Subɔsubɔkpekpewo Hena September
Kwasiɖa si Dze Egɔme September 6
Hadzidzi 164
10 min: Míaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo.
20 min: Do Ŋusẽ Viwòwo na Sukudede. Nuƒo si ŋu gbebiame kple wɔwɔfiawo akpe ɖo. Sɔhɛ Kristotɔwo siwo li egbea dzea ŋgɔ nya siwo mava susu me gɔ̃ hã na hamea me tɔ geɖe o. Ele be vevietɔ dzilawo nanya nu tso nɔnɔme sesẽ siawo ŋu bene woate ŋu ado ŋusẽ wo viwo be woate ŋu anɔ te ɖe nuteƒewɔwɔ ƒe dodokpɔwo nu. Bia gbe sɔhɛ etɔ̃ siwo xɔ ƒe vovovowo. Nukawoe nye nyaƒoɖeamenu siwo wodoa goe gbesiagbe le suku siwo nu wòle be woanɔ te ɖo dometɔ aɖewo? Nukae kpena ɖe wo ŋu be woléa ƒomedodo nyui si le wo kple Yehowa dome la me ɖe asi? Na ƒome aɖe nawɔ wɔwɔfia be woadzro School-gbalẽ gbadza la ƒe memamã 2 kple 3 me. Ðeviawo gblɔ be woɖua fewu le yewo ŋu eye yewosenɛ le yewo ɖokui me be woɖe yewo le ha me le esi yewolé Biblia ƒe dzidzenuwo le agbenyuinɔnɔ gome ɖe asi ta. Ƒomea ƒe ta de dzi ƒo na ɖeviawo be yekpɔ dzidzɔ ɖe kpɔɖeŋu si woɖo ŋu ŋutɔ eye wòɖo ŋku edzi na wo be Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe woƒe agbenɔnɔ ŋu ŋutɔ. (Lod. 27:11) Nɔviŋutsu si le akpa sia dzi kpɔm nakafu ɖevi siwo le hamea me ɖe woƒe dɔ nyui wɔwɔwo ta eye wòaxlɔ̃ nu wo be woaɖo dze kple wo dzilawo ale be woado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me le sukuƒe blibo sia me.
15 min: “Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woadze Si Kesinɔnu Nyuiwo.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo tsɔtsɔ dzro nyatia mee. Kpe ɖe hamea ŋu be woakpɔ gbɔgbɔmekesinɔnu nyui siwo míaƒe agbalẽwo nye la adze sii eɖanye ƒe ka me wota wo o. De dzi ƒo na amewo katã lɔlɔ̃tɔe be woaxɔ agbalẽ eveawo le agbalẽdzraƒea elabena ne míedze agbagba xɔ agbalẽawo o la, míate ŋu ana wo o. Ne miele memamã 4 lia me dzrom la, miwɔ wɔwɔfia si me gbeƒãɖela aɖe ana True Peace gbalẽa dzila aɖe.
Hadzidzi 108 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme September 13
Hadzidzi 112
10 min: Míaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ gakɔntabubuwo kple nunana siwo Habɔbɔa xɔ ŋuti akpedanyawo. Kafu hamea ɖe gakpekpeɖeŋu si wòtsɔna kpea asi ɖe hamea kple Habɔbɔa ƒe xexeame katã ƒe dɔa ŋui la ta.
10 min: “Zã Magazinewo Tsɔ Kpe Ðe Amewo Ŋui.” Nuƒo kple wɔwɔfiawo. Te gbe ɖe magazine yeyewo kple xoxoawo ŋudɔwɔwɔ bliboe ƒe vevienyenye dzi. Wɔ wɔwɔfia eve; woana magazine yeye le ɖeka me eye evelia naɖe alesi míate ŋu azã xoxotɔ aɖe atsɔ akpɔ aƒemenɔlaa ƒe nuhiahiã tɔxɛ aɖe gbɔe la fia.
15 min: “Nukae Míawɔ le Subɔsubɔƒe Sia Me?” Nuƒo si me nyaselawo akpɔ gome le. Zimenɔla nakpɔ edzi. Dzro hamea ƒe ƒe si va yi ƒe subɔsubɔdɔ me eye nàde dzi ƒo na amesiame be wòawɔ ɖoɖo adzi eƒe dɔwɔnawo ɖe edzi le ƒe 1994 subɔsubɔƒea me.
10 min: “Misrɔ̃ Agbe Tegbee kple Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me Gbalẽawo.” Ne èdzro nyatia me kple nyaselawo vɔ la, na gbeƒãɖela si dzra ɖo nyuie nawɔ alesi woatrɔ nusɔsrɔ̃a tso Ame Vevitɔ gbalẽa me ava Agbe Tegbee gbalẽa mee la ƒe wɔwɔfia.
Hadzidzi 17 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa si Dze Egɔme September 20
Hadzidzi 100
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso magazine yeyewo me nyati siwo woatsɔ awɔ dɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kwasiɖa sia ŋu. Dzro aɖaka si ƒe tanyae nye “Mɔɖelawo ƒe Dzesidegbalẽviwo” hã me.
20 min: “Mikpe Ðe Amesiwo Ði Alẽwo Ŋu be Woƒe Gɔmeɖoanyi Nasẽ.” Dzro eme kple nyaselawo. Ƒo nu tso alesi wòhiã be woadzra ɖo ɖe tɔtrɔyi ɖesiaɖe wɔwɔ ŋu la ŋuti. Wɔ ɖoɖo be gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ tɔtrɔ yi amesi xɔ agbalẽ siwo nam míele ƒe ɖeka alo eve le yiyi zi gbãtɔ me ƒe wɔwɔfia, eye wòazã nyatakaka si le memamã 3 alo 5.
15 min: “Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃wo Gɔmedzedze.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖowo. Ne èdzro memamã 4 me vɔ la, wɔ tɔtrɔyi si me wozã Biblia ɖeɖeko le, gake wòtso Agbe Tegbee alo Reasoning ƒe agbalẽa ƒe akpa aɖewo me abe alesi woɖo aɖaŋui ene ƒe wɔwɔfia si me dzo le.
Hadzidzi 84 kple gbedodoɖa hena kpakpã.
Kwasiɖa Si Dze Egɔme September 27
Hadzidzi 109
10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.
20 min: Afikae Míaƒe Lɔlɔ̃tɔ Siwo Ku la Le? Ƒome ƒe numedzodzro. Ƒomea ƒe ta zã nya si wotia tso Reasoning ƒe agbalẽa ƒe axa 98-100 tsɔ dzro ƒomea ƒe xɔlɔ̃ vevi aɖe ƒe ku me. Ehe susu yi kpekpe ɖe viawo ŋu be woase Biblia ƒe nukpɔsusu gɔme dzi. Ebia nya tsɔ ka ɖe edzi be wose nusi ku nye gɔme eye wote ŋu ɖe eme nyuie le ƒe siwo woxɔ nu. Efia alesi woate ŋu azã Reasoning ƒe agbalẽa atsɔ afa akɔ na ame bubuwoe hã wo.
15 min: Na Magazinewo le October Me. Wɔ wɔwɔfia etɔ̃, woana Gbetakpɔxɔ yeye le ɖeka me, woana Nyɔ! yeye le bubu me, eye le ɖeka me la, vovo mele aƒemenɔlawo ŋu o, egbe magazinea xɔxɔ eye wòxɔ trakt. Le wɔwɔfia ɖesiaɖe megbe la, dzro nusita alesi wowɔe la nyo me kple nyaselawo. Ne esɔ la, woate ŋu adɔ magazinewo na wo alo ana Mankind Search for God wo.
Hadzidzi 21 kple gbedodoɖa hena kpakpã.