INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/94 axa 3
  • Gbeƒãɖeɖewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Gbeƒãɖeɖewo
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 3/94 axa 3

Gbeƒãɖeɖewo

◼ March ƒe agbalẽnunana: Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ! April kple May: Miwɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! ƒe nudɔdɔwo. June: Life—How Did It Get Here? By Evolution or by Creation? MIDE DZESII: Hame siwo agbalẽ siwo míana siwo míeyɔ hiã la nadɔ wo le woƒe Nudɔgbalẽvi (S-14) si woagaɖo ɖa la dzi.

◼ Hamea me tɔ ɖesiaɖe naɖo eƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nudɔdɔ yeyewo kple nudɔdɔ siwo vɔ gbugbɔgadɔ ɖa to hamea dzi, woawo ŋutɔ ƒe nudɔdɔwo hã le eme.

◼ Dzikpɔla zimenɔla alo ame aɖe si wòtia la nato hamea ƒe gakɔntawo me le March 1 dzi alo le ema megbe teti. Miɖe gbeƒãe na hamea ne mieto eme vɔ.

◼ Tso May 9, 1994 va ɖo September 26, 1994 dzi la, agbalẽ si míasrɔ̃ le Hamea ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒee nye Happiness—How to Find It.

◼ Míaɖu Ŋkuɖodzia le March 26 lia dzi le ɣeɖoto megbe. Ele be miadzra ɖo nyuie ɖe Yesu ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia ɖuɖu ŋu.

◼ Hamea ƒe agbalẽŋlɔla nakpɔ egbɔ be yeɖo Ŋkuɖodzia ɖuɖu ƒe akɔntabubu ɖa, ne etsi megbee nye le Dzoɖa, March 28 lia dzi.

◼ Míele ŋku ɖom edzi na amesiame be wòaxlẽ Ŋkuɖodzi ƒe Biblia xexlẽa abe alesi wòdze le Ŋɔŋlɔawo me Dzodzro Gbesiagbe ƒe agbalẽvia me ene.

◼ Woaƒo Ŋkuɖodzia ɖuɣi ƒe nuƒo tɔxɛa le hame akpa gãtɔ me le April 10 lia dzi. Nuƒoa ƒe tanyae nye “Subɔsubɔha Vavãtɔ Kpɔa Ameƒomea ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ.” Midze agbagba etɔxɛ be miakpe amesiwo katã va Ŋkuɖodzia ɖuƒe le March 26 lia dzi be woava se nuƒoa.

◼ Agbalẽ Yeye si Li: Eŋlisigbe: Jehovah’s Witnesses—Proclaimers of God’s Kingdom.

◼ Amewo ƒe agbɔsɔsɔ gãtɔ si nye 117,116 ye de “Mawu ƒe Nufiafia” Nutome Gã Takpekpeawo le dukɔa me, eye ame 2,089 ye xɔ nyɔnyrɔ̃.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe