INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 10/93 axa 8
  • Míaƒe Magazinewo Zazã tso Aƒeme yi Aƒeme

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míaƒe Magazinewo Zazã tso Aƒeme yi Aƒeme
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Wɔ Míaƒe Magazinewo Ŋudɔ Nyuie Alesi Dze
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Kpe Ðe Amesiwo Ðe Ðetsɔleme Fia la Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Na Magazinewo le Wò Subɔsubɔdɔa Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2005
  • Tia Nyati Siwo Amewo Adi Koŋ
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
km 10/93 axa 8

Míaƒe Magazinewo Zazã tso Aƒeme yi Aƒeme

1 Wogblɔ nusitae wotaa Nyɔ! ɖo eme kɔ nyuie le tata ɖesiaɖe ƒe axa 4 lia be: “Magazine sia dea dzi ƒo be woaka ɖe Wɔla la ƒe ŋugbedodo be yeahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ ƒe xexeme yeye vɛ hafi dzidzime si kpɔ ƒe 1914 me nudzɔdzɔwo teƒe nu nayi la dzi.” Ðikekemanɔmee la, ele be míamã magazine si le alea la alesi míate ŋui le míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔa me!

2 Nyɔ! nye dɔwɔnu nyui aɖe si akpe ɖe mía ŋu be míanyɔ amesiwo gbɔgbɔmenuwo madzɔ dzi na o la ƒe ɖetsɔleme. Ne èle tata ɖesiaɖe xlẽm la, di nyati siwo asɔ si nàgblɔ na amewo. Gbeƒãɖela aɖewo dea dzesi nya veviwo ɖe woawo ŋutɔ tɔ me, eye wodzroa dzesidenya siawo me be nya veviwo natsi susu me na yewo ne yewoagblɔ na aƒemenɔlawo.

3 Míate ŋu aɖoe be míaƒo nu tso nya aɖe si ku ɖe nyati si le magazine si zãm míele me ŋu tẽ atsɔ adze dzeɖoɖoa gɔmee.

Le wò dzeɖoɖo le yiyi zi gbãtɔa nuwuwu me gɔ̃ hã la, àte ŋu ana wòadzro aƒemenɔlaa be yeawɔ nudɔdɔ, ɖewohĩ ne ègblɔ be:

◼ “Nyɔ! sia me nyati ɖe nya la me tsitotsito wu.” Ke xlẽ nyagbe ɖeka alo eve, eye nàyi edzi be: “Abe alesi nàkpɔe ene la, nyati sia ka wò. Meka ɖe edzi be àdi be yeaxlẽ nyati sia kple bubu siwo sɔ ɖe míaƒe ɣeyiɣia nu le Nyɔ! sia me. Ne enyo na wò nenema la, adzɔ dzi nam be madɔ wo kple magazine si nye eƒe zɔhɛ si nye Gbetakpɔxɔ na wò.” Ne aƒemenɔlaa melɔ̃ dɔe o la, àte ŋu ana magazineawo dometɔ aɖewoe eye nàwɔ ɖoɖo kplii agatrɔ ayi. Kpɔ egbɔ be nàgatrɔ yi abe alesi mieɖoe ene.

4 Ne edze kɔte le aƒemenɔlaa ƒe nuƒo me be gbɔgbɔmenuwo dzɔa dzi nɛ la, míate ŋu axlẽ ŋɔŋlɔ aɖe, abe Timoteo II, 3:1-5 ene, si ƒo nu tso ŋkeke mamleawo ŋu nɛ. Le ema megbe la, míate ŋu axlẽ Gbetakpɔxɔ yeye si le mía si la ƒe axa 2 lia tso afisi dze egɔme be: “Tameɖoɖo si le Gbetakpɔxɔ ŋu enye be . . . ” dzi atsɔ anyɔ eƒe ɖetsɔlemee. Emegbe tsɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! yeye siwo li la nɛ.

5 Le anyigbamamã siwo me wòdze abe ɖe subɔsubɔha aɖewo koŋ ƒe nu dzɔa dzi na amewo le la, le esi nàna magazineawo teƒe la, àte ŋu agblɔ be:

◼ “Le miaƒe nuto sia me, míedo go amesiwo ƒe subɔsubɔha to vovo sãa na mía tɔ. Ameƒomea di Mawu to mɔ vovovo geɖe dzi. [Xlẽ Dɔwɔwɔwo 17:26, 27.] Ðe nèsusu be esɔ be amewo nanɔ wo dzilawo ƒe subɔsubɔha me ko le esi woawo ŋutɔ nadi Mawu teƒea? [Na wòaɖo eŋu.] Esiae nye nya vevi si wogblɔ le agbalẽ sia si nye Mankind Search for God me. [Ƒo nu tso nya si le axa 8 ƒe memamã 12 lia me ŋu.] Nusɔsrɔ̃ tso subɔsubɔha bubuwo ŋu nye nusi kɔa nu me na ame eye wòfiaa nu geɖe hã ame. Agbalẽ sia ɖe xexemesubɔsubɔha gãtɔwo ƒe dzɔtsoƒe, woƒe nuwɔnawo kple woƒe nufiafiawo me.” Fia ta siwo woɖo ɖe agbalẽa me kple nutata ɖeka alo eve aƒemenɔlaa le ɣeyiɣi si le esi nu.

6 Le míaƒe aƒeme yi aƒeme dɔa wɔwɔ me la, mina míaɖo ŋku edzi be dɔwɔnu siwo nye nyuitɔwo kekeake le xexeame katã si akpe ɖe amewo ŋu be woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me la le mía si; woawoe nye Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! Mina míadze agbagba ana be magazineawo nadzro aƒemenɔlawo eye míatsɔ wo na wo le mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe