Misrɔ̃ Agbe Tegbee Kple Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me ƒe Agbalẽawo
1 Traktwo, agbalẽ gbadzawo, magazinewo, kple agbalẽgãwo—míate ŋu azã wo katã atsɔ adze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple ɖetsɔlemetɔwo. Esi Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ ƒe agbalẽa kaka ɖo teƒe geɖewo eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe amewo dzi ta la, wozãnɛ tsɔ dzea nusɔsrɔ̃ gɔmee. Ele be woade dzi ƒo na amesiame be wòaxlẽe ahasrɔ̃e. Míewɔa esia esi míedzrana ɖo ɖe Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe ŋu heyina edziedzi.
2 Gake agbalẽ vevi eve aɖewo li siwo wòle be míasrɔ̃ kple ame yeyewo be míakpe ɖe wo ŋu woase Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo kple Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe dzidzenuwo gɔme. Woawoe nye: Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi kple Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me. Míele dzi dem ƒo na amesiwo tsɔ agbalẽ bubuwo le Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔmee be woatrɔ ɖe agbalẽ siawo dometɔ ɖeka ŋu kaba ne anya wɔ. Ne Ame Vevitɔ ƒe agbalẽa srɔ̃m miele la, mide dzi ƒo na nusrɔ̃via be eya ŋutɔ nayi edzi axlẽe le eɖokui si. Togbɔ be amea axɔ nyɔnyrɔ̃ hafi miawu agbalẽ evelia nu hã la, miyi Biblia-nusɔsrɔ̃a wɔwɔ dzi vaseɖe esime miawu Agbe Tegbee kple Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me gbalẽawo nu. Esia ana gɔmesese nyui nasu Biblia-nusrɔ̃via si, eye wòali ke le gbɔgbɔ me.