INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 1/94 axa 2
  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Subɔsubɔkpekpewo Hena January
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Tanya Suewo
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 3
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 10
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 17
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 24
  • Kwasiɖa si Dze Egɔme January 31
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 1/94 axa 2

Subɔsubɔkpekpewo Hena January

MIDE DZESII: Míawɔ ɖoɖo ɖe January ƒe kwasiɖa ɖesiaɖe ƒe Subɔsubɔ Kpekpe ŋu le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me. Hame siwo awɔ woƒe nutome gã takpekpe le January me la nawɔ ɖoɖo be woatsɔ aɖabaƒoƒo 30 adzro takpekpenuƒoawo me le Subɔsubɔ Kpekpe aɖe me. Mikpɔ eŋuti numeɖeɖewo le December Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe axa 2.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 3

Hadzidzi 101

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. Ƒo nu tso magazine yeye me nyati vevi siwo adzɔ dzi na amewo le miaƒe anyigbamamã me la ŋu.

20 min: “Kpekpewo Yiyi—Míaƒe Agbanɔamedzi Vevie Wònye.” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe numedzodzro. Le memamã 2 lia me la, bia nya gbeƒãɖela siwo te ŋu ɖu kuxiwo dzi be wote ŋu dea kpekpewo edziedzi la.

20 min: “Kpekpe Ðe Amewo Ŋu be Woanya Asixɔxɔ si Le Míaƒe Agbalẽwo Ŋu.” Dzro eme kple hamea. Wɔ wɔwɔfia kpuiwo ne miedzro memamã 3 kple 4 lia me vɔ. Na gbeƒãɖelawo nanya axa 192-gbalẽ siwo le hamea si. Ne agbalẽ xoxowo mele hamea si o la, ekema nàwɔ alesi míate ŋu awɔ agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ŋudɔe la fia ne miedzro memamã 5 lia me vɔ.

Hadzidzi 116 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 10

Hadzidzi 147

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me Gbeƒãɖeɖe siwo sɔ.

15 min: Èle Klalo be Nàdze Ŋgɔ Atikewɔwɔ me Nya Sesẽ si Ado Wò Xɔse Kpɔa? Nuƒo ʋãme si hamemegã bibi naƒo, netia nya veviwo tso January 1991 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ (Volume 34, No. 1 emedegbalẽvi) memamã 1-3 me wòatsɔ akpe ɖe nɔviwo ŋu be woakpɔ alesi “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia kpɔa ame tae la ƒe vevienyenye adze sii. Na woamã agbalẽvi yeyea na gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo ko, emegbe nàdzro Habɔbɔa ƒe lɛta si woŋlɔ le November 2, 1991 dzi na hamewo katã le alesi woakpe agbalẽvia ɖo la me. Ðo aɖaŋu na nɔviwo be WOAGAKPE agbalẽviawo ɖo le kpekpe ma me O, ke boŋ woatsɔe ayi aƒeme eye woabu woƒe nuhiahiãwo ŋu le gbedodoɖa me hafi akpee ɖo. Gake MIGADE ASI ETE ɣemaɣi O. Mitsɔ agbalẽvi si miekpe ɖo la va Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ si kplɔe ɖo me be hamemegãwo nakpɔ egbɔ be wokpe agbalẽviawo ɖo, ɖasefo le eŋu, eye woŋlɔ ɣletiŋkekea ɖe edzi. Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla nanɔ te ɖe hamea ƒe nuŋlɔɖi yeyetɔ dzi akpɔ egbɔ be yeƒe ƒuƒoƒoa me tɔwo katã xɔe. (Miate ŋu akpe ɖe dzila xɔnyɔnyrɔ̃wo ŋu be woakpe Dzesidegbalẽviwo ɖo na wo viwo.) Nusɔsrɔ̃ dzikpɔlawo alo hamemegãwo ate ŋu akpe ɖe amesi mete ŋu va Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe ma o la ŋu le Subɔsubɔ Kpekpe si kplɔe ɖo me vaseɖe esime gbeƒãɖela xɔnyɔnyrɔ̃wo katã kpe woƒe agbalẽviwo ɖo nyuie hede asi wo te.

20 min: “Tɔtrɔ Yi be Míatu Woƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðo.” Numedzodzro kple nyaselawo. Ne gbeƒãɖelawo le agbalẽ xoxowo nam la, wɔ alesi woate ŋu atrɔ ayi amesiwo xɔ agbalẽ mawo dometɔ ɖeka gbɔ la ƒe wɔwɔfia. Alo nàwɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le memamã 5 lia me la ŋudɔ atsɔ awɔ tɔtrɔ yi amesi xɔ agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee gbɔ la ƒe wɔwɔfia.

Hadzidzi 154 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 17

Hadzidzi 167

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo kple gakɔntabubu. Gblɔ nudzɔdzɔwo ŋuti akpedanyawo kpe ɖe eŋu. Kafu gbeƒãɖelawo le woƒe gakpekpeɖeŋu nana Habɔbɔa kple hamea ta. Ðo ŋku edzi na amesiwo mekpe woƒe “Advance Medical Directive/Release” ƒe agbalẽvia ɖo haɖe o la be woate ɖe Hame ƒe Agbalẽ me Nusɔsrɔ̃ dzikpɔla alo hamemegã bubuwo ŋu be woakpe agbalẽvia ɖo fiẽ ma.

20 min: “Dɔwɔwɔ le Anyigbamamã si Wokpena Ðo Edziedzi Me.” Subɔsubɔdɔdzikpɔla natsɔ nyabiabia kple ŋuɖoɖo adzro emee. Le hame siwo kpea woƒe anyigbamamã ɖo edziedzi me la, wɔ ŋgɔdonya siwo ŋu woƒo nu tsoe le Reasoning-gbalẽa ƒe memamã 4 kple 5 lia me kpakple ŋgɔdonya bubu si sɔ le memamã 6 kple 7 lia me alo ŋgɔdonya si miedzra ɖo etɔxɛ na miaƒe anyigbamamã la ƒe wɔwɔfia. Mizã ŋgɔdonya nyui bubu siwo le Reasoning-gbalẽa me la tsɔ wɔ wɔwɔfiawo le hame siwo mekpea woƒe anyigbamamã ɖo edziedzi o la me. Ele be miato wɔwɔfiawo me nyuie.

15 min: Etsɔ Me Kae Le Anyigba la Si? Wotui ɖe Reasoning-gbalẽa ƒe axa 112-17 dzi. (5 min.) Anye nuƒo si akpe tanya sue siwo dze egɔme tso axa 112 kple 113 dzi la me nyati veviwo ɖo vaseɖe axa 114 ƒe memamã. (7 min.) Gbeƒãɖela yeye kple gbeƒãɖela bibi si kpɔ nuteƒe la dzro nya siwo le axa 114-16 me. Gbeƒãɖela yeyea ƒe ƒometɔ siwo nye xexemetɔwo ʋli nya be Biblia gblɔ be woatsrɔ̃ anyigba la. Gbeƒãɖela yeyea bia gbeƒãɖela bibia be wòakpe ɖe ye ŋu yease mawunyakpukpui siwo ƒo nu tso anyigba ŋu la gɔme. (3 min.) Ne èle eta ƒom la, dzro biabia si gblɔ be “Amekawo tɔgbe Mawu ana agbe mavɔe le anyigba dzi?” si le axa 117 la me. De dzi ƒo na amesiame be wòaʋli sesĩe be wòadze na mɔnukpɔkpɔ nyui ma.

Hadzidzi 176 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 24

Hadzidzi 178

10 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na amesiame be wòade gbeadzi le kwasiɖa sia me. Ðe gbeƒã hamea ƒe gbeadziyiɖoɖowo. Wɔ alesi miana magazine yeyewoe la fia.

10 min: Nyabiaɖaka. Nuƒo si ƒe akpa aɖewo me nyaselawo akpɔ gome le. Na amesiame nase nusita wòle be woakpɔ nyawo gbɔ abe alesi wòdze le memamã etɔ̃ gbãtɔawo mee ene la gɔme. Ne èle aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm la, kpɔ egbɔ be yelé ŋku ɖe anyigbamamãgbalẽkotokua ŋu, eye yede dzesi aƒe siwo me womedi be míava o la.

10 min: “Nutome Sue Takpekpe ƒe Ðoɖowɔɖi Yeye.” Numedzodzro kple nyaselawo. De dzi ƒo na amesiame be wòawɔ nusianu si wòate ŋui be wòayi nutome sue takpekpe si gbɔna.

15 min: Hamea ƒe Gbeadzisubɔsubɔdɔ. Subɔsubɔdɔdzikpɔla kple hamemegã bubu nadzro hamea ƒe ɣleti ene siwo va yi ƒe dɔwɔna me. Subɔsubɔƒea ƒe akpa etɔ̃liawo dometɔ ɖeka va yi xoxo (September-December). Aleke hamea ƒe dɔwo le yiyimee? Kafu hamea nyuie tso dzi me le nusiwo me wole agbagba dzem le ŋu. Ƒo nu tso nusiwo me wòle be hamea nawɔ ŋgɔyiyi le la hã ŋu, eye nàɖo aɖaŋu nyui wɔdɔwo. Gblɔ gbeadzinuteƒekpɔkpɔ dedziƒoname kpui ɖeka alo eve tso subɔsubɔƒea ƒe ɣleti gbãtɔ eneawo me hã. Tsɔ nya tuameɖo aɖe tsɔ ƒo etae. Yesu ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ na wòkpɔ dzidzɔ. Míawo hã míakpɔ dzidzɔ geɖe ne míaƒe ŋku biã ɖe dɔ si Yehowa de asi na mí la ŋu.—Yoh. 4:34; Kor. I, 15:58.

Hadzidzi 179 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

Kwasiɖa si Dze Egɔme January 31

Hadzidzi 186

5 min: Miaƒe gbeƒãɖeɖewo. De dzi ƒo na amewo katã be woadze gbeadzisubɔsubɔdɔa gɔme kaba le ɣleti si gbɔna me to alesi woade gbeadzi le kwasiɖanuwuwu sia me. Àte ŋu aɖo aɖaŋu nyuiwo le magazine yeyewo nana ŋu.

10 min: Mina Ate Ŋu Anɔ Agbe Tegbee le Paradiso me le Anyigba Dzi tso Aƒeme yi Aƒeme. Dzonɔameme ƒe nuƒo kpui si aɖe agbalẽa ƒe asixɔxɔ si ŋu kakaɖedzi le le kpekpe ɖe amewo ŋu me be woanya Yehowa ahasubɔe la me afia. Wɔ alesi gbeƒãɖela ate ŋu awɔ aɖaŋuɖoɖo siwo le Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ sia me ŋudɔ atsɔ adzra ɖo ɖe agbalẽ sia zazã le gbeadzi ŋui la ƒe wɔwɔfia.

20 min: Nukae Gblẽ le Atike Vɔ̃ɖiwo Zazã Ŋu? Sɔhɛ gbeƒãɖela eve dzro alesi atike vɔ̃ɖiwo zazã va xɔ aƒe ɖe sukuwo mee la me kple hamemegã aɖe. Hamemegã la ɖee fia be womeyɔ atikeawo ŋkɔ ɖe Biblia me tẽ ya o gake woate ŋu akpɔ atikewo zazã ŋuti mɔfiame nyuiwo le Reasoning-gbalẽa ƒe axa 106-12. Sɔhɛawo ŋutɔ gblɔ mɔ vovovo siwo dzi woato anɔ te ɖe zɔhɛwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu.

10 min: Miaƒe nuhiahiãwo. Alo hamemegã ƒe nuƒo le nyati si nye “Nukpɔsusu Nyuitɔ Nenɔ Asiwò ɖe Mawu ƒe Nublanuikpɔkpɔ Ŋu” si tso Gbetakpɔxɔ, October 1, 1993 axa 22-5 me la ŋuti.

Hadzidzi 188 kple gbedodoɖa hena kpakpã.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe