September 1 dzi alo le emegbe kpuie. Ne miewɔe vɔ la, miaɖe gbeƒãe na hamea.
◼ Míele ŋku ɖom edzi na hamemegãwo be woawɔ ɖe mɔfiame siwo wona le April 15, 1991 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 21-3 dzi le amesiwo woɖe le hamea me alo amesiwo ɖe wo ɖokui le hamea ŋu evɔ wole didim be woagaxɔ yewo la dzi.
◼ Agbalẽ Siwo Gava:
Eʋegbe, Gɛgbe, kple Twi: Gɔmedzegbalẽ. Eʋegbe kple Twi: Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ.