Mɔɖelawo ƒe Dzesidegbalẽviwo
◼ Subɔsubɔkɔmitia Nade Dzesii: Míetsɔ Mɔɖelawo ƒe Dzesidegbalẽvi (S-202) si wogbugbɔ wɔ kpe ɖe Habɔbɔa ƒe May 13, 1991 ƒe lɛta ŋu ɖo ɖe hamemegãwo ƒe hawo katã be woatsɔ ana gbesiagbe mɔɖela siwo woɖo. Woayi edzi atsɔ agbalẽviawo ana gbesiagbe mɔɖela siwo ʋuna yia hame bubuwo me le dukɔa me. Ne esiwo miexɔ la vɔ la, miate ŋu abia bubuwo. Gake ele be woade dzesii be womeɖe mɔ be subɔsubɔkɔmitia natsɔ agbalẽvia ana gbeƒãɖela siwo di be yewoawɔ gbesiagbe mɔɖeɖedɔ o. Ele be woakpɔ egbɔ be wokpe dɔbiagbalẽvia ɖo bliboe, eye be ameawo dze ŋutɔŋutɔ eye ɖoɖowɔɖi nyui siwo ana woate ŋu aɖo gaƒoƒonudidi si wobia tso wo si gbɔ la le wo si. Emegbe subɔsubɔkɔmiti la ade asi dɔbiagbalẽviawo te eye woaɖo wo ɖe alɔdzedɔwɔƒea be woada asi ɖe wo dzi ahaɖo wo. Ele be woade dzesii hã be, ne ame aɖe tso dukɔ bubu me va la, ele be woana Habɔbɔa nanya ale be woatsɔ agbalẽvi yeye aɖo ɖee tso alɔdzedɔwɔƒea. Lɛta si míeyɔ le afisia la gblɔ be “ne mɔɖela aɖe bú eƒe agbalẽvi la, taflatse miŋlɔe ɖo ɖe Habɔbɔa ne woaɖo bubu ɖee. Ne eva eme alea la, mehiã be mianɛ agbalẽvi yeye o.” Taflatse miɖo ŋku edzi hã ne miakpe “Notification for Discontinuing Regular Pioneer Service” ƒe agbalẽvia (S-206) ɖo na mɔɖela ɖesiaɖe si adzudzɔ mɔɖeɖedɔa eye miatsɔ eƒe Dzesidegbalẽvi akpe ɖe eŋu. Ele be woade dzi ƒo na amesiwo katã ɖe asi le mɔɖeɖedɔa ŋu le ƒe 1989 kple ƒe 1992 dome eye woƒe dzesidegbalẽvi gakpɔtɔ le wo gbɔ la be woatsɔ wo ana subɔsubɔkɔmitia be woawo hã natsɔ wo aɖo ɖe Habɔbɔa. Ne hamemegãwo metsɔ “Notification for Discontinuing Regular Pioneer Service” ƒe agbalẽvia (S-206) na Habɔbɔa nya ame aɖe ƒe asiɖeɖe le mɔɖeɖedɔa ŋu o la, ele be woawɔe fifia ale be Habɔbɔa nate ŋu awɔ nuŋlɔɖiawo yeyee.