INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/93 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena October

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena October
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 4
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 11
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 18
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme October 25
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 10/93 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena October

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 4

Hadzidzi 225

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Miaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe tiatiawo. Ƒo nu tso mɔ siwo dzi woato ana magazine yeyewo le miaƒe anyigbamamã me ŋu. Te gbe ɖe tɔtrɔ ayi amesiwo wona magazine gbɔ kple susu be woadze magazine ƒe ademɔwo ɖeɖe gɔme ƒe vevienyenye dzi. Míate ŋu atsɔ kakaɖedzi ade nudɔdɔ ƒe dzi ƒo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me.

15 min: “Míaƒe Magazinewo Zazã tso Aƒeme yi Aƒeme.” Numedzodzro kple nyaselawo. Susu nyuiwo li siwo ta wòle be dzo nanɔ mía me ɖe magazinewo tsɔtsɔ na amesiwo míedoa goe le gbeadzisubɔsubɔdɔa me kple amesiwo míeɖea gbeƒã na le vome ŋu. Togbɔ be woɖo ɣletiŋkeke ɖe magazineawo dzi eye míenaa tata yeyewo le magazinedɔa ƒe ŋkeke dzi hã la, mele be míahe ɖe megbe le magazine xoxowo nana ŋu o. Ðeko nàkpɔ egbɔ be magazine si nàna la le dzadzɛ eye megblẽ o. Na gbeƒãɖela bibi aɖe nawɔ etsɔtsɔna ƒe wɔwɔfia si le memamã 4 lia me.

20 min: Dzi Wò Dɔwɔwɔ tso Aƒeme yi Aƒeme Ðe Edzi le October Me. Subɔsubɔdɔdzikpɔla alo nɔviŋutsu bibi bubu nadzro tso aƒeme yi aƒeme dɔa ƒe vevienyenye me kple nyaselawo. Agbalẽ vovovo siwo míana le October me ana míate ŋu azã nya vovovowo. Wɔ wɔwɔfia siawo: (1) Gbeƒãɖela nadze dzeɖoɖo si akplɔ wo ayi Nyɔ! alo Gbetakpɔxɔ yeye aɖe me nyati me la gɔme. Gbeƒãɖela na magazine yeyewo alo trakt amea. (2) Gbeƒãɖela nadze dzeɖoɖo si ahe susu ayi agbalẽ si nye Mankind’s Search for God me gɔme. Gbeƒãɖela na agbalẽ alo magazine eve le alesi nɔnɔmea le nu. (3) Gbeƒãɖela nazã trakt atsɔ dze dzeɖoɖo gɔme le vome eye wòana magazine yeye ɖetsɔlemetɔa. (4) Gbeƒãɖela si le magazine ƒe ademɔ ɖem la nado nudɔdɔxɔxɔ ƒe susu ɖa. Ele be mɔnu vovovo siawo nade dzi ƒo na gbeƒãɖelawo be woadzi woƒe dɔwɔwɔ tso aƒeme yi aƒeme ɖe edzi le October me. Ðikeke mele eme o be hamea me tɔ aɖewo le kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa wɔm ɣleti sia. Metsi megbe akpa na ame bubuwo be woawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa o ne woate ŋui.

Hadzidzi 42 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 11

Hadzidzi 4

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gakɔntabubuwo. Xlẽ nudzɔdzɔwo ƒe akpedanyawo, eye kafu hamea le alɔdodo xexeame katã ƒe dɔa kple hamea ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔkpɔkpɔ ta. Dzro kwasiɖa ƒe gbeadziyiɖoɖowo me kpuie, eye nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe alesi gbeƒãɖelawo le kpekpeɖeŋu nam moveviɖoɖotɔe ŋu.

15 min: “Ðe Nèdea Bubu Wò Tadeaguƒe Ŋua?” Hamemegã ƒe nuƒo si tso nyati si le June 15, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Tsɔ nyatakaka la sɔ kple mia gbɔ nɔnɔmewo. Ne kuxi aɖe koŋ li si ŋu nàƒo nu tsoe la, ɖo aɖaŋu le eŋu le ŋuɖɔɖo me.

20 min: “Nusi Wodi tso Subɔla Yeyewo Kple Esiwo Kpɔ Nuteƒe Si.” Hamemegã natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Tsɔ dzonɔameme to nyati vevi siwo ku ɖe hamea ƒe nuhiahiãwo ŋu ɖe eme kpuie tsɔ ƒo etae.

Hadzidzi 44 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 18

Hadzidzi 65

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Teokrasi Nyadzɔdzɔwo.

15 min: “Ameŋkumemakpɔmakpɔ le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ Me.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Te gbe ɖe tanya sia ƒe mɔnu siwo asɔ na miaƒe anyigbamamã la dzi.

15 min: “Kpe Ðe Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu.” Nuƒo si me woabia nya aɖewo nyaselawo le. Wɔ alesi gbeƒãɖelawo nyɔa amewo ƒe ɖetsɔleme le miaƒe anyigbamamã mee ƒe wɔwɔfia, alo na gbeƒãɖela aɖe nagblɔ nuteƒekpɔkpɔ si ɖe tɔtrɔ yi amesiwo xɔ Nyɔ! alo Gbetakpɔxɔ ɖekaɖekawo gbɔ ƒe vevienyenye fia.

10 min: Miaƒe nuhiahiãwo alo nuƒo ʋãme si nɔ te ɖe “Kristotɔ Gbãtɔwo Kple Xexeame” si tso July 1, 1993 ƒe Gbetakpɔxɔ me dzi. Te gbe ɖe alesi wòhiã be míasrɔ̃ Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋui la dzi.

Hadzidzi 60 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme October 25

Hadzidzi 75

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Gblɔ kwasiɖaa me gbeadziyiɖoɖo, eye he susu yi nyati vevi siwo le magazine yeyewo me si gbeƒãɖelawo ate ŋu azã le gbeadzisubɔsubɔdɔ me le ŋkeke siwo gbɔna me. Ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, wɔ enana ƒe wɔwɔfia ɖeka alo eve si asɔ na miaƒe anyigbamamã. Ðo ŋku tɔtrɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ ƒe vevienyenye dzi na nɔviwo.

15 min: Dzra Ðo be Nàfa Akɔ na Amesiwo Le Nu Xam (tso Reasoning-gbalẽa ƒe axa 102-4 kple April 15, 1985 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 23-5). (3 min.) Nɔviŋutsu si le akpa sia wɔm la naɖee fia be Yehowa Ðasefowo megbea kɔnu ɖesiaɖe si do ƒome kple ku o. (5 min.) Wɔ alesi Ðasefo aɖe ɖe nusita Yehowa Ðasefowo mewɔa kunuwɔwɔ ƒe kɔnu aɖewo o me na dɔwɔhati aɖe ƒe wɔwɔfia si nɔ te ɖe Reasoning-gbalẽa ƒe axa 102-3, kple April 15, 1985 ƒe Gbetakpɔxɔ ƒe axa 23-4 dzi. Ele be numedzodzroa nada asɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu. (7 min.) Dzro akpa si nye “Ne Ame Aɖe Gblɔ Be—” si le axa 103-4 me kple nyaselawo.

20 min: “Aƒeme Biblia Nusɔsrɔ̃ Wɔwɔ.” Woatsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro nyatia mee. Wɔ gbeƒãɖela si le kpekpem ɖe eƒe nusrɔ̃vi ŋu be wòase alesi mawunyakpukpui si woyɔ la ɖo kpe nyatakaka si le memamã si me dzrom wole la dzii ƒe wɔwɔfia si ŋu woadzra ɖo ɖo nyuie. Le wɔwɔfia ma ke me la, gbeƒãɖela nazã nyabiabia siwo akpe ɖe nusrɔ̃via ŋu be wòatsɔ nyateƒea awɔ etɔe. Zã Wowɔ Ðeka le Tadedeagu Me alo Agbe Tegbee ƒe agbalẽa me nya tiatiawo. Tsɔ nyati vevi siwo tso May 1987 ƒe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔ ƒe Nyabiaɖaka si ƒo nu tso alesi woabu Biblia-nusɔsrɔ̃ yeyewo ƒe akɔntae kpe ɖe eŋu.

Hadzidzi 78 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe