INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 3/94 axa 3
  • Nyabiaɖaka

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiaɖaka
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
km 3/94 axa 3

Nyabiaɖaka

◼ Ne ame aɖe ɖe srɔ̃ le dekɔnu nu la, ɖe wòadze anye gbeƒãɖela ne mede eƒe srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me le dziɖuɖu gbɔ oa?

Gbã la, míagblɔ be enye Kaisaro ƒe nudidi be woade srɔ̃ ɖesiaɖe si woaɖe le dekɔnu nu le dukɔ sia me agbalẽ me le srɔ̃ɖeɖea ƒe dzinu etɔ̃ gbãtɔawo me. Le ɖekawɔwɔ me kple Romatɔwo 13:1, 2 la, ele be Kristotɔ vavãtɔwo nawɔ ɖe edzi.

Woabu amesi ɖe srɔ̃ le dekɔnu nu bliboe be eƒe srɔ̃ɖeɖe sɔ abe alesi wodii ene. Esia tae July 1992 Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ ƒe nyati si nye “Nukatae Nàde Wò Srɔ̃ɖeɖe Agbalẽ Me?” gblɔ nya si gbɔna ɖo be: “Ne srɔ̃tɔwo de woƒe srɔ̃ɖeɖe agbalẽ me alo womedee o, ele be woaɖe mɔ na wo be woakpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ahabu akɔnta. Ne wodze la, womagbe nyɔnyrɔ̃ nana wo o.” (Kpɔ axa 2, memamã 6.) Eyata amesi ɖe srɔ̃ le dekɔnu nu bliboe eye wòle agbe dzadzɛ nɔm la dze be wòaɖe gbeƒã eye wòabu akɔnta, eye ne egawɔ ŋgɔyiyi la, adze na nyɔnyrɔ̃xɔxɔ.

Gake egali kokoko be amesiwo ɖe srɔ̃ le dekɔnu nu bliboe gake womedee agbalẽ me o la madze na mɔɖeɖedɔa ƒe akpa aɖeke wɔwɔ o, womade dɔ aɖeke asi na wo le Subɔsubɔ Kpekpea me hã o elabena wobu nusiawo be wonye subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ bubu siwo woganaa ame. Gake woate ŋu awɔ dɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me eye woaɖo nya ŋu le kpekpeawo me ya.

Ne menye le susu nyui aɖeke tae amea gbe srɔ̃ si wòɖe le dekɔnu nu dede agbalẽ me o la, woaxɔ hamemegã alo subɔsubɔdɔwɔla nyenye alo mɔɖeɖedɔa le esi. Míele dzi dem ƒo na amesiame be wòalé ŋku ɖe mɔfiafia siawo ŋu nyuie bene ‘míawɔ ɖeka le tame ɖeka kple susu ɖeka me.’—Kor. I, 1:10; 14:40.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe