INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/94 axa 2
  • Na Young People Ask ƒe Agbalẽa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Na Young People Ask ƒe Agbalẽa
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔwɔnu Si Akpe Ðe Sɔhɛwo Ŋu Woaɖo Ŋku Wo Wɔla Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Sɔhɛwo—Mido Dzidzɔ na Yehowa ƒe Dzi
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1993
  • Mawu Ƒe Nya Naa Mɔfiafia
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1996
  • Kpekpeɖeŋu si Woana Egbe Sɔhɛwo
    Nyɔ!—2005
Kpɔ Bubuwo
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 3/94 axa 2

Na Young People Ask ƒe Agbalẽa

1 Togbɔ be Nyaɖeɖefia Taƒoƒo ƒe agbalẽa nam míele le ɣleti sia me hã la, àte ŋu ana Young People Ask ƒe agbalẽa ne èƒo nu na dzila alo sɔhɛ aɖe si tsi dzi ɖe kuxi siwo le fu ɖem na sɔhɛwo ŋu.

2 Àkpɔe be asɔ be yeagblɔ nya sia tɔgbe:

◼ “Tsitsi le ɣeyiɣi sia siwo me xaxawo bɔ ɖo me mele bɔbɔe o. Sɔhɛwo dzea ŋgɔ nɔnɔme yeye siwo ŋu wòhiãna be woawɔ nyametsotso veviwo le. ‘Ðe wònyo be mano aha sesẽa? Esɔ be mano atike vɔ̃ɖiwoa? Nukae nye agbenɔnɔ si sɔ le ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome?’ Ne sɔhɛwo bia nu le nya vevi siawo ŋu la, woxɔa ŋuɖoɖo gbogbo aɖe siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Afikae nèsusu be wo dometɔ geɖe dia aɖaŋuɖoɖo tsoe? [Na wòaɖo eŋu.] Agbalẽ sia si nye Questions Young People Ask—Answers That Work gblɔ nya geɖe siwo kpena ɖe ame ŋu. [He eƒe susu yi afisi woɖo emenyawo ɖo, eye nàfia nyati vovovo siwo ŋu wòƒo nu le lae.] Sɔhɛwo hiã ŋuɖoɖo siwo le tẽ eye wonye nyateƒe. Nusi Biblia gblɔ dzie wotu nya siwo le agbalẽ sia me la ɖo.”

3 Egbɔgblɔmɔnu bubu si nàte ŋu azãe nye si:

◼ “Kuxi geɖewo dze ŋgɔ sɔhɛwo egbea. Wohiã kpekpeɖeŋu be woakpɔ wo gbɔ wòadze edzi. Ne míele agbagba dzem be míakpe ɖe wo ŋu la, ɖe míedia nane si ana mɔfiafia si wɔa dɔ ŋutɔŋutɔ la wo oa? [Na wòaɖo eŋu.] Nyaƒoɖeamenu sesẽtɔwo ƒe ɖewo tsoa sɔhɛ bubu siwo nye wo hatiwo gbɔ. Kpɔ foto si le agbalẽ sia ƒe axa 76 kple 77 ɖa. [He eƒe susu yi numeɖeɖe siwo kpe ɖe fotoawo ŋu kple memamã siwo woŋlɔ gbeteteɖedzitɔe le axa 77 la dzi.] Axa siwo kplɔe ɖo le ta sia me gblɔ ŋuɖoɖo siwo nye nyateƒe eye wowɔa dɔ.”

4 Míaƒe ɣeyiɣiawo ‘vɔ̃ɖi eye wo me toto sesẽ’ nyateƒe, vevietɔ na sɔhɛwo. (Tim. II, 3:1) Young People Ask ƒe agbalẽa ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woadze ŋgɔ egbegbekuxiwo dzidzedzetɔe. Foto nyui geɖe le ta 39 siwo le eme la me eye emenyawo nye nyateƒe eye wowɔa dɔ. Eyata nɔ ŋudzɔ nàna agbalẽ nyui sia ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe