Zã Magazinewo Tsɔ Kpe Ðe Amewo Ŋui
1 Aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye si ne míexɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeyewo! Edzɔa dzi na mí be míaxlẽ wo kaba alesi míate ŋui ale be nyatakaka siwo le wo me la naɖe vi na mí. Tsɔ kpe ɖe nya siwo akpe ɖe mía ŋutɔwo ŋu didi me ŋu la, anyo ŋutɔ be míadi nya siwo míate ŋu azã le magazinewo nana ame bubuwo me hã. Míadi be míade dzesi akpa siwo adzɔ dzi na míaƒe hamea ƒe anyigbamamã me tɔwo ŋutɔ alo míade dzesi nu ɖe mía ŋutɔ tɔ ƒe axadzi be wòaɖo ŋku dzeɖonyawo kple alesi míate ŋu aƒo nu tso nyatia ŋu le mía gbɔ dzi na mí.
2 Viɖe mavɔwoe le míaƒe magazinewo ŋu. Togbɔ be míaƒe susu anɔ magazine yeyewo nana ŋu koŋ hã la, mele be míagblẽ tata xoxowo dome o, elabena nyatakaka siwo le wo me la medo xoxo o. Tsɔ tata xoxowo de wò akplo me ale be woanɔ ŋuwò ne ele ɖase ɖim. Viɖe ate ŋu anɔ wo ŋu vevietɔ ne èva nya aƒemenɔla aɖe ƒe nuhiahiã tɔxɛ aɖe. Ne magazine xoxowo le miaƒe hamea si la, ke miwɔ ɖoɖo be miawɔ magazinedɔ tɔxɛwo bene woavɔ.